INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 3/15 axa 16
  • Agbagblaʋui Ƒe Nusese Wɔnuku La

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Agbagblaʋui Ƒe Nusese Wɔnuku La
  • Nyɔ!—2015
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ne Lɔlɔ̃ Gbã Ŋku
    Nyɔ!—2000
  • Emenyawo
    Nyɔ!—2015
  • Emenyawo
    Nyɔ!—2001
  • Kpɔ Wò To Ta!
    Nyɔ!—2002
Nyɔ!—2015
g 3/15 axa 16
Agbagblaʋui

ÐE WOWƆEA?

Agbagblaʋui Ƒe Nusese Wɔnuku La

AGBAGBLAƲUI tea ŋu sea gbeɖiɖi sesẽtɔ kekeake eye wòƒo xexea me nu gbagbe siwo katã wonya la ta sãsãsã le go sia me. Gake eƒe towo ƒe wɔwɔme le bɔbɔe eye ɖe sia ɖe ƒe lolome le abe abui ƒe ta ene.

Bu nya siawo ŋu kpɔ: Ƒe geɖewoe nye esia wonɔ nu srɔ̃m tso agbagblaʋui ƒe nusese ŋu. Nyitsɔ laa la, dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo le Strathclyde Yunivɛsiti si le Scotland (Écosse) tsɔ gbeɖiɖi sesẽ vovovowo do agbagblaʋui ƒe nusese kpɔ. Wodzidzea ale si totiawo nɔa ƒoƒom eye woléa tokawo ƒe dɔwɔwɔ ɖi. Ne woƒo gbeɖiɖi siwo de dzi bobobo kilohertz 300 ɖe to me na agbagblaʋuia hã la, eƒe towo tea ŋu senɛ. Gake agutɔ ya tea ŋu sea gbeɖiɖi si ƒe sesẽme nye kilohertz 212 ko, ƒumeha siwo sea nu tea ŋu sea gbeɖiɖi si nu sẽ kilohertz 160 eye amegbetɔwo tea ŋu sea gbeɖiɖi si ƒe sesẽme wu kilohertz 20 ko.

Numekulawo ɖoe be yewoazã ŋutete si le agbagblaʋui si wòtea ŋu sea gbeɖiɖi si nu sẽ nenema gbegbe la atsɔ awɔ aɖaŋunu yeyewo. Aleke woawɔe? Mɔ̃ɖaŋunyala James Windmill si wɔa dɔ le Strathclyde Yunivɛsiti gblɔ be: “Akpe ɖe mía ŋu míawɔ nuƒomɔ̃ siwo de ŋgɔ wu hele sue wu. Woate ŋu azã wo na aɖaŋunu geɖewo abe asitelefonwo kple nusemɔ̃ siwo ame siwo mesea nu nyuie o zãna ene.”

Nu kae nèsusu? Ðe agbagblaʋui ƒe nusese wɔnuku la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe