INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g20 No. 3 axa 8-9
  • De Dzesi Nɔnɔme Nyui Siwo Le Amewo Si

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • De Dzesi Nɔnɔme Nyui Siwo Le Amewo Si
  • Nyɔ!—2020
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kuxia
  • Nya Si Biblia Gblɔ
  • Nu Si Nàte Ŋu Awɔ
  • Nazãbubu—Ðe Wòle Nu Gblẽm Le Ŋuwòa?
    Nyɔ!—2020
  • Xexe Si Me Nazãbubu Manɔ O​—Ɣekaɣie Wòava?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Nazãbubu​—Xexea Me Godoo Ƒe Kuxie
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Mina Mí Katã Míawɔ Ðeka Abe Ale Si Yehowa Kple Yesu Wɔ Ðeka Ene
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2020
g20 No. 3 axa 8-9
Foto: 1. Atsu kple asi aɖe si le kplakplakpla dzi la do dziku esi nyɔnu aɖe si nye ŋkunɔ la va tso wo ŋgɔ. 2. Nyɔnu si nye ŋkunɔ la ƒe nu do dzidzɔ na atsu kple asi ma ke esi wokpɔ ŋkunɔa emegbe wònɔ kasaŋku ƒom.

De Dzesi Nɔnɔme Nyui Siwo Le Amewo Si

Kuxia

Zi geɖe la, ame siwo susuna be yewonyo wu ame bubuwo la bua nazã eye womebua ame bubuwo ɖe ɖeke me o. Mɔ̃ sia ate ŋu aɖe ame sia ame. Encyclopædia Britannica gblɔ be: “Ame geɖe susunɛ be ale si yewonɔa agbee, yewoƒe nuɖuɖuwo, yewoƒe awudodo, nu siwo yewolɔ̃a wɔwɔ, yewoƒe dzixɔsewo, nu siwo ŋu yewodea asixɔxɔe, kple bubuawo, la de ŋgɔ wu ame bubuwo tɔ.” Aleke míawɔ aƒo asa na nuŋububu totro sia?

Nya Si Biblia Gblɔ

“Mitsɔ ɖokuibɔbɔ bu ame bubuwo be wonye gã wu mi.”—FILIPITƆWO 2:3.

Nu kae nya sia fia? Be míagabu mía ɖokui ŋu fũu akpa o la, ele be míasrɔ̃ ale si míabɔbɔ mía ɖokui. Ne míebɔbɔa mía ɖokui la, míalɔ̃ ɖe edzi be ame bubuwo nyo wu mi le go aɖewo me. Ame hatsotso ɖeka aɖeke meli si si ŋutete kple nɔnɔme nyuiwo katã le o.

Bu Stefan ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Etsi le Kɔmiunist dukɔ aɖe me eye wòbua nazã ɖe ame siwo metso Kɔmiunist dukɔwo me o la ŋu. Gake eva ɖu nuŋububu ma dzi. Egblɔ be: “Meva kpɔe be ne míebu ame bubuwo be wonye gã wu mi la, esia akpe ɖe mía ŋu be míaɖu nazãbubu dzi. Menye nu sia nu ye menya o. Mate ŋu asrɔ̃ nane tso ame sia me gbɔ.”

Nu Si Nàte Ŋu Awɔ

Dze agbagba nàda asɔ le ale si nèbua ɖokuiwòe la me eye nàlɔ̃ ɖe edzi be yedaa vo. Lɔ̃ ɖe edzi be ame bubuwo nyo wu ye le go aɖewo me. Mègasusui be gbagbãƒe ɖeka aɖe tɔgbi le ame siwo katã tso to ɖeka aɖe me la ŋu o.

Le esi nànɔ susu manyomanyo bum ɖe ame aɖe si tso to aɖe me ŋu teƒe la, bia ɖokuiwò be:

Lɔ̃ ɖe edzi be ame bubuwo nyo wu ye le go aɖewo me

  • ‘Ðe nɔnɔme siwo medzɔa dzi nam le amea ŋu o la gblẽ ŋutɔŋutɔa, alo ɖeko woto vovo na tɔnye?’

  • ‘Ðe amea hã ate ŋu akpɔ vodadawo le ŋunyea?’

  • ‘Nu kawo mee amea nyo wum le?’

Ne èɖo nya siawo ŋu anukwaretɔe la, menye ɖeko wòakpe ɖe ŋuwò naɖu nazãbubu dzi o, ke akpe ɖe ŋuwò hã be nàkpɔ nɔnɔme nyui siwo ado dzidzɔ na wò la le amea ŋu.

Agbemenudzɔdzɔ: Nelson (United States/États-Unis)

“Le nuto si me metsi le me la, amewo katã ƒe ŋutigbalẽ ƒe amadede nye ɖeka eye wo katã wonye nuto ma me tɔwo. Gake esi mexɔ ƒe wuiasieke eye meʋu yi dugã me be mavɛ wɔ dɔ le dɔwɔƒe gã aɖe la, ame siwo dome menɔ kple ame siwo mewɔa dɔ kpli la tso dukɔ vovovowo me, woƒe ŋutigbalẽ ƒe amadede to vovo eye woƒe dekɔnuwo hã to vovo.

“Esi meva nɔ nye dɔwɔhatiwo nyam nyuie wu eye medze xɔ̃ wo la, meva kpɔe be menye ŋutigbalẽ ƒe amadede si le ame aɖe ŋu, gbe si wòdona, kple dukɔ si me wòtso dzie manɔ te ɖo anya nenye be ewɔa dɔ sesẽ, mate ŋu aka ɖe edzi, alo anya ale si wòsena le eɖokui me tso nuwo ŋu o.

“Emegbe meva ɖe nyɔnu aɖe si tso dukɔ bubu me, eye eƒe ŋutigbalẽ ƒe amadede to vovo na tɔnye. Meva nya nuɖuɖu ƒomevi vovovo kple ha ƒomevi vovovo siwo nyemenya tsã o, eye esia na mele dzidzɔ kpɔm ŋutɔ. Meva srɔ̃e le agbe me be nɔnɔme nyuiwo kple gbegblẽawo siaa le mí katã ŋu. Le nyateƒe me la, nɔnɔme nyuiwo va su asinye elabe mede dzesi nɔnɔme nyui mawo le ame siwo ƒe ŋutigbalẽ ƒe amadede to vovo na tɔnye eye wotso dukɔ vovovowo me la gbɔ, eye mesrɔ̃ wo.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe