INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 3/14 axa 12-13
  • Ènya Nu Si Nana Nèfaa Aɖatsia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ènya Nu Si Nana Nèfaa Aɖatsia?
  • Nyɔ!—2014
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Siwo Míate ŋu Asrɔ̃ Tso Yesu Ƒe Aɖatsiwo Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Yehowa Ðoa Ŋku Aɖatsi Siwo Katã Nèfana Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • “Kpɔ Ða! Mele Nuwo Katã Wɔm Yeyee”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Menye Futɔ Vɔ̃ɖi Ko Wònye O
    Nyɔ!—1994
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2014
g 3/14 axa 12-13
Ŋutsu aɖe le avi fam

Ènya Nu Si Nana Nèfaa Aɖatsia?

ÐE WODZI mí kple avifafa. Agbalẽnyala aɖe gblɔ be abe ale si ko vi nɔdɔmewo kpɔa woƒe nuhiahiãwo to “ƒoƒolika” dzi ene la, vidzĩwo faa avi be woakpɔ yewoƒe ŋutilã me kple seselelãme nuhiahiãwo gbɔ na yewo. Gake nu ka tae ne míele tsitsim la míegafaa avi evɔ míate ŋu ato mɔ bubuwo dzi aɖe míaƒe seselelãmewo agblɔ hafi?

Susu geɖewo tae aɖatsi yɔa míaƒe ŋkuwo dzi ɖo. Míetea ŋu faa avi ne míele nu xam, ne míetɔtɔ alo ne míele ŋutilã me alo susu me kuxi aɖe me tom. Gake dzidzɔkpɔkpɔ, gbɔdzɔe kple dzidzedze kpɔkpɔ hã ate ŋu ana míafa avi. Esiae woyɔna be dzidzɔvi. Ame aɖe ƒe avifafa ate ŋu ana ame bubuwo hã nawó avi. Nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye María gblɔ be: “Ne mekpɔ ame aɖe wòle aɖatsi fam la, eɖanye nu kae le ewɔm o, nye hã mefaa avi.” Ðewohĩ film me nudzɔdzɔ alo agbalẽmeŋutinya aɖe na nèfa avi kpɔ.

Ŋutsu aɖe le avi fam

Eɖanye nu ka kee naa ame faa avi o, avifafa nye nyagblɔmɔnu sẽŋu aɖe. Agbalẽ aɖe (Adult Crying) gblɔ be “enye mɔ ʋɛ siwo dzi míetona gblɔa nya geɖe le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me la dometɔ ɖeka.” Avifafa wɔa dɔ ɖe ame dzi. Le kpɔɖeŋu me, esesẽna na mía dometɔ geɖe be míaŋe aɖaba aƒu edzi ne míekpɔ ame aɖe wòle avi fam nublanuitɔe elabena esia nana míekpɔnɛ be amea le nɔnɔme sesẽ aɖe me tom. Eya ta míedzea agbagba be míafa akɔ nɛ alo akpe ɖe eŋu.

Numekula aɖewo xɔe se be avifafa nye mɔ nyui aɖe si dzi míetona ɖea míaƒe seselelãmewo ɖe go, eya ta ne míezia mía ɖokuiwo dzi be míafa avi o la ate ŋu agblẽ nu le míaƒe lãmesẽ ŋu. Ame bubuwo ya gblɔ be kpeɖodzi aɖeke meli be avifafa ɖea vi na ame le ŋutilã me kple seselelãme gome o. Ke hã le gbebiame aɖe me la, nyɔnu 85 le alafa me kple ŋutsu 73 le alafa me gblɔ be yewoƒe dzi dze eme esi yewofa avi vɔ megbe. Nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Noemí gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la mefaa avi. Eyome megbɔna fuu, esia wɔnɛ be metea ŋu bua nuwo ŋu nyuie hesea wo gɔme nyuie wu tsã.”

Le gbebiame aɖe me la, nyɔnu 85 le alafa me kple ŋutsu 73 le alafa me gblɔ be yewoƒe dzi dze eme esi yewofa avi vɔ megbe

Menye avifafa koe nana wokpɔa gbɔdzɔe sia o. Ale si amewo wɔa nu ɖe mía ŋu ne míele avi fam hã wɔa akpa vevi aɖe. Le kpɔɖeŋu me, ne míele avi fam eye wofa akɔ na mí alo kpe ɖe mía ŋu la, míaƒe dzi dzea eme. Gake ne womede nu eme na mí o la, ŋu kpea mí alo míesena le mía ɖokui me be wometsɔ ɖeke le eme na mí o.

Gake ale si wòdzɔnae be míefaa avi la mekpɔ le nyanya o. Nu si míenya koe nye be avifafa nye mɔ wɔnuku siwo dzi míetona ɖea míaƒe seselelãmewo fiana, siwo Mawu na mí la dometɔ ɖeka.

ÈNYAA?

Ne vidzĩ ŋɛŋɛwo le afi fam la, aɖatsi medona o elabena tsi ƒomevi aɖe sɔ gbɔ ɖe ŋku dzi na wo si kpɔa woƒe ŋkuwo ta. Gake le kwasiɖa geɖe megbe ne woƒe aɖatsitoe tsi nyuie hafi aɖatsi dona ne wofa avi.

Aɖatsi Ƒomevi Etɔ̃ Siwo Li

  • Gbãtɔe nye aɖatsi ƒomevi si aɖatsigoe wɔna si kpɔa míaƒe ŋkuwo ta eye wònana wo dzi meƒuna o. Enana hã be míekpɔa nu nyuie. Ne míeƒo aɖaba la, aɖatsi sia kakana ɖe ŋkua dzi.

  • Eveliae nye aɖatsi ƒomevi si lólona ɖe míaƒe ŋku dzi ne nane ge ɖe ŋkua dzi. Nu bubu siwo hã nana aɖatsi sia lólona ɖe ŋkua dzie nye xixaxixa kple nukoko.

  • Etɔ̃liae nye aɖatsi ƒomevi si míefana ne nane wɔ dɔ ɖe mía dzi vevie. Nunyiame si nɔa aɖatsi sia me la sɔa gbɔ alafa me mama 24 wu esi nɔa aɖatsi ƒomevi evelia me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe