Ŋgɔdonya
Míele xexe aɖe si me dɔléle vɔ̃ɖiwo yɔ fũu la me. Nu kae míate ŋu awɔ atsɔ akpɔ mía ɖokuiwo ta?
Blemagbalẽ aɖe si me nunya le gblɔ be: “Aɖaŋudzela kpɔa afɔku gbɔna eye wòɣlaa eɖokui.”—Lododowo 22:3.
“Nyɔ!” sia ƒo nu tso nu siwo míate ŋu awɔ be míadze aɖaŋu ahaɖe nu siwo ana míanɔ dɔ dzem kabakaba dzi akpɔtɔ la ŋu.