INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g18 No. 2 axa 7
  • 4 Tsɔtsɔke

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • 4 Tsɔtsɔke
  • Nyɔ!—2018
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NU SI WÒFIA
  • NU SI TA WÒLE VEVIE
  • NU SI NÀTE ŊU AWƆ
  • WÒ KPLE SRƆ̃WÒ MIÐO DZE TSO NYA SIAWO ŊU
  • Ale si Nàwɔ Atsɔ Ake
    Nyɔ!—2013
  • Ale Si Nàdzudzɔ Dzikuléle Ðe Dɔ Me
    Nyɔ!—2014
  • Nu 6lia: Tsɔtsɔke
    Nyɔ!—2009
  • ‘Miyi Edzi Miatsɔ Ake Mia Nɔewo Faa’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2018
g18 No. 2 axa 7
Atsu kple asi aɖe le dzo tsim

Tsɔtsɔke tea ŋu tsia nyaʋiʋli siwo le abe dzo flafla ene nu

NA SRƆ̃TƆWO

4 Tsɔtsɔke

NU SI WÒFIA

Be woatsɔ ake fia be woaɖe asi le agɔ si wodze le ame dzi kple vevesese si wòdo na ame la ŋu. Tsɔtsɔke mefia be woabu agɔdzedzea nu tsɛ alo abe ɖe naneke medzɔ o ene o.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Miyi edzi miado dzi anɔ anyi kple mia nɔewo, eye miatsɔ anɔ mia nɔewo kem faa ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe nɔvia ŋu.”—Kolosetɔwo 3:13.

“Ne èlɔ̃ ame aɖe la, ke àŋe aɖaba aƒu eƒe blibomademade dzi ahadze agbagba atsɔ susu aɖo ame si ƒomevi wòle agbagba dzem be yeanye la ŋu.”—Aaron.

NU SI TA WÒLE VEVIE

Ne èléa dziku ɖe dɔme la ate ŋu agblẽ nu le wò lãmesẽ kple seselelãme ŋu—ate ŋu agblẽ nu le wò srɔ̃ɖeɖea hã ŋu.

“Gbe ɖeka srɔ̃nye ɖe kuku nam ɖe nane si wòwɔ wòvem la ta. Esesẽ nam be matsɔ akee. Metsɔe kee ya, gake ete ɖe dzinye be nyemewɔe kaba o. Esi nyemetsɔe ke kaba o ta, ehe masɔmasɔ de mía dome.”—Julia.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

DO ÐOKUIWÒ KPƆ

Ne srɔ̃wò gagblɔ nya aɖe alo wɔ nane wòve wò la, bia ɖokuiwò be:

  • ‘Ðe nu veam kabakabaa?’

  • ‘Ðe agɔdzedzea nye ŋkubiãnya si ta wòahiã be woaɖe kuku nam loo alo ɖe mate ŋu aŋe aɖaba aƒu edzia?’

WÒ KPLE SRƆ̃WÒ MIÐO DZE TSO NYA SIAWO ŊU

  • Ɣeyiɣi didi kae wòxɔna hafi míetsɔnɛ kea mía nɔewo?

  • Nu kae míate ŋu awɔ be míatsɔ anɔ mía nɔewo kem kaba?

AÐAŊUÐOÐOWO

  • Ne srɔ̃wò dze agɔ le dziwò la, mèganɔ susu vɔ̃wo bum ɖe eŋu o.

  • Dze agbagba nàɖe susu ɖa le srɔ̃wò ƒe vodadawo ŋu, ɖo ŋku edzi be “mí katã míedaa vo zi geɖe.”—Yakobo 3:2.

“Ne vodadaa tso mí ame evea gbɔ la, enɔa bɔbɔe be míatsɔ ake gake ne etso ame ɖeka gbɔa, menɔa bɔbɔe o. Ebia ɖokuibɔbɔ be ame nalɔ̃ axɔ kukuɖeɖe eye wòatsɔ ake.”—Kimberly.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Dzra wò kple [nɔviwò] la dome ɖo kaba.”—Mateo 5:25.

Ne èléa dziku ɖe dɔme la ate ŋu agblẽ nu le wò lãmesẽ kple seselelãme ŋu—ate ŋu agblẽ nu le wò srɔ̃ɖeɖea hã ŋu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe