INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g17 No. 2 axa 4-6
  • Nu Kae Biblia Fia Tso Gbɔgbɔyɔyɔ Ŋu?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Kae Biblia Fia Tso Gbɔgbɔyɔyɔ Ŋu?
  • Nyɔ!—2017
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • GBƆGBƆYƆYƆNUWƆNAWO DZƆTSOƑE
  • Ðe Kadodo Kple Vivimeŋusẽwo Nye Dzidzɔdonamenu Dzro Koa?
    Sɔhɛwo Biana Be
  • Nu Si Ta Wòle Be Nàƒo Asa Na Gbɔgbɔyɔyɔ
    Nyɔ!—2008
  • Lɔ̃ Yehowa Nakpe Ðe Ŋuwò Nàtsi Tsitre Ðe Gbɔgbɔ Vɔ̃wo Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • Nukatae Ðetsɔtsɔ Le Gbɔgbɔyɔyɔ me Va Bɔ Alea?
    Nyɔ!—2000
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2017
g17 No. 2 axa 4-6
Atsu kple asi aɖe le gbɔgbɔyɔyɔ ƒe film siwo wole boblo domee le television dzi kpɔm

Togbɔ be adzɔha siwo wɔa modzakaɖenuwo nana gbɔgbɔyɔyɔnuwɔnawo dzena abe dzidzɔdonamenuwo ene hã la, ele be míakpɔ nyuie, elabe afɔku le wo me

NYATI SI LE AKPAA DZI | NU KAE LE MEGBE NA VIVIMEŊUSẼWO?

Nu Kae Biblia Fia Tso Gbɔgbɔyɔyɔ Ŋu?

TOGBƆ be ame geɖe kea ɖi le nu sia nu si ku ɖe vivimeŋusẽ alo gbɔgbɔyɔyɔ ŋu hebua wo be wonye ameflunu alo sinimadɔwɔƒewo ƒe nutovɛ siwo ŋu woŋlɔ nu tsoe hã la, nu si to vovo kurae Biblia ya gblɔ tso eŋu. Biblia xlɔ̃ nu mí eme kɔ nyuie tso gbɔgbɔyɔyɔ ŋu. Le kpɔɖeŋu me, 5 Mose 18:10-13 gblɔ be: ‘Ame aɖeke meganɔ dowòme si nye bokɔnɔ, akunyawɔla, nutabiala, dzotɔ, ame si saa gbe dea ame, nukala, afakala alo ŋɔliyɔla o.’ Nu ka tae? Ŋɔŋlɔa yi edzi gblɔ be: “Ame sia ame si le nu siawo wɔm la, ŋunyɔnu wònye na Yehowa. . . . Mele be fɔɖiɖi aɖeke nanɔ ŋuwò le Yehowa wò Mawu ŋkume o.”

Nu ka tae Biblia ƒo nu tsi tsitre ɖe gbɔgbɔyɔyɔnuwɔna ɖe sia ɖe ƒomevi ŋu alea gbegbe?

GBƆGBƆYƆYƆNUWƆNAWO DZƆTSOƑE

Biblia gblɔ na mí be Mawu wɔ gbɔgbɔmenuwɔwɔ alo mawudɔla miliɔn geɖe xoxoxo hafi wɔ anyigba la. (Hiob 38:4, 7; Nyaɖeɖefia 5:11) Mawu na tiatiawɔwɔ ƒe ablɔɖe mawudɔla siawo dometɔ ɖe sia ɖe be wòate ŋu atia nyui kple vɔ̃. Wo dometɔ aɖewo tiae be yewoadze aglã ɖe Mawu ŋu eye wogblẽ wo nɔƒe ɖi le dziƒo eye wova gblẽ nu le anyigba dzi. Woƒe nuwɔna na be “ŋutasesẽ yɔ anyigba la dzi.”—1 Mose 6:2-5, 11; Yuda 6.

Biblia gblɔ be mawudɔla vɔ̃ɖi mawo kpɔ ŋusẽ ɖe ame miliɔn geɖe dzi hele wo blem. (Nyaɖeɖefia 12:9) Mawudɔla vɔ̃ɖi siawo wɔa didi si le amegbetɔwo me be yewoanya etsɔme la ŋu dɔ le mɔ gbegblẽ nu.—1 Samuel 28:5, 7; 1 Timoteo 4:1.

Edze abe vivimeŋusẽ aɖewo kpena ɖe amewo ŋu ene. (2 Korintotɔwo 11:14) Gake le nyateƒe me la, mawudɔla vɔ̃ɖiawoe le agbagba dzem be yewoagbã ŋku na amewo ƒe tamesusu be woaganya Mawu ŋuti nyateƒea o.—2 Korintotɔwo 4:4.

Eya ta le Biblia ƒe nya nu la, kadodo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo gblẽa nu le ame ŋu. Esia tae esi wofia ame siwo va zu Yesu ƒe nusrɔ̃lawo nyateƒe si ku ɖe nuwɔna mawo ŋu la, “afakalawo dometɔ . . . aɖewo tsɔ woƒe agbalẽwo katã vɛ, eye wotɔ dzo wo,” togbɔ be ga gbogbo aɖe dome gblẽ na wo hã.—Dɔwɔwɔwo 19:19.

Nyɔnu aɖe le agbalẽ aɖe si ku ɖe gbɔgbɔyɔyɔ ŋu xlẽm

“Nu si gbɔ wòanya tso be ɖetugbuivi geɖe va doa vivi ɖe adzetɔ siwo nya kpɔ ŋue nye ale si woɖea wo le television dzi kple filmwo me kple ale si woƒoa nu tsoa wo ŋu le agbalẽwo me gbɔ.”​—Gallup Youth Survey, 2014

Nenema kee egbea hã, ame geɖe megakpɔa gome le nuwɔna kple modzakaɖeɖe siwo me gbɔgbɔyɔyɔnuwɔnawo le o. Le kpɔɖeŋu me, esi Mariaa xɔ ƒe 12 la, edze abe etea ŋu gblɔa afɔku alo nu siwo ava dzɔ le etsɔme ɖi ene. Ezãa afakagbalẽviwo tsɔ kaa afa na eƒe sukuhatiwo, eye esi nya siwo wògblɔna vaa eme ta la, gbɔgbɔyɔyɔnuwɔnawo va nɔ enu vivim.

Maria susu be nunana wònye yexɔ tso Mawu gbɔ be yeatsɔ akpe ɖe amewo ŋu. Gake egblɔ be: “Nane ɖea fu nam. Mezãa afakagbalẽviawo tsɔ kaa afa na amewo. Gake nyemetea ŋu tsɔa wo kaa afa na ɖokuinye o togbɔ be medi be manya nu si nye etsɔme ava nye hã.”

Esi Maria mekpɔ ŋuɖoɖo na nyabiase siwo le esi o ta la, etɔtɔ eye wòdo gbe ɖa na Mawu. Emegbe Yehowa Ðasefo aɖewo va egbɔ eye wodze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kplii. Maria va srɔ̃e le Biblia me be ŋutete si le ye si be yeagblɔ etsɔme ɖi la metso Mawu gbɔ o. Esrɔ̃e hã be ele be ame siwo di be yewoanye Mawu xɔlɔ̃wo la, nagblẽ nu siwo katã do ƒome kple gbɔgbɔyɔyɔ la dome. (1 Korintotɔwo 10:21) Nu kae do tso eme? Maria gblẽ eƒe gbɔgbɔyɔnuawo kple agbalẽawo dome. Fifia ele Biblia me nyateƒe si wòsrɔ̃ la gblɔm na amewo.

Esi Michael nye sɔhɛ la, nuxexlẽ tso vivimeŋusẽwo ƒe nuwɔnawo ŋu doa dzidzɔ nɛ. Egblɔ be: “Mekpɔa dzidzɔ ɖe hanyeti siwo kpɔa dzidzedze le ŋutinya kpakpawo me la ŋu.” Ʋɛʋɛʋɛ la, madzikigbalẽwo kple agbalẽ siwo ku ɖe Satana ƒe kɔnyinyiwo ŋu xexlẽ va zu numame na Michael. Egblɔ be: “Medina vevie be maxlẽ agbalẽwo ahakpɔ film siwo ƒoa nu tso nu mawo ŋu.”

Ke hã Biblia sɔsrɔ̃ kpe ɖe Michael ŋu wòkpɔe be ele be yeakpɔ nyuie le nu siwo xlẽm yele la ŋu. Egblɔ be: “Meva de dzesi nu siwo katã do ƒome kple gbɔgbɔyɔyɔ siwo mezãna la eye megblẽ wo katã dome. Mesrɔ̃ nu vevi aɖe. Biblia gblɔ le 1 Korintotɔwo 10:31 be: ‘Miwɔ nuwo katã hena Mawu ƒe kafukafu.’ Fifia ne mebe maxlẽ agbalẽ aɖe la, mebiaa ɖokuinye be ɖe agbalẽ sia xexlẽ ahe kafukafu vɛ na Mawua? Ne mahe kafukafu vɛ na Mawu o la ke meƒoa asa nɛ.”

Nyɔnu aɖe yi jw.org nyatakakadzraɖoƒea

Woƒo nu tso Biblia ŋu wòsɔ nyuie be enye akaɖi. Enye agbalẽ tɔxɛ aɖe si gblɔ nu si tututu gbɔgbɔyɔyɔ nye la na mí. (Psalmo 119:105) Gake Biblia wɔa nu siwo de ŋgɔ wu ema. Edo ŋugbe be le etsɔme la, xexe aɖe ava si me gbɔgbɔ vɔ̃wo magakpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi o. Eye esia ana amegbetɔwo navo ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ le Psalmo 37:10, 11 be: “Esusɔ vie ko ame vɔ̃ɖiwo maganɔ anyi o; àdi wo le wo nɔƒe, ke womaganɔ afi ma o. Ke ame fafawo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo geɖe ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.”

a Míetrɔ ŋkɔ siwo le nyati sia me.

Nu Kae Nye Gbɔgbɔyɔyɔ?

Amewo ƒoa wo ɖokui ɖe gbɔgbɔyɔyɔ me to ɣletivimefakaka, adzewɔwɔ kple kadodo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo dzi.Le xexea ƒe akpa vovovowo la, amewo dzea agbagba be yewoaƒo nu kple gbɔgbɔ vɔ̃wo to afakalawo kple bokɔwo dzi. Ame geɖe kaa afa be yewoanya etsɔme. Wokaa ɣletivimefa, yia nukaƒe, wokaa ahuhɔ̃emefa alo kaa asiƒomefa.

Gbɔgbɔyɔyɔ dzena abe dzidzɔdonamenu si me afɔku aɖeke mele o ene le agbalẽwo, magazinewo kple filmwo me. Kadodomɔnu ŋuti nunyalawo gblɔ be, television dzi wɔnawo kple filmwo na gbɔgbɔyɔyɔ kpɔ ŋusẽ ɖe nu siwo dzi ame geɖe xɔ se la dzi ŋutɔ.

Nuka Tututue Nye Biblia Ƒe Nufiafia?

Míele kpewòm be nàsrɔ̃ nu geɖe tso nya siawo ŋu le Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe agbalẽa ƒe ta 10 lia me. Yehowa Ðasefowoe tae, eye àte ŋu awɔ eƒe kɔpi femaxee le jw.org/ee.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe