INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g16 No. 4 axa 6
  • 3 Ðoe Kplikpaa Be Nàgana Ta O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • 3 Ðoe Kplikpaa Be Nàgana Ta O
  • Nyɔ!—2016
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Àte Ŋu Aɖo Taɖodzinu Siwo Nèɖo Le Yehowa Subɔsubɔ Mea Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
  • Na Numame Naɖe Vi na Wò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Ale Si Nàna Numame Nyuiwo Naɖe Vi Na Wò
    Nyɔ!—2016
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2016
g16 No. 4 axa 6
Nyɔnu aɖe le dzesi dem nuwo ɖe eƒe ɣletigbalẽ dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI | ALE SI NÀNA NUMAME NYUIWO NAÐE VI NA WÒ

3 Ðoe Kplikpaa Be Nàgana Ta O

Ɣletigbalẽ si dzi wode dzesi nuwo ɖo

Amewo gblɔna zi geɖe be ɖe woxlẽna ɖeka hafi xlẽna eve. Numekukuwo ɖee fia be le ame aɖewo gome la, mexɔa ɣeyiɣi boo aɖeke hafi wowɔa tɔtrɔ ɖedzesiwo o, ke le ame bubuwo ya gome la, exɔa ɣeyiɣi geɖe. Ðe wòle be esia nana dzi naɖe le ƒowòa?

Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Tsɔe be nèdi be yeanɔ kame dem zi etɔ̃ le kwasiɖa ɖeka me.

  • Le kwasiɖa gbãtɔ me la, èɖo wò taɖodzinua gbɔ.

  • Le kwasiɖa evelia me la, èda ŋkeke ɖeka ƒu.

  • Le kwasiɖa etɔ̃lia me la, ète ŋu gaɖo wò taɖodzinua gbɔ.

  • Le kwasiɖa enelia me la, èda ŋkekeawo katã ƒu.

  • Le kwasiɖa atɔ̃lia me la, èɖo wò taɖodzinua gbɔ ake, eye tso ema dzi la, èɖoa wò taɖodzinua gbɔ kwasiɖa ɖe sia ɖe.

Exɔ kwasiɖa atɔ̃ hafi nu nyui sia wɔwɔ va ma wò. Adze abe exɔ ɣeyiɣi didi hafi nèɖo wò taɖodzinua gbɔ ene, gake esi nèɖo egbɔ la, dzi dzɔ wò be yetu nɔnɔme nyui aɖe ɖo.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Ne ame dzɔdzɔe dze anyi zi adre hã la, agafɔ.”—Lododowo 24:16.

Biblia de dzi ƒo na mí be míagana ta o. Menye zi neni si míedze anyi ye le vevie o ke boŋ zi neni si míefɔ ye.

Nu si le vevie ye nye, zi neni si míefɔ ke menye zi neni si míedze anyi o

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

  • Mègaƒo nya ta be ne yedo kpo nu zi ɖeka aɖe la, ke efia be yedo kpo nu keŋkeŋ o. Kpɔ mɔ be nuwo mayi nyuie ɣesiaɣi le wò taɖodzinua gbɔ ɖoɖo me o.

  • Na wò susu nanɔ ɣeyiɣi siwo me nuwo yi nyuie la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ne èle agbagba dzem be ale si yeƒoa nu na ye viwo nanyo ɖe edzi la, àte ŋu abia ɖokuiwò be: ‘Ɣekaɣie nye zi mamlɛtɔ medi be mablu ɖe vinyewo ta gake nyemewɔe o? Nu kae mewɔ ɖe ema teƒe? Nu kae akpe ɖe ŋunye mawɔ nu nenema ɣebubuɣi?ʼ Nyabiase siawo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ nu siwo me nèle agbagba dzem le tsɔ wu be wò susu nanɔ nu siwo me nèdo kpo nu le la ŋu.

Àdi be yeanya ale si Biblia ƒe mɔfiamewo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le agbenɔnɔ ƒe akpa bubuwo abe ale si nànɔ te ɖe dzimaɖitsitsiwo nu, ale si nàwɔ be dzidzɔ nanɔ wò ƒomea me kple ale si nàwɔ akpɔ dzidzɔ vavãtɔa? Ekema ɖo dze kple Yehowa Ðasefowo, alo nàʋu míaƒe nyatakakadzraɖoƒe si nye jw.org/ee.

BIBLIA ME MƆFIAME BUBUWO

“Wò ŋku nelé mɔ ɖeka tsɔ le ŋgɔwò tẽe.”—Lododowo 4:25.

“Meŋlɔa nu siwo le megbenye la be, eye mele nu siwo le ŋgɔnye la minyam.”—Filipitɔwo 3:13, 14.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe