INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g20 No. 2 axa 6-7
  • 1 Mawue Na Míele Fu Kpema?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • 1 Mawue Na Míele Fu Kpema?
  • Nyɔ!—2020
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Si Ta Nya Sia Le Vevie
  • Bu Nya Sia Ŋu Kpɔ
  • Nya Si Biblia Gblɔ
  • Emenyawo
    Nyɔ!—2020
  • Nya Kae Biblia Gblɔ?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
  • Nyabiase Etɔ̃lia: Nu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ Mele Fu Kpem?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Nukata Mawu Ðe Mɔ Fukpekpe Li?
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2020
g20 No. 2 axa 6-7
Nunɔla aɖe lé Biblia ɖe asi eye wòle mawunya gblɔm na sɔlemevi aɖewo siwo le nu xam.

1. Mawue Na Míele Fu Kpema?

Nu Si Ta Nya Sia Le Vevie

Ame geɖe megadina be yewoasubɔ Mawu o elabe wosusu be egbɔe fukpekpewo tso.

Bu Nya Sia Ŋu Kpɔ

Subɔsubɔha geɖewo ƒe nufiafia nana wòdzena be Mawue nana míekpea fu. Le kpɔɖeŋu me wo dometɔ aɖewo gblɔna be:

  • Mawu tsɔa dzɔdzɔmefɔkuwo hea to na mí.

  • Ðeviwo kuna elabe Mawu hiã mawudɔlawo le dziƒo.

  • Mawu dea akpa ɖeka dzi le aʋawɔwɔwo me, si na amewo kpea fu vevie.

Gake ɖe haŋgɔnɔla siawo da alakpa ɖe Mawu sia? Ðe Mawu gbe wo le woƒe nufiafia siawo ta?

SRƆ̃ NU GEÐE KPEE

Kpɔ video si nye Nu Ka Tae Wònyo Be Nàsrɔ̃ Biblia? si le jw.org/ee.

Nya Si Biblia Gblɔ

Menye Mawue nana míekpea fu o.

Ne eyae nana míekpea fua, ke mewɔ ɖeka kple eƒe nɔnɔme siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe o. Le kpɔɖeŋu me:

“[Mawu ƒe] mɔwo katã dzɔ. . . . Dzɔdzɔetɔ kple nuteƒewɔla wònye.”—5 MOSE 32:4.

“Mawu vavã la mawɔ nu vɔ̃ɖi akpɔ o, eye Ŋusẽkatãtɔ la mawɔ nu gbegblẽ gbeɖe o!”—HIOB 34:10.

“Ŋusẽkatãtɔ la mebaɖaa afɔ na nya dzɔdzɔe o.”—HIOB 34:12.

Subɔsubɔha siwo fiaa alakpanuwo tso Mawu ŋu la ƒe nu medoa dzidzɔ nɛ o.

Le kpɔɖeŋu me, subɔsubɔha siwo fiaa nu be Mawue nana míekpea fu kple esiwo daa asi ɖe aʋawɔwɔ kple ŋutasẽnuwɔwɔwo dzi ƒe nu medoa dzidzɔ nɛ o.

Mawu gblɔ be: “Alakpanya sɔŋ gblɔm nyagblɔɖilawo le ɖi le nye ŋkɔ me. Nyemedɔ wo o, nyemede se na wo o, eye nyemeƒo nu kpli wo hã o. Alakpaŋutega . . . kple woƒe dzi ƒe amebeble gblɔm wole ɖi na mi.”—YEREMIYA 14:14.

Yesu ƒo nu tsitre ɖe alakpanuwɔwɔ le mawusubɔsubɔ me ŋu.

“Menye ame sia ame si le gbɔgblɔm nam be, ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ,’ ye ayi ɖe Dziƒofiaɖuƒe la me o, negbe ame si le Fofonye si le dziƒowo ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la koe. Ame geɖewo agblɔ nam le ŋkeke ma dzi be: ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ, ɖe míegblɔ nya ɖi le wò ŋkɔ me, eye míenya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le wò ŋkɔ me, eye míewɔ ŋusẽdɔ geɖewo le wò ŋkɔ me oa?’ Ke nye hã maʋu eme na wo bena: ‘Nyemenya mi kpɔ o! Mi sedzimawɔlawo, mite ɖa le gbɔnye!’”—MATEO 7:21-23.

Mawue na míele fu kpema?

Tsɔe be vifofo aɖe he viawo nyuie eye wòkpɔa woƒe nuhiahiãwo hã gbɔ na wo. Gbe ɖeka viawo dometɔ ɖeka dze aglã eye wòʋu le aƒea me eye wòva le agbe si dzroe la nɔm. Ðe woabu fɔ vifofoa ɖe via ƒe nuwɔnaa ta? Ðe ɖevia ate ŋu agblɔ be ye fofoe na yeva le fu kpema? Nenema kee míate ŋu agblɔ be Mawue na míele fu kpem o.

Gake ɖe esia fia be míawo ŋutɔwo gbɔe wòtsoa?

Biabia 2 lia aɖo nya sia ŋu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe