NYATI SI LE AKPAA DZI
Nuteɖeamedzi—Ale Si Nànɔ Te Ðe Enu
“Mese le ɖokuinye me be dagbadagbam ko mele ɖe ya me. Zi geɖe la, mewɔa dɔ gaƒoƒo 16 gbe sia gbe eye ƒãa hafi metsia aƒe me kwasiɖanuwuwuwo. Medoa dɔmedzoe elabena zi geɖe la, vinye nyɔnuvi nɔa alɔ̃ me hafi megbɔna. Nuteɖeamedzi na metɔtɔ le ɖokuinye me.”—Kari, Finland.
MENYE Kari ɖeɖe koe le nɔnɔme sia tɔgbi me tom o. Tagbɔdɔlélawo ƒe kpekpeɖeŋunahabɔbɔ aɖe si le Britain gblɔ be dɔwɔla siwo le Britain dometɔ 1 le 5 ɖe sia ɖe me gblɔ be nuteɖeamedzi le dɔwɔƒe nana be yewodzea dɔ, eye dɔ ƒe agbogbododo ɖe ame dzi nana be wo dometɔ 1 le 4 me nɔa avi dzi hafi nɔa dɔa wɔm. Ganyawo ƒe sesẽ le ƒe si va yi nyitsɔ laa me wɔe be woŋlɔ nuteɖeamedzitikewo na ame geɖe wu tsã.
Nu kae nana nu tena ɖe dziwò?
Dediemanɔmanɔ, ate ŋu anye ganyawo ƒe dediemanɔmanɔ alo bubu aɖe
Hloloetsotso
Amewo dome masɔmasɔwo
Nu dziŋɔwo me toto
Ŋusẽ kae nuteɖeamedzi le kpɔkpɔm ɖe dziwò?
Lãmesẽkuxiwo
Seselelãmekuxiwo
Alɔ̃madɔmadɔ nyuie
Blanuiléledɔ
Masɔmasɔwo le wò kple ame bubuwo dome
Nuteɖeamedzi nana be wò lãmenu geɖewo wɔa dɔ. Lãmenu siawo tsona ɖe nu ŋu kpata. Lãmenuawo tua lãmetsi siwo nana be nègbɔna kabakaba, wò dzi ƒe ƒoƒo kple ʋu ƒe sisi tsɔna kabakaba. Ʋumenugbagbeviwo kple ʋumesukli si ŋutilã ƒo ƒu ɖi la gena ɖe ʋukawo me hã. Nu vovovo siawo dzraa wò ametia ɖo be nàte ŋu anɔ te ɖe nu si naa nu tena ɖe dziwò la nu. Ne nu si nana nu tena ɖe dziwò nu tso la, ŋutilãa gawɔa dɔ ale si dze. Gake ne enɔ anyi eteƒe didi la, ate ŋu awɔe be nàtsi dzi alo atsi mavoe ɖaa, ɖeko wòanɔ abe mɔ̃ aɖe si wodo dzo na sesĩe heɖe asi le eŋu wòtsi nenema ɖaa ene. Eya ta ele vevie be nàsrɔ̃ ale si nànɔ te ɖe nuteɖeamedzi nu be nànɔ lãmesẽ me le ŋutilã me kple susu me siaa.
Ale Si Nànɔ Te Ðe Nuteɖeamedzi Nu
Nuteɖeamedzi megblẽ le eɖokui si o. Amerikatɔwo Ƒe Tagbɔdɔdalawo Ƒe Habɔbɔ gblɔ be: “Nuteɖeamedzi le na amegbetɔwo ko abe ŋusẽ si wozãna ɖe kasaŋku ƒe ka dzi ene. Ne enu mesẽ o la, gbeɖiɖia anɔ dɔ̃ɔ, eye manya se o. Gake ne enu sẽ akpa la, gbeɖiɖia atɔ to me, eye ate ŋu ana saŋkukawo natso gɔ̃ hã. Nuteɖeamedzi ate ŋu ana agbe nati mí alo agbea navivi na mí. Eya ta nu si le vevie nye ale si míanɔ te ɖe enu.”
Gakpe ɖe eŋu la, nɔnɔme vovovowoe le amewo si eye woƒe lãmesẽnyawo hã le vovo. Eya ta nu si te ɖe ame aɖe dzi la, mate ɖe ame bubu ya dzi o. Gake ne wò gbe sia gbe dɔwo wɔe be nètsia dzimaɖi ale gbegbe be mètea ŋu ɖina ɖe eme alo kpɔa hiahiã kpata siwo doa mo ɖa ɣeaɖewoɣi la gbɔ o la, ke anɔ eme be nu te ɖe dziwò gbɔ eme.
Ame aɖewo tsɔa ahanono, atike vɔ̃ɖi zazã kple atamanono ɖoa dɔe be yewoatsɔ anɔ te ɖe nuteɖeamedzi nu. Ame bubuwo hã tsɔa nu tsu ɖuɖu, televisionkpɔkpɔ kple kɔmpiutazazã ɖoa dɔe. Nuwɔna siawo mekpɔa kuxia gbɔ o, ke boŋ ɖeko wonana wòdoa gã ɖe edzi. Ke aleke míawɔ anɔ te ɖe nuteɖeamedzi nu ale si dze?
Ame geɖewo te ŋu nɔ te ɖe agbemekuxiwo nu esi wowɔ ɖe Biblia ƒe nuxlɔ̃ame siwo ɖea vi la dzi. Ðe Biblia me nunya si amewo do kpɔ hekpɔe be eɖea vi la ate ŋu akpe ɖe ŋuwòa? Na míadzro nu ene siwo gbɔ nuteɖeamedzi tsona zi geɖe la me be nàkpɔ nyabiase sia ƒe ŋuɖoɖo.
1 DEDIEMANƆMANƆ
Mía dometɔ aɖeke mele dedie keŋkeŋ o. Abe ale si Biblia gblɔe ene la, “azãgbe kple nuɖiɖeame li na [mí] katã.” (Nyagblɔla 9:11) Aleke nàwɔ aɖe dzi ɖi ne èse le ɖokuiwò me be yemele dedie o? Te mɔnu siawo kpɔ.
Gblɔ wò dzimenyawo na wò ƒometɔ alo xɔ̃wò aɖe. Numekukuwo ɖee fia be míaƒe ame veviwo ƒe kpekpeɖeŋu kpɔa mía ta enuenu tso seselelãmekuxi siwo nuteɖeamedzi hena vɛ la si me. Nyateƒee, “xɔlɔ̃ lɔ̃a ame ɣesiaɣi, eye wòtrɔna dzɔa ame nɔvi le hiã me.”—Lododowo 17:17.
Mègana wò susu nanɔ nu dziŋɔ siwo nèsusu be woate ŋu adzɔ la ŋu ɣesiaɣi o. Ne menye nenema o la, wò lã me atu. Ðewohĩ nu siwo vɔ̃m nèle la madzɔ hã o! Esia tae Biblia gblɔ be: “Migatsi dzimaɖi gbeɖe le etsɔ si gbɔna la ŋu o, elabena etsɔ si gbɔna la kple ye ŋutɔ ƒe dzimaɖitsitsiwoe.”—Mateo 6:34.
Na gbedodoɖa nakpe ɖe ŋuwò. Biblia gblɔ le 1 Petro 5:7 be: “Miedro miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe [Mawu] dzi, elabena eléa be na mi.” Mawu naa ŋutifafa ememetɔ mí eye wònaa kakaɖedzi mí be ‘yemagblẽ’ mí ame siwo trɔna ɖe ye ŋu le nyateƒe me ɖi o. Efaa akɔ na mí hekpena ɖe mía ŋu le hiãɣi tsɔ ɖenɛ fiana be yetsɔa ɖe le eme na mí.—Hebritɔwo 13:5; Filipitɔwo 4:6, 7.
2 HLOLOETSOTSO
Gbe sia gbe ƒe hloloetsotso abe dɔmeyiyi le teƒe didi aɖe, dɔwɔwɔ, nusɔsrɔ̃, ɖeviwo alo dzila tsitsiwo gbɔ kpɔkpɔ ate ŋu ana nu nate ɖe ame dzi vevie. Evɔ la, ehiã be nàwɔ nu siawo dometɔ aɖewo ya godoo. (1 Timoteo 5:8) Nu kae nàwɔ atsɔ anɔ te ɖe nɔnɔmea nu?
Di ɣeyiɣi nàgbɔ ɖe eme nyuie. Biblia gblɔ be: “Gbɔɖeme asiʋlo ɖeka nyo wu agbagbadzedze kple dagbadagba ɖe ya me asiʋlo eve taŋ.”—Nyagblɔla 4:6.
Ðo taɖodzinu siwo gbɔ nàte ŋu aɖo, eye nànɔ agbe tsɛ. (Filipitɔwo 1:10) Ðe nu siwo nèwɔna la dzi kpɔtɔ, ɖewohĩ ahiã be nàɖe nuƒeƒle alo ɣeyiɣi agbɔsɔsɔ si nèzãna ɖe wò dɔwɔɖui ŋu dzi kpɔtɔ.—Luka 21:34, 35.
Kari, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la gbugbɔ ŋku lé ɖe eƒe agbenɔnɔ ŋu. Eŋlɔ bena: “Meva kpɔe dze sii be mele ɖokuitɔdidi ƒe agbe nɔm.” Edzra eƒe dɔwɔƒea eye wòdi dɔ si na be wòkpɔa vovo nɔa aƒe me. Egblɔ be: “Nuwo megadea mía dzi abe tsã ene ya o, gake fifia nye kple srɔ̃nye míevo tso nuteɖeamedzi siwo me míetona edziedzi la si me, eye ɣeyiɣi geɖe sua mía si míenɔa anyi ɖekae kple míaƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo. Nyemadi gbeɖe be dɔwɔɖui nagblẽ ŋutifafa ememetɔ si su asinye la me o.”
3 AMEWO DOME MASƆMASƆWO
Amewo dome masɔmasɔ, vevietɔ esiwo yia edzi le dɔwɔƒe tea ŋu nana nu tena ɖe ame dzi vevie ŋutɔ. Ne èle nɔnɔme sia me la, aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò.
Dze agbagba nàlé ɖokuiwò kpoo ne ame aɖe do dziku na wò. Mègawɔ nu nàgblẽ nyaa ɖe edzi o. Lododowo 15:1 gblɔ be: “Nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu; ke gbedaɖeamegbɔ nana dɔmedzoe flana.”
Dze agbagba nàkpɔ masɔmasɔwo gbɔ bubutɔe le wò kple ame si dome nyaa le la ɖeɖe dome, ekema àto esia dzi ade bubu amea ŋu.—Mateo 5:23-25.
Dze agbagba nàse eƒe seselelãme kple eƒe susuwo gɔme. Esia ana ‘nàgbɔ dzi blewu’ elabena esia nana míetsɔa mía ɖokuiwò ɖoa amea teƒe hesea nu gɔme nɛ. (Lododowo 19:11) Ana míanya ale si ame bubuwo bua mí hã.
Dze agbagba nàtsɔ ake. Tsɔtsɔke nye nɔnɔme nyoameŋu, eye wòganye atike nyui aɖe hã. Abe ale si ƒe 2001 ƒe numekuku aɖe ɖee fia ene la, “eɖoɖo be yematsɔ ake o” nana ame ƒe dzi tsona “kabakaba” eye eƒe ʋu sina wu “ale si dze,” evɔ tsɔtsɔke ya ɖea nuteɖeamedzi dzi kpɔtɔna.—Kolosetɔwo 3:13.
4 NU DZIŊƆWO ME TOTO
Nya vɔ̃ vovovowo dzɔ ɖe nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Nieng, si le Cambodia dzi. Le ƒe 1974 me la, bɔmb aɖe si wó le yameʋudzeƒe la wɔ nu vevii. Ƒe si kplɔe ɖo la, via eveawo, nɔa kple srɔ̃a woku. Le ƒe 2000 me la, dzo bi eƒe aƒe kple nunɔamesiwo, eye le ƒe etɔ̃ megbe la, ŋutsu bubu si wògava ɖe la hã ku. Le ɣemaɣi la, edi be yeaɖe yeƒe agbe ɖa.
“Gbɔɖeme asiʋlo ɖeka nyo wu agbagbadzedze kple dagbadagba ɖe ya me asiʋlo eve taŋ”
Gake nane kpe ɖe Nieng ŋu wònɔ te ɖe nɔnɔmea nu. Abe ale si wònɔ le Kari gome ene la, ezã ɣeyiɣi geɖe tsɔ de ŋugble tso Biblia me nyawo ŋu, eye nu siwo wòsrɔ̃ la ɖe vi nɛ ale gbegbe be eya hã zãa ɣeyiɣi geɖe tsɔ kpena ɖe amewo ŋu be viɖe mawo ke nasu woawo hã si. Eƒe ŋutinyaa na míeɖo ŋku Britaintɔwo ƒe ƒe 2008 ƒe numekuku aɖe dzi. Nu siwo ŋu woke ɖoe nye be, “nunana . . . ame bubuwo le mɔ aɖe nu nana míetea ŋu nɔa te ɖe nuteɖeamedzi nu.” Biblia hã ɖo aɖaŋu sia tso keke gbe aɖe gbe ke.—Dɔwɔwɔwo 20:35.
Mɔkpɔkpɔ le Nieng si hã be etsɔme nyui aɖe le ŋgɔ gbɔna, esime kuxi gbogbo siwo le fu ɖem na ameƒomea egbea maganɔ anyi o. Ke boŋ “ŋutifafa axɔ aƒe” ɖe anyigba blibo la katã dzi.—Psalmo 72:7, 8.
Míate ŋu ake ɖe mɔkpɔkpɔ vavã kple nunya, siwo nye nu xɔasi ŋutɔ la ŋu le Biblia me. Nu vevi siawo akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe nuteɖeamedziwo nu. Agbalẽ tɔxɛ sia le vi ɖem na ame miliɔn geɖe xoxo. Ate ŋu aɖe vi na wò hã.