INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g20 No. 2 axa 14-15
  • 5. Ðe Fukpekpewo Nu Ava Yia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • 5. Ðe Fukpekpewo Nu Ava Yia?
  • Nyɔ!—2020
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Si Ta Wòle Vevie
  • Bu Nya Sia Ŋu Kpɔ
  • Nya Si Biblia Gblɔ
  • Nya Kae Biblia Gblɔ?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
  • Nya Si Biblia Gblɔ Tso Fukpekpe Ŋu
    Nyɔ!—2015
  • Nyabiase Etɔ̃lia: Nu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ Mele Fu Kpem?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Xexea Me Katã Ƒe Kuxie, Woakpɔ Egbɔ Le Xexea Me Katã
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2020
g20 No. 2 axa 14-15
Ƒome aɖe le agbe ɖum le tɔ to. Wole dze ɖom eye wole nu kom.

5. Ðe Fukpekpewo Nu Ava Yia?

Nu Si Ta Wòle Vevie

Ne susu aɖe li si tae míaxɔe ase be fukpekpewo nu ayi la, ke ana ale si míebua agbee kple ale si míebua Mawui la natrɔ.

Bu Nya Sia Ŋu Kpɔ

Ame geɖe dina be yewoaɖe fukpekpewo ɖa, gake ŋutetea mele wo ŋu o. De dzesi nya siwo gbɔna:

Togbɔ be woyi ŋgɔ le atikewɔwɔ me hã . . .

  • Dzidɔ ye nye dɔléle si wua ame gbogbotɔwo.

  • Kansa wua ame miliɔn geɖe ƒe sia ƒe.

  • Ðɔkta David Bloom gblɔ le agbalẽ aɖe me be, “Togbɔ be ɖɔktawo ke ɖe atike geɖewo ŋu hã la, womete ŋu le dɔwo dam o, eye dɔléle yeyewo kple esiwo womegakpɔ kpɔ o ɣeyiɣi didi aɖe nye esia gɔ̃ hã le ta dom ɖa.”

Togbɔ be nu de dukɔ aɖewo dzi hã . . .

  • Ƒe sia ƒe la, ɖevi miliɔn geɖe ye kuna, vevietɔ esiwo le nuto siwo me ahedada le me.

  • Ame miliɔn geɖe le nuto siwo me dzadzɛnyenyenyawo mede amewo dzi le o.

  • Ame miliɔn gbogbo aɖewo mekpɔa tsi nyui nona o.

Togbɔ be ame geɖe nya ale si woawɔ nu ɖe wo havi amegbetɔ ŋu egbea hã . . .

  • Wogale amewo lém le dzadzram le dukɔ geɖe me, evɔ dukɔ mawo mele to hem na ame siwo le nu sia wɔm o. Dukɔ Ƒoƒuawo ka nya ta be, “dukɔ mawo ƒe dziɖuɖumegãwo menya be ele edzi yim o, alo mɔnu si woazã atsɔ ahe to na wo la meli o.”

    SRƆ̃ NU GEÐE KPEE

    Kpɔ video si nye Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒe La? si le jw.org/ee.

Nya Si Biblia Gblɔ

Mawu léa be na mí.

Etena ɖe Mawu dzi ne míele veve sem alo le nu xam.

“[Mawu] medo vlo alo nyɔ ŋu hiãtɔ la ƒe fukpekpe o; meɣla eƒe ŋkume ɖee o. Eye esi wòdo ɣli nɛ be wòaxɔ na ye la, esee.”—PSALMO 22:24.

‘Midro miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe edzi, elabena eléa be na mi.’—1 PETRO 5:7.

Fukpekpewo manɔ anyi ɖaa o.

Biblia do ŋugbe be tame si Mawu ɖo ɖe mía ŋu la ava eme.

“Mawu . . . atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, konyifafa kple ɣlidodo kpakple vevesese hã maganɔ anyi o.”—NYAÐEÐEFIA 21:3, 4.

Mawu aɖe nu siwo nana míekpea fu la ɖa.

Ato eƒe Fiaɖuƒe, si Biblia ɖɔ be enye dziɖuɖu ŋutɔŋutɔ la dzi, awɔ esia.

“Dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o. Eye fiaɖuƒe sia mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o. . . . Eya ɖeɖe anɔ anyi tegbee.”—DANIEL 2:44.

Ðe fukpekpewo nu ava yia?

Godoo, gake menye amegbetɔwoe aɖee ɖa o. Ðeko amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo léa fukpekpewo nu, gake Mawu ya aɖe wo ɖa keŋkeŋ. Eye awɔ esia to eƒe Fiaɖuƒea dzi.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe