INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g20 No. 2 axa 12-13
  • 4. Ðe Wowɔ Mí Be Míakpe Fua?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • 4. Ðe Wowɔ Mí Be Míakpe Fua?
  • Nyɔ!—2020
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Si Ta Wòle Vevie
  • Bu Nya Sia Ŋu Kpɔ
  • Nya Si Biblia Gblɔ
  • Nya Si Biblia Gblɔ Tso Fukpekpe Ŋu
    Nyɔ!—2015
  • Emenyawo
    Nyɔ!—2020
  • Nya Kae Biblia Gblɔ?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
  • Nyabiase Etɔ̃lia: Nu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ Mele Fu Kpem?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2020
g20 No. 2 axa 12-13
Ƒome aɖe va le agbe ɖum le towo dzi. Wole foto ɖem wo ɖokuiwo eye towo le wo megbe.

4. Ðe Wowɔ Mí Be Míakpe Fua?

Nu Si Ta Wòle Vevie

Biabia ma ƒe ŋuɖoɖo akpɔ ŋusẽ ɖe ale si míebua agbee dzi.

Bu Nya Sia Ŋu Kpɔ

Ðe wòasɔ be Mawu si wɔ nu nyui siwo le xexea me la, naɖoe be amegbetɔwo nanɔ fu kpema?

Le ame siwo mesubɔa Mawu o gome la, wobua fukpekpe be enye kpeɖodzi be Mawu meli o. Woƒe susue nye be fukpekpe fia be (1) ŋusẽ mele Mawu si be wòatɔ tee o, (2) Mawu medi be yeaɖee ɖa o, alo (3) be Mawu meli o.

Susu siawo ta koe amewo kpea fu ɖoa?

SRƆ̃ NU GEÐE KPEE

Kpɔ video si nye Aleke Míawɔ Aka Ðe Edzi Be Biblia Me Nyawo Nye Nyateƒe? si le jw.org/ee.

Nya Si Biblia Gblɔ

Mawu mewɔ mí be míakpe fu o.

Edi be míase vivi na agbea.

“Nu nyui aɖeke meli ame nawɔ wu be wòakpɔ dzidzɔ ahawɔ nyui le eƒe agbenɔɣi o, eye be ame sia ame naɖu nu ano nu, eye wòakpɔ dzidzɔ le eƒe dɔ sesẽ wɔwɔwo katã me. Mawu ƒe nunanae wònye.”—NYAGBLƆLA 3:12, 13.

Mawu na nu sia nu si ame eve gbãtɔwo hiã le gɔmedzedzea me la wo.

Mawu meɖoe be woawo loo alo woƒe dzidzimeviwo nakpe fu o.

“Mawu gblɔ na wo be: ‘Midzi ne miasɔ gbɔ, miayɔ anyigba la dzi, eye miaɖu edzi.’”—1 MOSE 1:28.

Ame eve gbãtɔawo ɖoe be yewomaɖo to Mawu o.

Esia wɔe be, wohe fukpekpe va woawo ŋutɔwo kple woƒe dzidzimeviwo katã dzi.

“To ame ɖeka dzi nu vɔ̃ va xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va, ale ku la kaka ɖe amewo katã dome, esi wo katã wɔ nu vɔ̃ ŋuti.”—ROMATƆWO 5:12.a

Mawu mewɔ mí be míafia mɔ mía ɖokuiwo ye manɔmee o.

Abe ale si ko menye amegbetɔwo nɔƒee nye tsi me o ene la, nenema kee womewɔ amegbetɔ be wòafia mɔ eɖokui o.

“Ŋusẽ mele amegbetɔ si be eya ŋutɔ nafia mɔ eƒe zɔzɔme o.”—YEREMIYA 10:23.

Mawu medi be míanɔ fu kpem o.

Edi be míaƒo asa na fukpekpewo ne anya wɔ.

“Ne ɖe nàɖo to nye sededewo ɖe! Anye ne wò ŋutifafa anɔ abe tɔsisi ene.”—YESAYA 48:18.

a Le Biblia me la, menye nu gbegblẽ si ame aɖe wɔ koe nya “nu vɔ̃” fia o, ke boŋ efia nɔnɔme si dome amegbetɔwo katã nyi la hã.

Ðe wowɔ mí be míakpe fua?

Ao. Mawu meɖoe kura be amegbetɔwo nakpe fu o. Fukpekpe dze egɔme tso esime ame eve gbãtɔawo ɖoe be yewomaɖo to Mawu o. Gake esia mefia be amegbetɔwo anɔ fu kpem ɖaa tegbee o.

Ðe fukpekpewo nu ava yia?

Biabia 5 lia aɖo nya sia ŋu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe