INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g17 No. 4 axa 14-15
  • Tetekpɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tetekpɔ
  • Nyɔ!—2017
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu kae nye tetekpɔ?
  • Nu ka tae wònyo be míawɔ nu kpata ne wote mí kpɔ?
  • Nu kae míate ŋu awɔ wòakpe ɖe mía ŋu míaɖu tetekpɔwo dzi?
  • Ale Si Nàɖu Tetekpɔwo Dzi
    Nyɔ!—2014
  • Amegbetɔ Ƒe Gbɔdzɔgbɔdzɔ Dzi Ðuɖu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Aleke Mawɔ Aɖu Tetekpɔwo Dzi?
    Sɔhɛwo Biana Be
  • Àte Ŋu Aɖu Tetekpɔ Dzi!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2017
g17 No. 4 axa 14-15
Ʋu yeye aɖe, sigaret, nuɖuɖu, nyɔnu aɖe kple ga le ŋutsu aɖe dzrom

NU SI BIBLIA GBLƆ | TETEKPƆ

Tetekpɔ

Srɔ̃gbegbe, lãmesẽkuxiwo, dzitsinya ƒe fuɖename—nu siwo dzɔna ɖe ame dzi ne eɖe mɔ tetekpɔ ɖu edzi la dometɔ aɖewo koe nye esiawo. Aleke míawɔ aƒo asa na tetekpɔwo?

Nu kae nye tetekpɔ?

Ne èkpɔ nane si nye nu gbegblẽ eye wòdzro wò be nàwɔe la, ke ezu tetekpɔ na wò. Le kpɔɖeŋu me, esi nèle fiase aɖe me le nuwo ƒlem la, èkpɔ nu nyui aɖe si dzro wò. Kasia susua va na wò be àte ŋu afi nua bɔbɔe evɔ womalé wò o. Gake wò dzitsinya gblɔ na wò be mègawɔ nu ma o! Eya ta èɖee ɖa le susu me eye nèdzo le teƒea. Tetekpɔa nu yi ye nye ema, èɖu tetekpɔa dzi.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Ne nane te wò kpɔ la, mefia be ènye ame vɔ̃ɖi o. Biblia gblɔ be mí katã míedoa go tetekpɔwo. (1 Korintotɔwo 10:13) Gake nu si le vevie nye ale si míewɔa nu ne wote mí kpɔ. Ame aɖewo bua dzodzro vɔ̃ si va susu me na wo la ŋu eye esia wɔnɛ be tetekpɔa ɖua wo dzi. Ame bubuwo hã ɖenɛ ɖa le susu me kaba.

“Nu si tea ame sia ame kpɔnae nye eya ŋutɔ ƒe nudzodzro si henɛ eye wòblenɛ.”—Yakobo 1:14.

Nu ka tae wònyo be míawɔ nu kpata ne wote mí kpɔ?

Biblia ƒo nu tso nu siwo kplɔa ame dea nu gbegblẽ wɔwɔ me la ŋu. Yakobo 1:15 gblɔ be: “Ne nudzodzro [vɔ̃] la fɔ fu la, edzia nu vɔ̃.” Kpuie ko la, ne míele nu manyomanyo ŋu bum la, eva ɖoa teƒe aɖe si míate ŋu asi le nua nu o abe ale si ko funɔ dzia vi godoo ene. Gake míate ŋu adze agbagba be míagazu kluviwo na dzodzro vɔ̃wo o. Míate ŋu aɖu dzodzro vɔ̃wo dzi.

ALE SI BIBLIA ATE ŊU AKPE ÐE MÍA ŊU

Ale si ko susua ate ŋu anɔ nu manyomanyowo ŋu bum la, nenema kee wòate ŋu aɖe wo ɖa hã. Aleke míawɔe? Ele be míatsɔ susua aɖo dɔ aɖe, dze aɖe si míeɖo kple mía xɔlɔ̃ aɖe alo nu nyui bubu aɖe ŋu. (Filipitɔwo 4:8) Anyo hã be míabu nu siwo adzɔ ne míena ta le tetekpɔ aɖe me ŋu. Nu siawo ƒe ɖewoe nye ale si wòagblẽ nu le míaƒe seselelãmewo, míaƒe ŋutilã kple mí kple Mawu dome ŋu. (5 Mose 32:29) Gbedodoɖa hã ate ŋu akpe ɖe mía ŋu geɖe. Yesu Kristo gblɔ be: “Minɔ gbedodoɖa dzi be miagadze tetekpɔ me o.”—Mateo 26:41.

“Migana woable mi o: Mawu menye ame si woate ŋu aflu o. Elabena nu si ame ƒãna la, esia kee wòaŋe.”—Galatiatɔwo 6:7.

Nu kae míate ŋu awɔ wòakpe ɖe mía ŋu míaɖu tetekpɔwo dzi?

NYATEƑEA

Bu tetekpɔwo be wonye ameflunu alo mɔ̃gbɔɖonu si ate ŋu akplɔ bometsila, ɖekemanyala alo ame si mele ŋudzɔ o ade afɔku me. (Yakobo 1:14, etenuŋɔŋlɔ) Nenema tututue wòle le gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒe tetekpɔ si me tsonuwo gblẽa nu ŋutɔ la hã gome.—Lododowo 7:22, 23.

ALE SI BIBLIA ATE ŊU AKPE ÐE MÍA ŊU

Yesu Kristo gblɔ be: “Ne wò ɖusimeŋku hea wò dea nu vɔ̃ me la, hoe ɖa nàtsɔ aƒu gbe.” (Mateo 5:29) Menye ɖee Yesu le gbɔgblɔm be míaho míaƒe ŋku ŋutɔŋutɔ o! Ke boŋ nya si gblɔm wòlee nye be ne míedi be míadze Mawu ŋu eye míakpɔ agbe mavɔ la, ke ele be míawu míaƒe ŋutinu siwo nana míewɔa nu gbegblẽ la le kpɔɖeŋumɔ nu. (Kolosetɔwo 3:5) Esia fia be míaɖoe koŋ agbe nu si akplɔ mí ade tetekpɔ me la wɔwɔ. Mawu subɔla wɔnuteƒe aɖe do gbe ɖa be: “Ðe nye ŋku ɖa le nu dzodzrowo kpɔkpɔ ŋu.”—Psalmo 119:37.

Mele bɔbɔe be míaɖu mía ɖokui dzi ya o. Nu si tae nye be ‘ŋutilãa gbɔdzɔ.’ (Mateo 26:41) Eya ta míada vo godoo. Togbɔ be ele alea hã la, ne míetrɔ dzi me vavã eye míedze agbagba be míagawɔ nu ma ake o la, mía Wɔla Yehowa Mawu akpɔ ‘nublanui na mí eye wòase veve’ ɖe mía nu. (Psalmo 103:8) Nya sia fa akɔ na ame loo!

“Oo Yah, ne vodadawo ŋue nèléa ŋku ɖo la, Oo Yehowa, anye ne ame kae ate ŋu anɔ te?”—Psalmo 130:3.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe