INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 5/14 axa 8-9
  • Kpe Ðe Viwò Ŋu Wòazã Internet Le Mɔ Nyuitɔ Nu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpe Ðe Viwò Ŋu Wòazã Internet Le Mɔ Nyuitɔ Nu
  • Nyɔ!—2014
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • KUXIA
  • Ðeviwo Le Internet Zãm—Nu Si Dzilawo Ate Ŋu Awɔ
    Nyɔ!—2008
  • Kpekpe Ðe Sɔhɛwo Ŋu Be Woanɔ Te Ðe Kuxia Nu
    Nyɔ!—2007
  • Ðe Viwò Le Internet Zãma?
    Nyɔ!—2008
  • Ðeviwo Le Internet Zãm—Nu Siwo Wòle Be Dzilawo Nanya
    Nyɔ!—2008
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2014
g 5/14 axa 8-9
Vidada aɖe le via ŋutsu si le internet zãm kpɔm

NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | VIHEHE

Kpe Ðe Viwò Ŋu Wòazã Internet Le Mɔ Nyuitɔ Nu

KUXIA

Nyadzɔdzɔgblɔlawo ƒe nyawo na nèkpɔe be internet dzi yɔ fũu kple ameŋugblẽlawo, ame siwo blea amewo hedɔa wo gbɔ kple ame siwo fia ame ŋuti nyatakakawo. Ètsi dzi vevie, elabena viwò sɔhɛa nɔa internet dzi ɣesiaɣi. Ke hã ewɔ abe ɖe menya afɔku siwo le ezazã me o ene.

Àte ŋu afia viwòa ale si wòazã internet le mɔ nyuitɔ nu. Gake gbã la, na míakpɔ nu siwo yia edzi le internet dzi la ɖa.

NU SI WÒLE BE NÀNYA

Sɔhɛwo tea ŋu ʋua internet le asitelefonwo dzi. Aɖaŋuɖoɖo si nye be woada kɔmpiuta ɖe ŋkukpɔƒe la gakpɔtɔ ɖea vi kokoko. Gake asitelefon deŋgɔwo kple tablet siwo dzi woʋua internet le la va bɔ ale gbegbe be viwòa ate ŋu awɔ nu geɖe le internet dzi si manɔ nyanya na wò o.

Vifofo aɖe tsɔ ƒomea ƒe ʋu ƒe safui le asi dem na via ŋutsu

Togbɔ be ame aɖewo dzea ʋufɔku hã la, esia mefia be ʋukuku nye nu gbegblẽ o. Ele alea le internet-zazã hã gome. Nu si viwòa hiãe nye be wòanya ale si wòazã internet le mɔ nyuitɔ nu

Sɔhɛ aɖewo zãa ɣeyiɣi geɖe ɖe internet ŋu. Nyɔnuvi aɖe si xɔ ƒe 19 gblɔ be: “Mesia kɔmpiuta be matsɔ miniti atɔ̃ aɖewo ko axlẽ e-mail siwo mexɔ, gake kaka manyaa mezãa gaƒoƒo geɖewo tsɔ kpɔa videowo le internet dzi. Mekpɔe be ehiã be maɖu ɖokuinye dzi vevie.”

Sɔhɛ ate ŋu aʋu go nya siwo mele be wòaʋu go o. Nu gbegblẽ wɔlawo ate ŋu anɔ te ɖe nya siwo viwòa ŋlɔna kple foto siwo wòdana ɖe internet dzi la dzi anya afi si viwòa le kple afi si wòyia suku le kpakple ɣeyiɣi si me ƒomea me tɔ aɖeke menɔa aƒe me o.

Sɔhɛ aɖewo menya nu si gbegbe nu siwo woawo ŋutɔ dana ɖe internet dzi agblẽ le wo ŋu o. Nu si woda ɖe internet dzi tsia afi ma ɖikaa. Tsɔe be ame aɖe ŋlɔ ŋukpenyawo alo da foto ɖigbɔwo ɖe internet dzi eye wòva le dɔ dim le dɔtɔ aɖe gbɔ. Dɔtɔa ate ŋu ake ɖe nu mawo ŋu ne ele nu me kum tso dɔdilaa ŋu.

Togbɔ be afɔku siawo le internet-zazã me hã la, ɖo ŋku edzi be menye wò futɔe internet la nye o. Ke boŋ ezazã madzemadzee hea afɔkuwo vanɛ.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Fia viwòa be wòawɔ nu siwo le vevie wu la gbã eye wòazã eƒe ɣeyiɣiwo nyuie. Nu vevi si kpena ɖe sɔhɛ ŋu wòva zua ame tsitsi ɖɔʋu la dometɔ ɖekae nye be wòasrɔ̃ ale si wòawɔ nu ɖe ɖoɖo nu. Dzeɖoɖo kple ƒomea me tɔwo, sukudɔdeasiwo wɔwɔ kple aƒemedɔwo wɔwɔ nye nu siwo le vevie wu internet-zazã ko. Ne èkpɔe be viwòa zãa ɣeyiɣi ɖe internet ŋu fũu akpa la, ɖo ɣeyiɣi si wòazã ɖe eŋu la nɛ. Ne ehiã la, àte ŋu atrɔ asi le gaƒoɖokuia ŋu wòaɖi ne ɣeyiɣia de.​—Biblia ƒe gɔmeɖose: Filipitɔwo 1:10.

Fia viwòa be wòabu tame nyuie hafi ada nane ɖe internet dzi. Kpe ɖe viwòa ŋu wòabia nya siawo eɖokui: Ðe nya si medi be mada ɖe internet dzi agblẽ nu le ame aɖe ŋua? Ðe foto sia aƒo ɖi nye ŋkɔa? Ne dzinyelawo alo ame tsitsi bubuwo kpɔ foto alo nya siwo meda ɖi la, ɖe ŋu akpema? Aleke woabum ne wokpɔe? Ne ame bubue da nu siawo ɖi ɖe, aleke mabui?​—Biblia ƒe gɔmeɖose: Lododowo 10:23.

Fia viwòa wòalɔ̃ nu nyui wɔwɔ ke menye be wòawɔ se dzi ko o. Màte ŋu anɔ ŋku kem ɖe nu sia nu si viwòa wɔna la me ɣesiaɣi o. Gakpe ɖe eŋu la, agba si le dziwò abe dzila ene menye be nàzu adzamekpovitɔ ɖe viwòwo ŋu o, ke boŋ kpe ɖe wo ŋu woana “hehe woƒe nugɔmesese ƒe ŋutetewo to wo zazã me, bene woade vovototo nyui kple vɔ̃ dome.” (Hebritɔwo 5:14) Eya ta le esi nànɔ viwòa ƒe susu hem yi sededewo kple to si nàhe nɛ koŋ dzi teƒe la, fia ale si wòalɔ̃ nu nyui wɔwɔe boŋ. Aleke wòdi be amewo nabu ye? Ðe wòdi be amewo nabu ye ame nyui alo ame gbegblẽa? Wò taɖodzinue nye be nàkpe ɖe viwòa ŋu wòawɔ nu si sɔ, èɖale egbɔ loo alo mèle egbɔ o.​—Biblia ƒe gɔmeɖose: Lododowo 3:21.

“Ðeviwo bi ɖe mɔ̃ɖaŋunuwo zazã me. Gake nuteƒekpɔkpɔ geɖe su dzilawo ya si le agbe me”

Internet-zazã le abe ʋukuku ene; ebia nuŋububu nyui ke menye be woabi ɖe mɔ̃ɖaŋunuwo zazã me ko o. Eya ta viwòa hiã wò mɔfiame vevie. Ðeko wòle abe ale si Internet-zazã ŋuti nunyala Parry Aftab gblɔe ene be: “Ðeviwo bi ɖe mɔ̃ɖaŋunuwo zazã me. Gake nuteƒekpɔkpɔ geɖe su dzilawo ya si le agbe me.” 

MAWUNYAKPUKPUI VEVI AÐEWO

  • ‘Mikpɔ nu siwo le vevie wu la dze sii.’​—Filipitɔwo 1:10.

  • “Ale si nu vlo wɔwɔ nye fefenui na bometsila la, nenema nunya le na nugɔmesela.”​—Lododowo 10:23.

  • “Lé nunya vavã kple tamebubu me ɖe asi sesĩe.”​—Lododowo 3:21.

“Hafi nàɖe mɔ be viwò nadze internet-zazã gɔme la, kpɔ egbɔ be ele nɔnɔme nyui siwo nèle agbagba dzem be yeana wòatu ɖo la ɖem fia elabena ava dze ŋgɔ nanewo siwo abia be wòaɖe nɔnɔme siawo afia. Nɔnɔme nyui siawo dometɔ aɖewoe nye dɔmenyonyo, ɖokuidziɖuɖu, nublanuikpɔkpɔ kple amedzrowɔwɔ.”​—Letting Go With Love and Confidence, si Kenneth Ginsburg kple Susan FitzGerald ŋlɔ.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe