INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 6/14 axa 3
  • Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu
  • Nyɔ!—2014
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • China
  • Xexea Me
  • Canada
  • Ireland
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Srɔ̃ɖeɖe Si Ŋu Bubu Le Le Mawu Kple Amewo Ŋku Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Na Wò Srɔ̃kpegbe ƒe Dzidzɔ Kple Bubu Nadzi Ðe Edzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
Nyɔ!—2014
g 6/14 axa 3

ŊKULÉLE ÐE XEXEA ME ŊU

China

Srɔ̃tɔ siwo gbe wo nɔewo

Srɔ̃gbelawo ƒe agbɔsɔsɔ dzi ɖe edzi 41 le alafa me le ƒe 2013 ƒe ɣleti gbãtɔ va se ɖe asiekelia me le Beijing ne wotsɔe sɔ kplɔ ƒe 2012 ƒe ɣleti mawo ke tɔ. Numekulawo xɔe se be esi woda ɖe adzɔ siwo woxɔna le ame siwo dzraa woƒe aƒewo si la dzi teƒe 20 le alafa me nyitsɔ laa tae srɔ̃gbegbe dzi ɖe edzi kpata alea. Elabena woɖea adzɔ dzi kpɔtɔna na srɔ̃tɔ siwo gbe wo nɔewo siwo le woƒe aƒe evelia dzram la ya.

Xexea Me

Nudzodzoevi ɖuɖuwo le agba me

Dukɔ Ƒoƒuawo gblɔ be woate ŋu akpɔ nu nyui makpɔɖui ƒe kuxia gbɔ ne ame geɖewo va le nudzodzoeviwo ɖum. Wobe wo ɖuɖu ade amegbetɔwo dzi elabena nunyiame geɖe le nudzodzoeviawo me. Gakpe ɖe eŋu la, nudzodzoeviawo ɖua nu siwo me nunyiame le siwo amegbetɔwo mate ŋu aɖu tẽe o. Nyatakaka aɖe si woɖe ɖe go nyitsɔ laa gblɔ be wole mɔ kpɔm be nudzodzoevi siwo woɖuna la “ɖuɖu ava xɔ ɖe lãɖuɖu teƒe.” Gake nyatakaka ma ŋlɔlawo ke gblɔ hã be “nuto aɖewo me tɔwo tsri [nudzodzoeviwo] ɖuɖu kura.”

Canada

Fugboe siwo wotsɔ de nufamɔ̃ me

Kɔdzi siwo kpɔa vidzinyawo gbɔ megava nya nu si tututu woawɔ kple fugboe siwo wotsɔ de nufamɔ̃ me da ɖi wòasɔ ahadze fiato adze gato o, elabena womenya afi si woake ɖe “fugboawo tɔwo” ŋu le o. Woka nya ta be le kɔdzi ɖeka pɛ ko la, fugboe 1,000 sɔŋ ye li evɔ “fugboeawo tɔwo ŋutɔwo ya zu dze bu ɖe ama me.”

Ireland

Mawudzimaxɔselawo ƒe srɔ̃ɖedɔwɔƒe

Va se ɖe ƒe 2013 me la, dziɖuɖu alo sɔlemeha gbɔ koe Katolikotɔ siwo le Ireland ɖea srɔ̃ le. Gake le ƒe ma me la, wova ɖe mɔ ame siwo ƒe dzixɔsee nye be amegbetɔ mehiã subɔsubɔhawo o la hã va le srɔ̃ɖeɖe dzi kpɔm. Le Reuters dɔwɔƒea ƒe nya nu la, “ame gbogbo siwo ŋlɔ ŋkɔ be yewoaɖe srɔ̃ evɔ manye le dziɖuɖu alo sɔlemehaa gbɔ o la na be dɔ va li kɔ ɖe” srɔ̃ɖedɔwɔƒe yeye sia dzi.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe