INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g19 No. 2 axa 8-9
  • Ale Si Wòanɔ Te Ðe Nu Nu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ale Si Wòanɔ Te Ðe Nu Nu
  • Nyɔ!—2019
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NU KAE WÒFIA BE WOANƆ TE ÐE NU NU?
  • NU KA TAE TENƆNƆ ÐE NU NU LE VEVIE?
  • ALE SI NÀFIA VIWÒA BE WÒANƆ TE ÐE NU NU
  • Ðe Metea Ŋu Doa Dzia?
    Sɔhɛwo Biana Be
  • Ale Si Nàkpe Ðe Viwò Ŋu Ne Edo Kpo Nu Le Nanewo Me
    Nu Si Akpe Ðe Ƒomewo Ŋu
  • Ale Si Woafia Ðokuibɔbɔ Ðeviwo
    Nyɔ!—2017
  • Kpe Ðe Viwò Ŋu Wòanɔ Te Ðe Nuxaxa Nu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2019
g19 No. 2 axa 8-9
Dzi le nyɔnuvi aɖe kum elabe nane si wòmè la gblẽ, gake dadaa le kpekpem ɖe eŋu

NU 3

Ale Si Wòanɔ Te Ðe Nu Nu

NU KAE WÒFIA BE WOANƆ TE ÐE NU NU?

Ame si nɔa te ɖe nu nu nye ame si tea ŋu trɔna ɖe nɔnɔmeawo ŋu bɔbɔe eye wògakpɔa dzidzɔ. Nanewo me toto ye nana nɔnɔme sia va sua ame si. Ale si ko ɖevi si le azɔlizɔzɔ srɔ̃m megbea anyidzedze o la, nenemae agbe madze edzi na ɖevi ne mesrɔ̃ ale si wòanɔ te ɖe kuxiwo nu o.

NU KA TAE TENƆNƆ ÐE NU NU LE VEVIE?

Dzi ɖena le ɖevi aɖewo ƒo ne wodo kpo nu, wole nɔnɔme sesẽ aɖe me tom, alo wohe nya ɖe wo ŋu. Ðewo ya naa ta kura. Ke hã, ele be wòase nyateƒenya vevi siawo gɔme:

  • Míado kpo nu le nanewo me godoo.—Yakobo 3:2.

  • Ame sia ame toa nɔnɔme sesẽ aɖe me ɣeaɖewoɣi.—Nyagblɔla 9:11.

  • Ðɔɖɔɖo hiã be míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe.—Lododowo 9:9.

Tenɔnɔ ɖe nu nu akpe ɖe viwòa ŋu be dzi nanɔ eƒo wòakpe akɔ kple agbemekuxiwo.

ALE SI NÀFIA VIWÒA BE WÒANƆ TE ÐE NU NU

Ne viwòa do kpo nu le nane me.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Ne ame dzɔdzɔe dze anyi zi adre hã la, agafɔ.”—Lododowo 24:16.

Kpe ɖe viwòa ŋu be wòada nuwo akpɔ nyuie. Le kpɔɖeŋu me, nu kae wòawɔ ne ege le sukudodokpɔ aɖe me? Ðewohĩ ana ta agblɔ be, “Nye ya nyemate ŋu awɔ naneke wòanyo o!”

Be nàfia ale si wòanɔ te ɖe nu nui la, kpe ɖe eŋu wòakpɔe ɖa be nu kae yeawɔ be dodokpɔa nanyo ɣebubuɣi hã. Ne èwɔe elea la, viwòa ŋutɔ ate ŋu akpɔ kuxia gbɔ, wu be kuxia naɖu edzi.

Gake wò ŋutɔ mègakpɔ kuxia gbɔ nɛ o. Kpe ɖe eŋu be eya ŋutɔ boŋ nadi mɔ si dzi wòato akpɔ egbɔ. Àte ŋu abiae be: “Nu kae nèsusu be yeate ŋu awɔ be yeagase nyati ma gɔme nyuie wu ne wole efiam?”

Ne nya vɔ̃ aɖe dzɔ.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Mienya ale si miaƒe agbe anɔ etsɔ o.”—Yakobo 4:14.

Ame aɖeke menya nu si adzɔ etsɔ o. Ame si nye gatɔ egbea ate ŋu ava zu hiãtɔ etsɔ; ame si le lãmesẽ me egbea ate ŋu ava zu dɔnɔ etsɔ. Biblia gblɔ be: “Dziɖuɖu le duɖimekeke me mele afɔ ɖeablɛ me ɣesiaɣi o, dziɖuɖu le aʋa me mele kalẽwɔwɔ me ɣesiaɣi o . . . elabena azãgbe kple nuɖiɖeame li na wo katã.”—Nyagblɔla 9:11.

Esi nènye dzila ta la, èwɔa tɔwò sinua be yeakpɔ ye via ta tso afɔku me. Gake manya wɔ be nàkpɔ viwòa ta tso kuxi ɖe sia ɖe me o.

Enye nyateƒe be viwòa metsi ase nu si wòfia be dɔ nagblẽ na ame alo be ame nanɔ gakuxiwo me tom gɔme o. Ke hã, àte ŋu akpe ɖe eŋu be wòanɔ te ɖe kuxi bubuwo abe, ne eya kple exɔlɔ̃ aɖe ƒe ƒomedodo me gblẽ alo ne miaƒe ƒometɔ aɖe ku ene nu.a

Ne wogbe nya na viwòa le nu gbegblẽ aɖe si wòwɔ ta.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Se aɖaŋuɖoɖo . . . ne nàdze nunya le etsɔ si gbɔna me.”—Lododowo 19:20.

Ne ame aɖe gbe nya na viwò la, menye ŋlɔmi wɔm wòle le eŋu o; ke boŋ ele kpekpem ɖe eŋu be wòaɖe asi le nu gbegblẽ alo nɔnɔme gbegblẽ aɖe ŋu.

Ne èfia viwòa be wòalɔ̃ woaɖɔe ɖo la, aɖe vi na mi ame evea siaa. Vifofo aɖe si ŋkɔe nye John gblɔ be: “Ne ètsoa viwòwo xɔna le vodada ɖe sia ɖe si wowɔna me la, womasrɔ̃ nu gbeɖe o. Nu gbegblẽ wɔwɔ dzi koe woanɔ, eye gbe sia gbe la, ànɔ woƒe kuxiwo nu lém. Esia ana agbea nati dzilawo kple ɖeviawo siaa.”

Aleke nàte ŋu akpe ɖe viwòa ŋu be wòalɔ̃ woagbe nya nɛ? Ne wogbe nya na viwòa, le suku alo teƒe bubu aɖe la, ɖu ɖokuiwò dzi be màgagblɔ be mesɔ be woaɖɔe ɖo o. Ðe ema teƒe la, àte ŋu abiae be:

  • “Èsusu be nu ka tae woɖɔ wò ɖo?”

  • “Ðe nàte ŋu awɔ asitɔtrɔ aɖewoa?”

  • “Ne ègakpɔ ɖokuiwò le nɔnɔme sia me ɣebubuɣi la, nu kae nàwɔ?”

Ðo ŋku edzi be ne wogbea nya na viwòa la, aɖe vi nɛ fifia kple ne eva tsi.

a Kpɔ nyati si nye “Kpe Ðe Viwò Ŋu Wòanɔ Te Ðe Nuxaxa Nu,” si dze le July 1, 2008, ƒe Gbetakpɔxɔ me.

Dzi le nyɔnuvi aɖe kum elabe nane si wòmè la gblẽ, gake dadaa le kpekpem ɖe eŋu

NA HEHEE FIFIA

Ame si nɔa te ɖe nɔnɔme sesẽwo kple vodadawo nu la, mana ta bɔbɔe ne eva le dɔ aɖe srɔ̃m o, ke boŋ ado dzi asrɔ̃e nyuie

Ðo Kpɔɖeŋu Nyui

  • Ðe melɔ̃na ɖe nye vodadawo dzi loo alo ɖe medanɛ ɖe ame bubuwo dzi?

  • Ðe meƒoa nu tso nu siwo me medo kpo nu le kple nu si mesrɔ̃ tso eme ŋua?

  • Ðe meɖua fewu le ame bubuwo ŋu ne woda voa?

Nu Si Míewɔna . . . 

“Míekpɔa mía viawo ta tso kuxi, fukpekpe alo vodada ɖe sia ɖe me o. Esi wònye be menɔ te ɖe nɔnɔme mawo tɔgbi nu le nye ɖevime ta la, ekpe ɖe ŋunye metu nɔnɔme nyuiwo ɖo. Mekpɔe be mía vi eveawo tsi va zu ame siwo da sɔ, siwo nɔa te ɖe nɔnɔme vovovowo nu, elabena míewɔ vi na wo o.”—Jeff.

“Ne nye kple srɔ̃nye míeda vo ɖe mía viawo ŋu la, míeɖea kuku na wo ɣesiaɣi. Mekpɔe be ele be dzilawo naƒo nu tso vodada aɖewo siwo wowɔ kpɔ alo kuxi aɖewo siwo me woto la ŋu na wo viwo atsɔ afia wo be nenemae agbea le ye nye ema.”—James.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe