INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g18 No. 2 axa 5
  • 2 Nuwɔwɔ Aduadu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • 2 Nuwɔwɔ Aduadu
  • Nyɔ!—2018
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NU SI WÒFIA
  • NU SI TA WÒLE VEVIE
  • NU SI NÀTE ŊU AWƆ
  • WÒ KPLE SRƆ̃WÒ MIÐO DZE TSO NYA SIAWO ŊU
  • AÐAŊUÐOÐOWO
  • Nu 3lia: Nuwɔwɔ Aduadu
    Nyɔ!—2009
  • Ale Si Mialɔ̃ Ðe Nu Ðeka Dzi
    Nyɔ!—2014
  • Ne Miaƒe Susu To Vovo
    Nu Si Akpe Ðe Ƒomewo Ŋu
  • “Mina Bubu Nanɔ Srɔ̃ɖeɖe Ŋu”
    “Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa”
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2018
g18 No. 2 axa 5
Atsu kple asi aɖe le dɔ wɔm ɖekae abe yameʋukula kple eƒe kpeɖeŋutɔ ene

Nuwɔwɔ aduadu le abe yameʋukula kple eƒe kpeɖeŋutɔ siwo wɔa nu aduadu ene

NA SRƆ̃TƆWO

2 Nuwɔwɔ Aduadu

NU SI WÒFIA

Ne atsu kple asi wɔa nu aduadu la, wova nɔna abe yameʋukula kple eƒe kpeɖeŋutɔ siwo wɔa nu aduadu ene. Ne kuxiwo do mo ɖa gɔ̃ hã la, ele be srɔ̃tɔawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe susu nayi nu si “míate” ŋu awɔ dzi, ke menye nu si “mate” ŋu awɔ dzi o.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Womeganye ame eve azɔ o, ke boŋ ŋutilã ɖeka.”—Mateo 19:6.

“Srɔ̃ɖeɖe menye ame ɖeka ƒe dɔ o. Ele be srɔ̃tɔawo nawɔ nu aduadu be srɔ̃ɖeɖea nali ke.”—Christopher.

NU SI TA WÒLE VEVIE

Ne kuxiwo do mo ɖa le atsu kple asi siwo mewɔa nu aduadu o dome la, woɖea asi le kuxia ŋu eye wokpea ŋgo kple wo nɔewo. Esia nana kuxi suewo va zua nya gãwo.

“Nuwɔwɔ aduadu wɔa akpa vevi aɖe le srɔ̃ɖeɖe me. Ne ɖe nye kple srɔ̃nye míewɔa nu aduadu o la, anye ne míanye ame eve siwo le xɔ ɖeka me, ke menye srɔ̃tɔwo o—míanye ame eve siwo le teƒe ɖeka evɔ woƒe susu mewɔa ɖeka ne ehiã be woatso nya me le nya vevi aɖe ŋu o.”—Alexandra.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

DO ÐOKUIWÒ KPƆ

  • Ðe mebua ga si mekpɔna la be enye “nye ɖeka tɔnyea”?

  • Ne medi be maɖi ɖe eme nyuie la, ɖe mekpɔnɛ be ele be magblẽ srɔ̃nye ɖe megbea?

  • Ðe nyemedina be magogo srɔ̃nye ƒe ƒometɔwo o, evɔ srɔ̃nye ya melɔ̃a nu le wo gbɔ oa?

WÒ KPLE SRƆ̃WÒ MIÐO DZE TSO NYA SIAWO ŊU

  • Nu ka(wo) mee míetea ŋu wɔa nu aduadu le wu le míaƒe srɔ̃ɖeɖea me?

  • Nu ka(wo) mee wòahiã be míagadze agbagba le wu?

  • Afɔ kawoe míate ŋu aɖe be ale si míewɔa nu aduadu la naganyo ɖe edzi?

AÐAŊUÐOÐOWO

  • Tsɔe be ame hatsotso eve le ka hem eye srɔ̃wò le akpa ɖeka eye wò hã nèle akpa kemɛ. Azɔ kpɔe ɖa be nu ŋutɔŋutɔ kawoe nàte ŋu awɔ be nàva wɔ ɖeka kple srɔ̃wòa ale be mi ame evea miava nɔ akpa ɖeka?

  • Le esi nànɔ susum be ‘Aleke màwɔ aɖu dzi?’ la, anyo be nàsusu boŋ be ‘Aleke míawɔ aɖu dzi?’

“Mèganɔ ame si tɔ dzɔ kple ame si tɔ medzɔ o dim o. Ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ si anɔ miaƒe srɔ̃ɖeɖea me le vevie wu ema kura.”—Ethan.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Miaganɔ miawo ŋutɔ miaƒe nyonyo ko dim o, ke miadi ame bubuwo hã ƒe nyonyo.”—Filipitɔwo 2:3, 4.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe