INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 10/14 axa 4-6
  • Ale Si Nàwɔ Akpɔ Dzidzedze Vavã

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ale Si Nàwɔ Akpɔ Dzidzedze Vavã
  • Nyɔ!—2014
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Kae Nye Dzidzedzekpɔkpɔ Vavãtɔ?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Nu Kae Nye Dzidzedzekpɔkpɔ Vavã?
    Nyɔ!—2014
  • Ale Si Nàwɔ Akpɔ Dzidzedze
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Nu Vevi Ade Siwo Nana Ame Kpɔa Dzidzedze
    Nyɔ!—2009
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2014
g 10/14 axa 4-6
Charlotte kple Timothy

NYATI SI LE AKPAA DZI | NU KAE NYE DZIDZEDZEKPƆKPƆ VAVÃ?

Ale Si Nàwɔ Akpɔ Dzidzedze Vavã

Biblia de dzi ƒo na mí be susu nyui nanɔ mía si ku ɖe dzidzedzekpɔkpɔ ŋu. Biblia megblɔ be ame ʋɛ aɖewo siwo gbɔ nyo koe akpɔ dzidzedze o. Gake meda asi ɖe nya siwo wogblɔna le gligbalẽwo me be ne míedze míaƒe didiwo yome ko la, nu sia nu ava eme na mí pɛpɛpɛ abe ale si míedii ene la dzi o. Susu sia si woƒãna ɖe ɖeviwo ƒe dzi me tso woƒe ɖevime ke zi geɖe la, ate ŋu ana woado kpo nu.

Nyateƒeae nye be ame sia ame ate ŋu akpɔ dzidzedze vavã, gake ebia agbagbadzedze. Bu Biblia me nuxlɔ̃ame siawo ŋu kpɔ.

  • Gakuwo

    NYA SI BIBLIA GBLƆ:

    “Ame si lɔ̃a ga la, ga maɖi ƒo nɛ o, eye ame si lɔ̃a kesinɔnu la, viɖe aɖeke matso eme nɛ o.”​—Nyagblɔla 5:9.

    NU SI WÒFIA. Ŋutilãmenuwo yome titi menana wokpɔa dzidzedze o. Ðe wònana be ame dagbana ɖe yame dzodzro boŋ. Agbalẽnyalagã Jean M. Twenge ŋlɔ le eƒe agbalẽ si nye Tɔnyekonenyo Ƒe Dzidzime (ele yevugbe me) me bena: “Ame siwo ƒe agbemetaɖodzinu katãe nye be yewoakpɔ ga la tea ŋu tsia dzimaɖi eye nu tena ɖe wo dzi wu ame siwo tsia dzi ɖe kadodo nyui me nɔnɔ kple wo haviwo ŋu.” Egblɔ kpee be: “Numekuku geɖewo ɖee fia be womate ŋu atsɔ ga aƒle dzidzɔkpɔkpɔ o, si fia be ne ame kpɔ ga si asu eƒe agbemenuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ nu vɔ ko la, eƒe ga susɔeawo mehea dzidzedzeme gobi aɖeke vɛ nɛ le agbe me o.”

    NU SI NÀTE ŊU AWƆ. Do vevie nàminya taɖodzinu si ana dzidzeme wò wu ga kple nunɔamesiwo. Yesu gblɔ be: “Minɔ ŋudzɔ ɖe ŋukeklẽ ɖe sia ɖe ƒomevi ŋu, elabena ne nu gbogbo aɖewo le ame si hã la, eƒe agbe menɔa te ɖe nu siwo le esi la dzi o.”​—Luka 12:15.

  • Dadala

    NYA SI BIBLIA GBLƆ:

    “Dada doa ŋgɔ na gbegblẽ, eye ɖokuidodoɖedzi na anyidzedze.”—Lododowo 16:18.

    NU SI WÒFIA. Nɔƒe gã didi kple ameɖokuikpɔkpɔ akpa mana nàkpɔ dzidzedze vavã o. Nyateƒee, agbalẽ aɖe gblɔ be dɔwɔƒe siwo ƒe dɔmemegãwo kpɔ dzidzedze eteƒe didi la nyea dɔmemegã siwo “bɔbɔa wo ɖokui ɖe anyi, womehea susu yia wo ɖokuiwo dzi o, eye womedoa wo ɖokuiwo ɖe dzi o. Gake dɔwɔƒe mawo tɔgbi dometɔ eve le etɔ̃ me ƒe dɔmemegãwo nye ɖokuidoɖedzilawo si wɔe be woƒe dɔwɔƒewo gbã alo nuwo mele afɔ tsɔm nyuie o.” (Good to Great) Nufiame kae le eme na mí? Ameɖokuikpɔkpɔ akpa ate ŋu ana ame nado kpo nu bɔbɔe.

    NU SI NÀTE ŊU AWƆ. Mègadi ŋkɔxɔxɔ o, ke boŋ bɔbɔ ɖokuiwò. Biblia gblɔ be: “Ne ame aɖe susuna be yenye nane, evɔ menye naneke o la, eɖokui blem wòle.”​—Galatiatɔwo 6:3.

  • Asi aɖe lé zũ

    NYA SI BIBLIA GBLƆ:

    “Ðe menyo na amegbetɔ wu be . . . eƒe luʋɔ naɖu agbe akpe ɖe eƒe agbagbadzedzewo ŋu oa?”​—Nyagblɔla 2:24.

    NU SI WÒFIA. Ne èléa fɔ ɖe dɔ ŋu la, àte ŋu ase vivi na wò dɔa wu. Agbalẽnyalagã Madeline Levine ŋlɔ le eƒe agbalẽ si nye Fia Nu Viwòwo Nyuie (ele yevugbe me) me bena: “Nu siwo nana wokpɔa dzidzedze le nanewɔwɔ me la dometɔ aɖee nye be woabi ɖe nua wɔwɔ me, eye zi geɖe la, be woabi ɖe nanewɔwɔ me bia agbagbadzedze kple kutrikuku.” Ebia hã be woado dzi anɔ te ɖe nɔnɔme madeamedzi siwo doa mo ɖa ɣeaɖewoɣi la nu tamanamanae.

    NU SI NÀTE ŊU AWƆ. Ku kutri nàɖu tu na wò dɔa eye mègana ta ne nɔnɔme sesẽwo do mo ɖa o. Ne viwo le asiwò la, na mɔnukpɔkpɔ wo (le woƒe ƒexɔxɔ kple ŋutete nu) be woakpɔ ta na woƒe kuxiwo. Mègatsi klokloklo be yeakpɔ woƒe kuxiwo katã gbɔ na wo o. Ðeviwo ƒe dzi dzea eme eye ŋutete siwo wova hiãna le tsitsime sua wo si ne wona mɔnukpɔkpɔ wo be woado dzi akpɔ woƒe kuxiwo gbɔ.

  • Avũ

    NYA SI BIBLIA GBLƆ:

    “Avũ gbagbe nyo wu dzata kuku.”​—Nyagblɔla 9:4.

    NU SI WÒFIA. Ne èwɔa amesimedɔ la, na wò dɔa nanye wò agbea ƒe akpa aɖe ko, ke menye be nàtsɔ wò agbe katã ake na dɔa o. Le nyateƒe me la, ɖe nàse le ɖokuiwò me be yekpɔ dzidzedze ne wò dɔ le edzi dzem nyuie, evɔ wò lãme gblẽ alo wò ƒomea megadea bubu ŋuwò oa? Ame siwo kpɔa dzidzedze vavã dzea agbagba dana sɔna le dɔwɔnyawo, lãmesẽnyawo kple woƒe ƒomewo dzi kpɔkpɔ me.

    NU SI NÀTE ŊU AWƆ. Lé be na ɖokuiwò. Ði ɖe eme nyuie. Meɖea vi boo aɖeke ne ame vu ɖe dɔ ŋu hetsɔ nu sia nu, abe ƒome, lãmesẽ kple xɔlɔ̃kadodowo ene sa vɔe ɖe yaɖidzidzedzekpɔkpɔ ta o.

  • Biblia si le ʋuʋu

    NYA SI BIBLIA GBLƆ:

    “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo.”​—Mateo 5:3.

    NU SI WÒFIA. Biblia-sɔsrɔ̃ kple eƒe mɔfiamewo tsɔtsɔ wɔ dɔe nye nu vevi siwo nana wokpɔa dzidzedze vavã. Le nyateƒe me la, Yehowa Ðasefo miliɔn geɖewo kpɔe dze sii be esi yewotsɔ mawusubɔsubɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ le yewoƒe agbe me la, ena be yewomegatsia dzimaɖi ɖe ŋutilãmenuwo ŋu fũu o.​—Mateo 6:31-33.

    NU SI NÀTE ŊU AWƆ. Srɔ̃ ale si Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ dzidzedze vavã. Ne èdi nyatakaka bubuwo kpee la, te ɖe Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me la ŋu, alo ʋu www.pr2711.com/ee.

“Nye Dzidzedzekpɔkpɔ Tsãtɔ Nye Fuflugba Ko Medo Na Ðokuinye”

Charlotte kple Timothy

Timothy kple Charlotte nɔ aƒe gã aɖe si me xɔwo sɔ gbɔ ɖo la me. Ʋu siwo le tsia dzi la dometɔ geɖewo nɔ wo si eye woyia mɔkeke siwo lɔ ga geɖe ɖe eme ƒe sia ƒe. Ke hã, esime kesinɔnu gbogbotɔ su wo si le agbe me la, wotrɔ susu. Nyɔ! magazinea talawo bia Timothy be wòagblɔ nu si tae wotrɔ susu ɖo la na yewo.

Dɔ ka wɔmee nènɔ?

Mewɔa dɔ le dɔwɔƒe siwo wɔa dɔ tso hadzidzi ŋu eye menye gakɔntabula hã. Charlotte nye Atikewɔla amehela ƒe kpeɖeŋutɔ, eye wòwɔa dɔ le gadzraɖoƒe hã. Emegbe míeɖo ɖakpaƒe ene. Nu siawo katã na be wobuam be mekpɔ dzidzedze le agbe me. Le nyateƒe me la, ƒãa hafi nye ŋutɔ mewɔa dɔ elabena amewo li wɔa dɔ nam. Ke hã, nye kple Charlotte míetso nya me be míaɖe míaƒe dɔwo dzi akpɔtɔ. Míedzra nu siwo le mía si la ƒe akpa gãtɔ.

Nu ka tae mieɖe miaƒe dɔwo dzi kpɔtɔ?

Míede dzesii be mímekpɔ dzidzedze vavãtɔ o. Dzidzɔ si míekpɔna ne míeƒle nu yeye aɖe la menɔa anyi eteƒe didina o, míesena le mía ɖokui me be nua meɖe vi boo aɖeke na mí o, eye menana míekpɔa dzidzɔ kple dzidzeme o.

Aleke miewɔ kpɔ dzidzedze vavãtɔ?

Esi wònye Yehowa Ðasefoe menye ta la, mekpɔa gome le míaƒe Kristotɔwo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa me edziedzi. Togbɔ be nye kple Charlotte míezãa gaƒoƒo 70 tsɔ fiaa Biblia amewo ɣleti sia ɣleti hã la, míaƒe susu katã menɔ gbeƒãɖeɖedɔa ŋu o. Eya ta míedzra míaƒe dɔwɔƒeawo eye míetsɔ mía ɖokuiwo na be míasubɔ le afi si Biblia-fialawo hiã le wu. Fifia, míele subɔsubɔm le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le United States. Esi wònye esia nye míaƒe subɔsubɔ ƒe akpa aɖe ta la, nyemexɔa fetu o eye womedea bubu tɔxɛ ŋunye o. Wokpɔa míaƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ na mí. Gake menye emae nye nu vevitɔ na mí le agbe me o.

Ðe nèse le ɖokuiwò me be yekpɔ dzidzedze fifia wu tsã?

Nenema tututue. Nye dzidzedzekpɔkpɔ tsãtɔ nye fuflugba ko medo na ɖokuinye. Dzidzedze si mekpɔ fifia na dzidzeme vavãm elabena menya be dɔ si wɔm mele la le asi kpem ɖe Biblia me gbedeasia gbɔgblɔ na amewo le xexea me godoo ƒe dɔa ŋu eye wòna ameawo ƒe agbe le ʋu ɖɔm wu.a

a Womexea fe na Yehowa Ðasefowo ɖe Biblia-fiafiadɔ si wowɔna la ta o.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe