INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 4/14 axa 9
  • Elabena Mɔkpɔkpɔ Li

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Elabena Mɔkpɔkpɔ Li
  • Nyɔ!—2014
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nyɔnuvi aɖe le ŋugble dem le ale si nu miemiewo tsinae ŋu Aleke Nuwo Ava Nɔ Le Etsɔme?
    Aleke Nuwo Ava Nɔ Le Etsɔme?
  • Biblia Nana Míekpɔa Mɔ Na Etsɔme Nyui Aɖe
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Biblia Nana Míekpɔa Mɔ Na Etsɔme Nyui Aɖe
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Ƒe Gɔmedzegbalẽ
  • Afikae Nàte Ŋu Akpɔ Mɔkpɔkpɔ Ŋutɔŋutɔ Le?
    Nyɔ!—2004
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2014
g 4/14 axa 9
Ŋutsu aɖe si xɔ Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi se vevie

NYATI SI LE AKPAA DZI | NU KA TAE MAGANƆ AGBE ÐO?

3 Elabena Mɔkpɔkpɔ Li

“Ke ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.”—PSALMO 37:11.

Biblia gblɔ be amegbetɔwo ƒe agbe me yɔ fũu kple “fuɖeɖe” sɔŋ. (Hiob 14:1) Egbea nya vɔ̃wo dzɔna ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe dzi. Esia nana be mɔkpɔkpɔ buna ɖe ame aɖewo keŋkeŋ abe ɖe etsɔme nyui aɖeke megali na wo o ene. Aleae nèsena le ɖokuiwò mea? Ne nenemae la, ke ka ɖe edzi be mɔkpɔkpɔ vavã aɖe le Biblia me na wò kple ameƒome bliboa siaa. Le kpɔɖeŋu me:

  • Biblia fia nu be Yehowa ɖo tame nyui aɖe ɖe mía ŋu.​—1 Mose 1:28.

  • Yehowa do ŋugbe be yeana míaƒe anyigba nazu paradiso.​—Yesaya 65:21-25.

  • Ŋugbedodo ma ava eme godoo. Nyaɖeɖefia 21:3, 4 gblɔ be:

    “Mawu ƒe agbadɔ la le amegbetɔwo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye woanye eƒe dukɔwo. Eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo. Eye wòatutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevesese hã maganɔ anyi o. Nu siwo nɔ anyi tsã la nu va yi.”

Menye drɔ̃e dzro aɖe ko mɔkpɔkpɔ sia nye o. Yehowa Mawu ɖoe kplikpaa be yeana esia nava eme, eye ŋusẽ le esi wòate ŋu awɔ esia eye edi hã be yeawɔe. Kakaɖedzi le mɔkpɔkpɔ si le Biblia me la ŋu. Eye àte ŋu akpɔ biabia si nye, “Nu ka tae maganɔ agbe ɖo?” ƒe ŋuɖoɖo fakɔnamewo le eme.

ÐO ŊKU NYA SIA DZI: Togbɔ be wò seselelãmewo ate ŋu anyama wò abe ale si ƒu dzeagbo nyamaa tɔdziʋu ene hã la, mɔkpɔkpɔgbedeasi si le Biblia me la le abe seke si ana nàli ke sesĩe ene.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ EGBEA: Dze agbagba nàsrɔ̃ nu tso etsɔmemɔkpɔkpɔ vavã si ŋu Biblia ƒo nu tsoe la ŋu. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe ŋuwò. Àte ŋu ate ɖe wo ŋu le miaƒe nutoa me alo àte ŋu ake ɖe nyatakaka vevi aɖewo ŋu le woƒe nyatakakadzraɖoƒe si nye jw.org.a

a Aɖaŋuɖoɖo: Ʋu jw.org, eye nàyi ɖe AGBALẼWO > INTERNET DZI AGBALẼDZRAÐOƑE. Ne èɖo afi ma la, ŋlɔ nya siwo nye “blanuiléledɔ” alo “ameɖokuiwuwu” ɖe nyadiƒea ne nàkpɔ nyatakaka geɖe.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe