INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g21 No. 1 axa 4-5
  • Nunya Si Nana Dzidzɔ Nɔa Ƒomewo Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nunya Si Nana Dzidzɔ Nɔa Ƒomewo Me
  • Nyɔ!—2021
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Srɔ̃ŋutsuwo, Milɔ̃ Mia Srɔ̃wo
  • Srɔ̃nyɔnuwo, Mide Bubu Mia Srɔ̃ Ŋu
  • Wɔ Nuteƒe Na Srɔ̃wò
  • Dzilawo, Mihe Mia Viwo
  • Ðeviwo, Miɖo To Mia Dzilawo
  • Dzidzɔ Ate Ŋu Anɔ Wò Ƒomea Me
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Alesi Nàna Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomea Me
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Ƒomegbenɔnɔ si Dzea Mawu Ŋu
    Nukae Mawu Di tso Mía Si?
  • Nu Kae Ana Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomea Me?—Akpa 1
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2021
g21 No. 1 axa 4-5
Ƒome aɖe si le dzidzɔ kpɔm la yi asi ɖi ge ɖekae.

Nunya Si Nana Dzidzɔ Nɔa Ƒomewo Me

Srɔ̃ɖeɖe kple vidzidzi nye nunana xɔasiwo tso mía Wɔlaa gbɔ. Edi be dzidzɔ nanɔ míaƒe ƒomewo me. Eya ta ena mɔfiamewo mí le blemagbalẽ kɔkɔe aɖe me, siwo ana míaƒe ƒomegbenɔnɔ nanyo ɖe edzi eye míakpɔ dzidzɔ geɖe wu. Kpɔ aɖaŋuɖoɖo nyui siawo ɖa.

Srɔ̃ŋutsuwo, Milɔ̃ Mia Srɔ̃wo

“Srɔ̃ŋutsuwo nalɔ̃ wo srɔ̃wo abe woawo ŋutɔwo ƒe ŋutilã ene. Ŋutsu si lɔ̃a srɔ̃a la lɔ̃a eɖokui, elabena ame aɖeke melé fu eya ŋutɔ ƒe ŋutilã kpɔ o, ke boŋ enyinɛ, eye wòléa be nɛ nyuie.”—EFESOTƆWO 5:28, 29.

Srɔ̃ŋutsue nye ƒomea ƒe ta. (Efesotɔwo 5:23) Gake srɔ̃ŋutsu nyui mewɔa ŋlɔmi alo sẽa tame le srɔ̃a ŋu o. Ke boŋ edea asixɔxɔ eŋu, lɔ̃nɛ vevie eye wòkpɔa eƒe nuhiahiãwo gbɔ. Azɔ hã, edzea agbagba wɔa nu siwo ado dzidzɔ na srɔ̃a, eye mezia edzi be wòawɔ nu si yedi ɣesiaɣi o. (Filipitɔwo 2:4) Egblɔa eƒe susuwo kple seselelãmewo nɛ faa, eye eɖoa to sea eya hã ƒe susuwo. Medoa “domedzoe . . . helĩhelĩ” ɖe srɔ̃a ŋu o, eye meƒonɛ alo dzunɛ o.—Kolosetɔwo 3:19.

Srɔ̃nyɔnuwo, Mide Bubu Mia Srɔ̃ Ŋu

“Srɔ̃nyɔnu . . . nade bubu deto srɔ̃a ŋu.”—EFESOTƆWO 5:33.

Ne srɔ̃nyɔnu dea bubu srɔ̃a ŋu eye wòlɔ̃na ɖe eƒe nyametsotsowo dzia, ana ŋutifafa nanɔ ƒomea me. Ne ŋutsua wɔ vodadaa, meɖia gbɔe o, ke boŋ ewɔa nu ɖe eŋu le tufafa me eye wòdea bubu eŋu. (1 Petro 3:4) Ne edi be yeaɖe kuxi aɖe dzi na srɔ̃a, edia ɣeyiɣi nyuitɔ si dzi wòawɔe le, eye wòƒoa nu nɛ tso nyaa ŋu le bubumɔ nu.—Nyagblɔla 3:7.

Wɔ Nuteƒe Na Srɔ̃wò

‘Ŋutsu aku ɖe srɔ̃a ŋu, eye woazu ŋutilã ɖeka.’—1 MOSE 2:24.

Ne ŋutsu kple nyɔnu ɖe wo nɔewoa, wova zua ƒome ɖeka. Eya ta be srɔ̃tɔwo dome nanɔ kplikplikplia, ele be woadze agbagba geɖe anɔ dze ɖom tso dzi me eye woanɔ dɔme nyom na wo nɔewo. Azɔ hã, ele be woawɔ nuteƒe na wo nɔewo; mele be wo dometɔ aɖeke nadɔ kple ame bubu o. Ame si mewɔ nuteƒe na srɔ̃a oa doa vevesese nɛ. Enana megakana ɖe edzi o, eye esia ate ŋu agbã ƒomea.—Hebritɔwo 13:4.

Dzilawo, Mihe Mia Viwo

“Mla ɖevi ɖe mɔ si wòato la ŋu; ne eva tsi hã mate ɖa le edzi o.”—LODODOWO 22:6.

Mawu de dɔ asi na dzilawo be woahe wo viwo. Esia bia be woafia wo ale si woanɔ agbee, eye woaɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi na wo. (5 Mose 6:6, 7) Ne ɖevi wɔ nu gbegblẽa, dzila nyui mawɔ nu wòagbɔ eme o. Ke boŋ ‘aɖe abla le nusese me, anɔ blewu le nuƒoƒo me eye wòanɔ blewu le dziku me.’ (Yakobo 1:19) Ne dzilaa kpɔe be ehiã be yeahe to na ye via, awɔe le lɔlɔ̃ me, ke menye le dziku me o.

Ðeviwo, Miɖo To Mia Dzilawo

“Mi ɖeviwo, miɖo to mia dzilawo . . . ‘Bu fofowò kple dawò.’”—EFESOTƆWO 6:1, 2.

Ele be ɖeviwo naɖo to wo dzilawo eye woade bubu wo ŋu vevie. Ne ɖeviwo dea bubu wo dzilawo ŋua, enana dzidzɔ kple ŋutifafa nɔa ƒomea me eye ƒomea wɔa ɖeka. Vi tsitsiwo dea bubu wo dzilawo ŋu ne wokpɔa woƒe nuhiahiãwo gbɔ. Nuhiahiã siawo ate ŋu anye ga alo wo dzilawo ƒe aƒe me dzadzra ɖo.—1 Timoteo 5:3, 4.

Meva Zu Srɔ̃ŋutsu Nyui

“Ale si wohem le ɖevime wɔe be menɔa nu ɖom na srɔ̃nye ɣesiaɣi. Gake meva srɔ̃e be abe ƒome ƒe ta enea, mele be madi ɖokuinye tɔ alo aɖu aƒetɔ ɖe srɔ̃nye dzi o, ke boŋ ele be maɖo to ase eya hã ƒe susuwo. Le Mawu ŋkumea, ŋutilã ɖekae míenye, ta ele be mawɔ nu ɖe eŋu abe ale si mewɔnɛ ɖe ɖokuinye ŋu ene. Mɔfiame vevi mawo wɔe be meva zu srɔ̃ŋutsu nyui, eye nye ƒomea le dzidzɔ kpɔm.”—Rahul.

Rahul kple srɔ̃a.

Srɔ̃ nu geɖe kpee:

Ne èdi aɖaŋuɖoɖo nyui bubu siwo ana wò ƒomegbenɔnɔ nanyo ɖe edzia, ʋu jw.org eye nàyi BIBLIA ƑE NUFIAFIAWO > SRƆ̃ÐEÐE KPLE ƑOMEGBENƆNƆ.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe