INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 6/14 axa 14-15
  • Ale Si Miawɔ Azã Ga Nyuie

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ale Si Miawɔ Azã Ga Nyuie
  • Nyɔ!—2014
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • KUXIA
  • Gazazã Nyuie
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Gazazã Nyuie
    Dzidzɔ Ate Ŋu Anɔ Wò Ƒomea Me
  • Susu Nyui Si Wòle Be Wòanɔ Ame Si Ðe Ga Ŋu
    Nyɔ!—2015
  • Ðe Ga Ðua Aƒetɔ Ðe Dziwòa, Alo Wò Dɔlae Wònye?
    Nyɔ!—2009
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2014
g 6/14 axa 14-15
Ðekakpui kple ɖetugbui srɔ̃tɔ aɖewo le asi ƒlem

NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | SRƆ̃TƆWO

Ale Si Miawɔ Azã Ga Nyuie

KUXIA

Esi nèle ŋku ɖe wò gadzraɖoƒe ŋuti nyatakakawo kple fe siwo le ŋuwò ŋu la, èkpɔe be ɖeko yeƒe gawo le dudum abe ale si ke duduna le asi me na ame ene. Nyitsɔ laa koe mieɖe srɔ̃ gake miaƒe gazazãwo wu gbɔgblɔ. Srɔ̃wò gbɔe wòtsoa? Mègaƒo nya ta kpata nenema o. Mi ame evea milé ŋku ɖe nu siwo gbɔ wòanya tso be nuwo va yi na mi alea ŋu.a

NU SI GBƆ WÒTSONA

Nɔnɔmewo trɔ. Ne dziwòlawo gbɔe nènɔ hafi va ɖe srɔ̃ la, ɖewohĩ nugblẽfewo xexe azu nu yeye na wò. Anɔ eme be ale si mia dometɔ ɖe sia ɖe zãa gae la to vovovo na nɔvia tɔ. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ ame ɖeka zãa ga yakayaka evɔ ame evelia ya léa be na ga. Exɔa ɣeyiɣi hafi srɔ̃tɔwo ƒe susu va wɔa ɖeka le ale si woazã gã me.

Gbe to hele srɔ̃tɔwo ƒe afɔ blam

Abe ale si ko ne gbe to ɖe agble me womeŋlɔe o wògatona ɖe edzi ene la, nenema kee fewo maxemaxe nana be wolia kɔ ɖi

Femaxemaxe ɖe game dzi. Jim si nye asitsala kpɔdzidze fifia la gblɔ be esi yeɖe srɔ̃ teti la, yeƒe ɖoɖo nyui mawɔmawɔ na be yenyi fe gbogbo aɖewo. Egblɔ be: “Esi mehe mía ŋu fewo xexe ɖe megbe ta la, nye kple srɔ̃nye míeva xe deme dɔlar geɖe ɖe fe siwo míenyi la dzi. Míaƒe kotokuwo me koe ƒu kplakplakpla!”

Ga la bu vĩi. Ele bɔbɔe be nàzã ga wu ale si dze ne wò ŋku mele ale si nèle ezãm la ŋu o. Esia ate ŋu adzɔ ne èzãa agbananuƒlegbalẽvi, ƒlea nu toa internet dzi kple esiawo tɔgbi. Ale si gadodo nɔa bɔbɔe ate ŋu azu mɔ̃ aɖe srɔ̃tɔ yeyewo.

Nu ka ke gbɔe wòɖatso o, ganyawo ate ŋu ahe kuxi sesẽwo ade miaƒe ƒomea me. Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Srɔ̃tɔ geɖewo gblɔ be ga koŋue hea kuxiwo dea yewo dome, eɖanye ga home ka kee ɖale yewo si o. Ga koŋue hea masɔmasɔwo vɛ.”​—Fighting for Your Marriage.

NU SI MIATE ŊU AWƆ

Miɖoe be yewoawɔ nu ɖekae. Le esi mianɔ fɔ bum mia nɔewo teƒe la, miwɔ nu aduadu miatsɔ alé gazazã fũu akpa nu. Miɖoe tso gɔmedzedzea ke be yewomaɖe mɔ ga nade dzre yewo dome o.​—Biblia ƒe gɔmeɖose: Efesotɔwo 4:32.

Miwɔ ɖoɖo ɖe gazazã ŋu. Miŋlɔ ɣleti ɖeka ƒe gazazãwo katã da ɖi, ne woɖale sue hã. Esia akpe ɖe mia ŋu mianya nu siwo ŋu miele ga zãm ɖo ahanya nenye be miele ga zãm yakayaka. Jim si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la gblɔ be: “Ele be nàƒo asa na gazazã fũu akpa.”

Miŋlɔ nu vevi siwo ŋu miezãa ga ɖo la ɖi; esia ate ŋu anye nuɖuɖu, nudodowo, xɔfewo, ʋuŋufewo kple esiawo tɔgbi. Miŋlɔ ga home si miesusu be yewoazã ɖe nu siawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu le ɣleti bliboa me la ɖi.​—Biblia ƒe gɔmeɖose: Luka 14:28.

“Ame si doa nugbana la, dɔla wònye na agbanatɔ.”​—Lododowo 22:7

Mima ga ɖe nu siwo ŋu miezãa ga ɖo la nu ɣleti sia ɣleti (nuɖuɖu, xɔfe, ʋuɖofe kple bubuawo). Ame aɖewo maa ga ɖe lɛtakotokuwo me ɖe nu siawo dometɔ ɖe sia ɖe nu.b Eye ne ga vɔ le lɛtakotoku aɖe me la, wodzudzɔa gazazã ɖe nu ma ŋu alo ɖea ga le lɛtakotoku bubu me tsɔ dea ema me.

Migbugbɔ ŋku lé ɖe ale si miebua nunɔamesiwoe ŋu. Menye nu siwo le tsia dzi ƒe amesisusu ye nana wokpɔa dzidzɔ o. Yesu gblɔ gɔ̃ hã be: “Ne nu gbogbo aɖewo le ame si hã la, eƒe agbe menɔa te ɖe nu siwo le esi la dzi o.” (Luka 12:15) Zi geɖe la, ale si miezãa gae aɖee afia nenye be miexɔ nya mawo dzi se.​—Biblia ƒe gɔmeɖose: 1 Timoteo 6:8.

Miwɔ tɔtrɔwo. Aaron si ɖe srɔ̃ ƒe evee nye esia gblɔ be: “Nanewo abe mɔɖaŋudɔwɔnu siwo nana woléa teƒe vovovowo le television dzi ƒeƒle kple nuɖuɖudzraƒewo yiyi aɖaɖu nu ate ŋu adze nu bɔbɔe ya, gake ate ŋu ana kotokua me nava ƒu kplakplakpla emegbe. Ele be míatu afɔ nanewo ƒeƒle me ale be míagazã ga fũu akpa o.”

a Togbɔ be srɔ̃tɔ yeyewoe nyati sia yi na hã la, nu siwo me míadzro ate ŋu akpe ɖe srɔ̃tɔwo katã ŋu.

b Ne mieƒlea nu to internet dzi alo zãa agbananuƒlegbalẽvi la, miŋlɔ ga home si miezã ɖe nu siawo ŋu tsɔ de lɛtakotokuawo dometɔ ɖe sia ɖe me.

MAWUNYAKPUKPUI VEVI AÐEWO

  • “Mizu ame siwo nyoa dɔme na wo nɔewo, miaƒe dɔme netrɔ ɖe mia nɔewo ŋu vevie, eye mitsɔ nɔ mia nɔewo kem.”​—Efesotɔwo 4:32.

  • ‘Mia dometɔ kae li, eye ne ele didim be yeatu xɔ kɔkɔ aɖe la, manɔ anyi ahabu eŋu kɔnta gbã o?’​—Luka 14:28.

  • “Esi nunyiame kple nudodo le mía si la, nu siawo adze mía ŋu.”—1 Timoteo 6:8.

Micah kple Megan

MICAH KPLE MEGAN

“Ne srɔ̃tɔawo dometɔ ɖeka koe kpɔa gazazãwo gbɔ hã la, ele be wo ame evea siaa nanya nu tso woƒe ganyawo ŋu nyuie. Ne woɖoa dze tso woƒe ganyawo ŋu la, awɔe be woaƒo asa na kuxiwo.”

David kple Nataleine

DAVID KPLE NATALEINE

“Miwɔ ɖoɖo do ŋgɔ. Migasusui be ga siwo katã le gadzraɖoƒe na mi la katãe wòle be miazã o. Ne miedzra ga aɖeke ɖo ɖe nudzɔdzɔ kpatawo ŋu o la, miava xaxa emegbe.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe