‘Nunya Le Ɣli Dom’—Èle Esema?
“Ðe nunya mele ɣli dom, eye gɔmesese ƒe gbe mele ɖiɖim oa? Etsi tre ɖe togbɛwo tame le mɔ to, kple mɔ dogoewo nu. Ele ɣli dom . . . le dua ƒe mɔ nu kple ʋɔtruawo nu.”—LODODOWO 8:1-3.
NUNYA nye nu xɔasi aɖe. Eya manɔmee la, movinuwo sɔŋ ko míanɔ wɔwɔm. Gake afi kae míakpɔ nunya vavã le? Mía Wɔla ƒe nunya si ƒo ɖe sia ɖe ta lae nɔ susu me na Lododowo ƒe agbalẽa ŋlɔla. Gakpe ɖe eŋu la, ame sia ame kloe ate ŋu ake ɖe Wɔlaa ƒe nunya ŋu le agbalẽ tɔxɛ si nye Biblia la me. Bu nya siwo gbɔna la ŋu kpɔ:
Numekugbalẽ aɖe gblɔ be Biblia ye “nye agbalẽ si woma wu le ŋutinya me.” Egagblɔ hã be: “Woɖe egɔme ɖe gbegbɔgblɔ geɖe me wu agbalẽ bubu ɖe sia ɖe.” (The World Book Encyclopedia) Wota Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖe ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 2,600 me, eye esia wɔe be wòle anyigbadzinɔla siwo wu 90 le alafa me la si.
‘Nunya le ɣli dom’ bobobo ŋutɔŋutɔ hã. Mateo 24:14 gblɔ be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi, be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema [xexe si li egbea ƒe] nuwuwu la ava.”
“Nya nyui” ma nye nunya vavãtɔ elabe enana míekpɔa mɔ si dzi Mawu ato akpɔ ameƒomea ƒe kuxiwo gbɔ le nunya me. Mɔ mae nye Mawu Fiaɖuƒea. Fiaɖuƒe ma nye Mawu ƒe dziɖuɖu ɖeka kolia si aɖu anyigba blibo la dzi. (Daniel 2:44; 7:13, 14) Eya tae Yesu Kristo do gbe ɖa be: “Wò fiaɖuƒe nava. Wò lɔlɔ̃nu nava eme le dziƒo, kple anyigba dzi hã.”—Mateo 6:9, 10.
Yehowa Ðasefowo bua mɔnukpɔkpɔ si su wo si woɖea gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea le dukɔ 239 me be enye bubu na yewo! Vavãe nunya, ɛ̃ mawumenunya le ‘ɣli dom’ le keke wò ‘ʋɔtruwo nu’ ke gɔ̃ hã. Èle esema?