INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g17 No. 4 axa 16
  • Pollia Kutsetse Ƒe Amadede Blɔ Nyakpɔ La

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Pollia Kutsetse Ƒe Amadede Blɔ Nyakpɔ La
  • Nyɔ!—2017
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Emenyawo
    Nyɔ!—2017
  • Avɔwo Kple Amadedewo Le Biblia Ƒe Ɣeyiɣiwo Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Dɔ Kae Amadedewo Wɔna Ðe Dziwò?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
Nyɔ!—2017
g17 No. 4 axa 16
Pollia Kutsetse

ÐE WOWƆEA?

Pollia Kutsetse Ƒe Amadede Blɔ Nyakpɔ La

ATI sia ƒe tsetse ƒe amadede si le blɔ lae nye amadede si le blɔ wu atikutsetse bubu ɖe sia ɖe tɔ le Afrika. Ke hã emetsi mele blɔ o. Ke nu kae na eƒe amadedea nya kpɔ nenema?

Bu nya siawo ŋu kpɔ: Nu siwo le atikutsetse sia ƒe tsro me nye ka lɛlɛlɛ siwo ɖo ɖe agbaka me abe matsesitiwo ene. Ka siawo le hatsotso vovovowo me le wo nɔewo dzi, gake womesɔ ɖe wo nɔewo nu pɛpɛpɛ o, si wɔnɛ be tsetsea nɔa nogoe. Ka lɛlɛlɛ siwo le eme la ƒe amadede mele blɔ o. Ale si kaawo ɖo ɖe wo nɔewo dzi gbɔe amadedea tsona. Eya ta atikutsetse sia ƒe wɔwɔme gbɔe eƒe amadede blɔ dadzo la tso, ke menye nu si nana amadede nɔa atikutsetsewo me gbɔe o. Zi geɖe la, atikutsetsea dzena blɔ. Gake ne èle etrɔm la, àkpɔ amadede vovovowo abe gbemu, hɛ̃, alo aŋutiɖiɖi ene le eŋu, esia dzɔna alea le esi ka lɛlɛlɛawo mesɔ ɖe wo nɔewo dzi pɛpɛpɛ o ta. Azɔ hã ne ète ɖe eŋu nyuie la, àkpɔe be amadedea mele ɖeka o ele flukpee vie abe television si me mekɔ o ene.

Esi nu si nana amadede nɔa atikutsetsewo me mele atikutsetse sia me o ta la, woƒe amadede metrɔna ne woge le ati dzi gɔ̃ hã o. Le nyateƒe me la, atikutsetse sia ƒe ɖewo siwo wofɔ ƒe alafa ɖekae nye esi la gakpɔtɔ le nenema! Togbɔ be ku koe atikutsetse sia nye eye lã mele eŋu o hã la, numekula aɖewo gblɔ be ale si eƒe dzedzeme le la wɔe be edzroa xeviwo ŋutɔ.

Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo kpɔe be nu si nana amadede nɔa atikutsetsewo me si mele atikutsetse sia me o la ate ŋu ana woawɔ amadede siwo maklo o alo awɔ pepa tɔxɛ aɖe si ame bubuwo mate ŋu awɔ bɔbɔe o.

Nu kae nèsusu? Ðe atikutsetse sia ƒe amadede blɔ nyakpɔ la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe