INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g20 No. 1 axa 5-7
  • Nu Kae Nye Nuteɖeamedzi?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Kae Nye Nuteɖeamedzi?
  • Nyɔ!—2020
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NUTEÐEAMEDZI ATE ŊU AÐE VI ALO AGBLẼ NU
  • Dzimaɖitsitsi Ŋusẽ Si Wòkpɔna Ðe Míaƒe Ŋutilã Dzi
    Nyɔ!—2010
  • Nuteɖeamedzi Nyuitɔ Kple Gbegblẽtɔ
    Nyɔ!—1998
  • Ale Si Nàwɔ Aɖu Dzimaɖitsitsi Fũu Akpa Dzi
    Nyɔ!—2010
  • Dzimaɖitsitsi Ate Ŋu Agblẽ Nu Le Ame Ŋu Vevie
    Nyɔ!—2010
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2020
g20 No. 1 axa 5-7
Dɔwɔla aɖe si le dugã me le du ƒum hele atrakpuiwo liam ɖo ta dɔwɔƒe aɖe.

ALE SI NÀWƆ AVO TSO NUTEÐEAMEDZI ME

Nu Kae Nye Nuteɖeamedzi?

Nuteɖeamedzi nye ale si wò ametia wɔa nu le nɔnɔme sesẽwo me. Wò ahɔhɔ̃ nana lãmetsi aɖewo dzina ɖe lãme na wò. Esia wɔnɛ be wò dzi ƒona kabakaba, wò ʋu sina kabakaba, wò dzitodzito vuna alo mĩana eye wò lãmekawo liana. Kaka nànya la, ametia le klalo anɔ te ɖe nɔnɔmea nu. Ne nu si he nuteɖeamedzia vɛ nu yi ko la, wò ametia gawɔa dɔ ale si dze.

NUTEÐEAMEDZI ATE ŊU AÐE VI ALO AGBLẼ NU

Nuteɖeamedzi nye mɔ aɖe si dzi ame tona nɔa te ɖe nɔnɔme sesẽwo alo afɔkuwo nu le dzɔdzɔmenu. Tenɔnɔ ɖe nɔnɔmea nu dzea egɔme tso ahɔhɔ̃a me. Nuteɖeamedzi si ɖea vi la ana nawɔ nu kpata. Nuteɖeamedzi si megbɔ eme o ate ŋu ana nàɖo wò taɖodzinuwo gbɔ alo ana nàwɔ dɔ nyuie, ɖewohĩ le dodokpɔ me, ne èle dɔ dim, alo le kamedefefe aɖe me.

Ke hã, ne nu te ɖe dziwò eteƒe didi, alo wògbɔ eme la, ate ŋu agblẽ nu le ŋuwò. Ne ètsia dzodzodzoe edziedzi la, ate ŋu agblẽ nu le wò ametia, wò seselelãme kple wò susu ŋu. Wò nɔnɔme kple ale si nèwɔa nu ɖe amewo ŋu ate ŋu atrɔ. Nuteɖeamedzi si nu sẽ ate ŋu ana ame natsɔ aha nono, atike vɔ̃ɖiwo zazã kple nuwɔna gbegblẽ bubuwo aɖo dɔe be yeatsɔ anɔ te ɖe enu. Ate ŋu ana ame nalé blanuiléledɔ, nu nati kɔ na ame, alo wòana ame nadi be yeawu ye ɖokui gɔ̃ hã.

Togbɔ be ame sia ame kple ale si wòwɔa nui ne nu te ɖe edzi hã la, nuteɖeamedzi ate ŋu ahe dɔléle vovovowo ava ame dzi. Eye ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ametia ƒe akpa sia akpa kloe dzi.

ŊUSẼ SI NUTEÐEAMEDZI ATE ŊU AKPƆ ÐE WÒ AMETIA DZI

Ahɔhɔ̃mekawo ƒe dɔwɔwɔ.

Ŋutsu aɖe ɖo asi ŋgonu, le nuteɖeamedzi ta.

Wò ahɔhɔ̃mekawo nana wò ametia dzia lãmetsiwo abe adrenaline kple cortisol ene. Esia nana wò dzi ƒona kabakaba, wò ʋu sina kabakaba, eye sukli si le wò ʋu me hã dzina ɖe edzi—nu siawo katã kpena ɖe ametia ŋu wòɖea afɔ kaba ne afɔku gbɔna. Gake nuteɖeamedzi si gbɔ eme ate ŋu ahe

  • dzikudodo, dzimaɖitsitsi, blanuiléledɔ, taɖuame kple alɔ̃madɔmadɔ vɛ

Lãmekawo kple ƒuwo.

Wò lãmekawo liana ale be woakpɔ tawò be nu vevi nagawɔ wò o. Gake nuteɖeamedzi si gbɔ eme ate ŋu ahe

  • lãmevee, taɖuame kple vevesese le lãmekawo me vɛ

Dzitodzito ƒe dɔwɔwɔ.

Dzitodzito ƒe dɔwɔwɔ kabakaba nana ame gbɔna ɔksidzin-ya nyuie wu. Gake nuteɖeamedzi si gbɔ eme ate ŋu ana

  • gbɔgbɔtsixe natsi ame ƒo alo gbɔgbɔ masu ame o, eye le ame aɖewo gome la, enana dzidzi ƒoa wo

Dzi kple ʋukawo ƒe dɔwɔwɔ.

Wò dzi ƒona sesĩe kabakaba ale be ʋu nate ŋu asi le lãme na wò nyuie. Ʋukawo me vuna alo mĩana ale be ʋu nate ŋu asi ayi ametia ƒe akpa siwo hiãe wu, le kpɔɖeŋu me, ʋu sina yia lãkusiwo me ne ehiã le afi ma wu. Gake nuteɖeamedzi si gbɔ eme ate ŋu ahe

  • ʋusɔgbɔdɔ, dzidɔ kple gbagbadɔ vɛ

Lãmenu siwo wɔa lãmetsiwo ƒe dɔwɔwɔ.

Wò lãmenu aɖewo wɔa lãmetsiwo abe adrenaline kple cortisol ene siwo kpena ɖe ametia ŋu wòtea ŋu nɔa te ɖe nuteɖeamedzi nu. Wò aklã nana sukli si le wò ʋu me la dzina ɖe edzi be wòado ŋusẽ wò. Gake nuteɖeamedzi si gbɔ eme ate ŋu ana

  • ame nalé suklidɔ, ŋusẽ maganɔ ametia ŋu wòawɔ avu kple dɔlékuiwo o, si ana ame nànɔ dɔ dzem kabakaba, eƒe seselelãme nanɔ tɔtrɔm, eye wòava nɔ lolom fũu akpa

Dɔgbo ƒe dɔwɔwɔ.

Nuteɖeamedzi ate ŋu ana wò dɔgbo ƒe dɔwɔwɔ me natɔtɔ. Nuteɖeamedzi si gbɔ eme ate ŋu ana

  • dzigbɔ nanɔ ame tsɔm, ame nanɔ xe ɖem, ame nanɔ mitsi nyem alo ame mate ŋu anɔ afɔdzi dem o

Vidzidzi ŋutete.

Nuteɖeamedzi ate ŋu ana gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro kple ŋutete nu naɖiɖi. Nuteɖeamedzi si gbɔ eme ate ŋu ana

  • ame nagbɔdzɔ le ŋutsu me, eye nyɔnu ƒe asiɖoɖoanyi me natɔtɔ

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe