INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g20 No. 1 axa 3
  • Ðe Nu Te Ðe Dziwòa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Nu Te Ðe Dziwòa?
  • Nyɔ!—2020
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nuteɖeamedzi Nyuitɔ Kple Gbegblẽtɔ
    Nyɔ!—1998
  • Ale Si Nàwɔ Aɖu Dzimaɖitsitsi Fũu Akpa Dzi
    Nyɔ!—2010
  • Dzimaɖitsitsi Ate Ŋu Agblẽ Nu Le Ame Ŋu Vevie
    Nyɔ!—2010
  • Nuteɖeamedzi “Aɖi si Wɔa Dɔ Blewu”
    Nyɔ!—1998
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2020
g20 No. 1 axa 3
Nyɔnu aɖe si dzi nu te ɖo le dɔme la de mo to eye wòlé blanui vevie.

ALE SI NÀWƆ AVO TSO NUTEÐEAMEDZI ME

Ðe Nu Te Ðe Dziwòa?

“Nu tena ɖe ame sia ame dzi va ɖo afi aɖe, gake tɔnye ya wu gbɔgblɔ. Menye nu gã ɖeka aɖe gbɔ koe wòtso o, ke boŋ etso nu vovovo siwo nye hloluitsotsowo kple ƒe gbogbo siwo metsɔ le srɔ̃nye ŋutsu si dze dɔ le ŋutilãme kple susume dzi kpɔm la gbɔ.”—Jill.a

“Srɔ̃nye dzo le gbɔnye, eye eva hiã be nye ɖeka mahe mía vi eve. Mele bɔbɔe be woanye dzilaɖekɛ o. Nu si gagblẽ nyaa ɖe edzie nye be, dɔ ge le asinye, eye ga menɔ asinye matsɔ adzra nye ʋu si gblẽ la ɖo o. Nyemenya nu si tututu mawɔ o. Nuteɖeamedzia wu tsɔtsɔ nam. Menya nyuie be mesɔ be mawu ɖokuinye o, eya ta meɖe kuku na Mawu be wòaɖe nye agbe ɖa.”—Barry.

Ðe nu tena ɖe wò hã dziwò ɣeaɖewoɣi abe Jill kple Barry enea? Ne nenemae la, ke nyati siwo kplɔ esia ɖo afa akɔ na wò eye woakpe ɖe ŋuwò. Nyatiawo ƒo nu tso nu siwo gbɔ nuteɖeamedzi tsona, ale si wòate ŋu agblẽ nu le mía ŋu kple ale si míawɔ ate ŋu anɔ te ɖe enu fifia la ŋu.

a Míetrɔ ŋkɔawo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe