INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 11/15 axa 7-9
  • Ame Siwo Mekpɔa Nu O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ame Siwo Mekpɔa Nu O
  • Nyɔ!—2015
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpe Ðe Ŋkunɔwo Ŋu Be Woasrɔ̃ Nu Tso Yehowa Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015
  • Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Ði Ðase Na Ŋkunɔwo
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2020
  • Woɖo Nyɔnu Ŋkunɔ Aɖe Ƒe Gbedodoɖawo Ŋu
    Yehowa Ðasefowo Ƒe Nuteƒekpɔkpɔwo
  • Wokpɔe Be Wolɔ̃ Yewo Vavã
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2015
g 11/15 axa 7-9
Paqui kple srɔ̃a ŋutsu

Ame Siwo Mekpɔa Nu O

“Esime wodzim la, ŋkutike sesẽ aɖe si wokɔ ɖe ŋku dzi nam wɔe be nyemekpɔa nu nyuie o. Le nye ƒewuiwo me la, nye ŋku va tsi kura eye esia na blanuiléledɔ sesẽ aɖe hã va dze dzinye.”—Paqui si nye nyɔnu si le eƒe ƒe 50-awo me, eye srɔ̃a hã nye ŋkunɔ.

Ŋkutsitsi alo numakpɔmakpɔ nyuie ate ŋu atso nu geɖe gbɔ, esiawo dometɔ aɖewoe nye dɔléle kple nuveviwɔame. Nu siawo ate ŋu agblẽ nu le ŋkua, ŋkukawo alo ahɔhɔ̃a ŋu. Zi geɖe la, ame siwo mekpɔa nu nyuie o alo tsi ŋku la mexɔnɛ sena o, woxaa nu eye vɔvɔ̃ léa wo. Gake wo dometɔ geɖe dzea agbagba nɔa te ɖe enu nyuie, eye esia nana wonɔa agbe si me dzidzeme le.

Míaƒe ŋkuwo koŋ dzie míetona nyaa nu siwo le edzi yim ƒo xlã mí. Eya ta ne ame tsi ŋku la, sidzenu bubu siwo nye nusese, nuʋeʋẽse, asikakanuŋu kple nuɖɔɖɔkpɔ dzi koŋue wònɔa te ɖo nyaa nu siwo le edzi yim.

Magazine aɖe (Scientific American) gblɔ be numekuku si wowɔ tso kadodo si le ŋkua kple ahɔhɔ̃a dome ŋu ɖee fia be ŋutete “le ahɔhɔ̃a ŋu be wòatrɔ ɖe nɔnɔmewo ŋu.” Numekukua yi edzi be: Kpeɖodzi gbogbo aɖewo li siwo ɖee fia be ne ahɔhɔ̃a mele nyatakaka xɔm tso sidzenu aɖe gbɔ o la, ŋutete le ahɔhɔ̃a ŋu be wòagbugbɔ atrɔ asi le nuwo ŋu be sidzenu bubuawo nawɔ dɔ ɖe esi mele dɔ wɔm o la nu. De ŋugble tso eƒe kpɔɖeŋu siwo gbɔna la ŋu kpɔ.

Nusese: Ne amewo se gbeɖiɖiwo kple afɔziwo la, wotea ŋu kpɔa nu si le dzɔdzɔm la le susu me. Fernando si nye ŋkunɔ la gblɔ be, “mesrɔ̃ ale si maɖo ŋku amewo dzi ahade dzesi wo to woƒe gbe alo woƒe afɔziwo dzi.” Juan si hã nye ŋkunɔ gblɔ be: “Amewo ƒe gbee ŋkunɔwo tsɔ dea dzesi wo.” Abe ale si wòle le mí katã gome ene la, ŋkunɔwo tea ŋu dea dzesi ale si amewo le sesem le wo ɖokuiwo me le woƒe nuƒoƒo me.

Ŋkunɔwo ƒe to nɔa nu vovovo siwo yia edzi le nutoa me ŋu nyuie, si nana wòtea ŋu dea dzesi afi si amewo sɔ gbɔ le, ne xɔ aɖe me lolo alo le sue, kple ne mɔxenu le afi aɖe.

Nuʋeʋẽse: Nuʋeʋẽse ate ŋu akpe ɖe ŋkunɔwo ŋu woanya nu geɖe siwo le edzi yim ƒo xlã wo, gake menye ʋeʋẽ lililiwo ko o. Le kpɔɖeŋu me ne ŋkunɔ aɖe le mɔ aɖe dzi zɔm la, ʋeʋẽ siwo sem wòle la ate ŋu akpe ɖe eŋu wòakpɔ afi si nuwo abe kɔfidzraƒe, nuɖuɖudzraƒe, asime kple bubuawo ene le le mɔa dzi le susu me. Gbeɖiɖi nyanyɛ siwo sem wòle hã kpena ɖe eŋu wòkpɔa nu siwo le dzɔdzɔm la le susu me, abe ale si asikaka nuwo ŋu hã kpena ɖe wo ŋu wonyaa nu geɖe ene.

Asikakanuŋu: Francisco gblɔ be, “nye asibidɛwoe nye nye ŋkuwo.” Ati si meléna ɖe asi kpena ɖe ŋunye menyana afi si “ŋku” sia ate ŋu akpɔ nu ase ɖo. Manasés si ƒe ŋkuwo tsi hafi wodzi, eye wòsrɔ̃ ale si wòatsɔ ati akpɔ nui tso ɖevime ke gblɔ be: “Nye susu kple sidzenu bubuawo kpakple ale si wotrɔ asi le mɔdodowo ƒe akpa si amewo tona ŋu la kpena ɖe ŋunye be menyana afi si tututu zɔm mele.”

Ame aɖe le Gbetakpɔxɔ si wota na ŋkunɔwo xlẽm

Ame aɖe le Gbetakpɔxɔ si wota na ŋkunɔwo xlẽm

Asikakanuŋu tea nu kpena ɖe ŋkunɔ geɖe ŋu wotea ŋu xlẽa agbalẽ siwo wota na wo. Egbea la, nu gbogbo aɖewo li siwo akpe ɖe ŋkunɔwo ŋu woate ŋu asrɔ̃ nu be woaɖi kɔ na woƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo. Tsɔ kpe ɖe ŋkunɔwo ƒe agbalẽwo ŋu la, nu siwo woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzi kple kɔmpiuta dzi ɖoɖo bubuwo hã li na ŋkunɔwo. Nu siawo kpena ɖe ŋkunɔwo ŋu woxlẽa Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽ vovovowo.a

Agbalẽ mawo siwo ɖe Biblia ƒe nufiafiawo me faa akɔ na Paqui kple srɔ̃a, ame siwo ƒe nya míegblɔ le gɔmedzedzea me la ale gbegbe eye wòna mɔkpɔkpɔ va su wo si le agbe me. Gbɔgbɔmeƒome gã aɖe si nye Yehowa Ðasefowo ƒe hame si le wo gbɔ la kpena ɖe wo ŋu. Paqui gblɔ be: “Fifia míetea ŋu wɔa nu geɖewo le mía ɖokui si ale si míate ŋui.

Nyateƒee wònye be ne ame ƒe ŋku tsi la nuwo manɔ bɔbɔe nɛ o. Gake kpeɖodziwo ɖee fia be ŋkunɔwo tea ŋu trɔna ɖe nɔnɔmeawo ŋu henɔa te ɖe enu si wɔnɛ be wometsia dzi fũu le agbe me o.

a Yehowa Ðasefowo ta ŋkunɔwo ƒe agbalẽwo ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 25 me.

Togbɔ Be Menye Ŋkunɔ Hã La, Menɔa Agbe Si Naa Nye Dzi Dzea Eme

Marco Antonio nye srɔ̃ŋutsu kple vifofo, eye eya kple ame aɖe woɖo dɔwɔƒe. Enye ame si ƒe ŋku tsi hafi wodzi. Nyɔ! talawo bia gbee wòƒo nu tso nu siwo nana wòkpɔa dzidzɔ kple kuxi siwo wòdoa goe la ŋu.

Èɖo dɔwɔƒe. Aleke nèwɔa wò dɔwoe?

Le nye dɔwɔƒea la, meƒoa nu kple asisiwo le telefon dzi, medoa go kpli wo, eye metsɔa ga yia gadzraɖoƒe loo alo ɖea ga le gadzraɖoƒe.

Nu kae nèwɔna tsɔ ɖea modzakae?

Haƒoƒo doa dzidzɔ nam. Enana nye dzi dzea eme. Meƒoa saŋku togbɔ be mele bɔbɔe nam o hã, elabena esesẽ nam be matsɔ nye asiwo axlẽ ŋkunɔwo ƒe ha siwo wota ɖe agbalẽ me agatsɔ asi mawo ke aƒo saŋkua hã. Ne medi be maƒo ha yeye aɖe la, metsɔa ɖusi xlẽa haƒoƒoa le agbalẽa dzi, eye metsɔa nye miasi ƒoa saŋku la. Meyia ewɔwɔ dzi gake meɖɔlina asiawo. Ne mesrɔ̃ haa vɔ la, metsɔa asi eveawo ƒonɛ.

Ðe nèdoa go kuxi tɔxɛ aɖewoa?

Esi menɔ tsitsim la, dzinyelawo kple nɔvinyewo lé be nam nyuie, eye womewɔa nu ɖe ŋunye abe ŋkunɔ ene o. Edzɔna ɣeaɖewoɣi be meklia nu dzea anyi, gake nye hã mewɔa nu geɖe siwo ame siwo si ŋku le la wɔna, eye esiawo va mam. Esi metsi la, nu ɖeka si te ɖe dzinye vevie nye be nyemate ŋu aku ʋu o.

Fifia menye srɔ̃ŋutsu kple vifofo, eye ƒome nyui aɖe le asinye si dzi mekpɔna eye woawo hã wokpena ɖe ŋunye. Vinyeŋutsu David lɔlɔ̃a nyi nye dɔlélea dome si na be eya hã tsi ŋku. Gake medzea agbagba be maɖo kpɔɖeŋu nyui nɛ. Medi be wòakpɔe be ne egbɔ dzi ɖi, eye wòku kutri vevie la, ate ŋu awɔ nu geɖe.

Fifia avu si fiaa mɔ ame le asiwò. Nu ka tae nètiae be avu sia nanɔ asiwò?

Nye avua ŋkɔe nye Dante, eye ekpena ɖe ŋunye metoa teƒe siwo le dedie hezɔna kabakaba hã. Ne mayi teƒe aɖe zi gbãtɔ la, srɔ̃nye Loli si menye ŋkunɔ o la hã yina kpli mí ale be Dante nate ŋu anya mɔa nyuie. Ne mato nyateƒe la, gbã la, esesẽ nam be maɖe mɔ avu nakplɔm hafi manɔ dedie. Gake meva ka ɖe Dante dzi ale gbegbe. Nu ka kee ɖale dzɔdzɔm o meɖea mɔ naneke hea eƒe susu o. Gake ne meɖe kaa ɖa le kɔ nɛ la, eya hã wɔa nu abe avu bubuwo ene.

Esi nènye Yehowa Ðasefo ɖe, aleke nèwɔna srɔ̃a Biblia le ɖokuiwò si?

Esi mɔ̃ɖaŋunu siwo ŋkunɔwo zãna mebɔ tsã o la, srɔ̃nye Loli xlẽa Biblia kple Biblia srɔ̃gbalẽwo nam. Srɔ̃nyea kpena ɖe ŋunye ale gbegbe. Esia wɔnɛ be metea ŋu wɔa dɔdeasiwo le hamea ƒe kpekpewo me. Gake fifia la, metea ŋu xlẽa nu le ɖokuinye si elabena Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo wota na ŋkunɔwo la le asinye. Metea ŋu yia Yehowa Ðasefowo ƒe nyatakakadzraɖoƒe si nye jw.org ɖawɔa nu siwo woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzi ƒe kɔpiwo. Nane le kɔmpiutaa ŋu na ŋkunɔwo si kpena ɖe ŋunye metea ŋu xlẽa nu siwo dzena le kɔmpiutaa dzi. Gavi suesuesue siwo nye ŋkunɔwo ƒe nuxexlẽdzesiwo dzena le nu sia si le kɔmpiuta ŋu la dzi. Enye nane si wɔ nuku ŋutɔ!

Mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe si su asinye ye nye ale si mekpea asi ɖe eŋu ne wole agbalẽwo wɔm na ŋkunɔwo le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Madrid, Spain. Esi wodi be agbalẽ siwo wɔm wole na ŋkunɔwo naɖe vi geɖe na wo ta la, ame siwo le ewɔm la biaa aɖaŋuɖoɖo tsoa ŋkunɔwo gbɔ. Eya ta mate ŋu agblɔ tso dzi me be nye gbɔgbɔmenɔviwo lɔ̃m hedea asixɔxɔ ŋunye.

Ðe hadede kple ame bubuwo doa dzidzɔ na wòa?

Ɛ̃, vevietɔ nye ƒometɔ kplikplikpliwo kple hati Ðasefowo, ame siwo nye kpli wo míeyina ɖaɖea gbeƒã na amewo tso aƒe me yi aƒe me. Nye gbɔgbɔmenɔviwo wɔa nu ɖe ŋunye nyuie abe ale si wowɔa nu ɖe ame bubuwo ŋu ene. Le nyateƒe me la, ɣeaɖewoɣi la, woŋlɔna be be ŋkunɔe menye!

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ naa megblɔa mɔkpɔkpɔ xɔasi si le Biblia me ŋu nya na amewo. Le kpɔɖeŋu me, Yesaya 35:5 gblɔ be ne Mawu Fiaɖuƒea va le anyigba dzi ɖum la, “ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋku aʋu.” Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, eʋu ŋku na ŋkunɔwo tsɔ ɖe nu si wòava wɔ le etsɔme fia. (Mateo 15:30, 31) Ŋkutsitsi kple dɔléle bubu ɖe sia ɖe nu ayi kpuie. Ne anyigba va zu Paradiso la, ame aɖeke magblɔ be ‘Mele dɔ lém alo menye nuwɔametɔ o.’—Yesaya 33:24; Luka 23:43.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe