INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g21 No. 2 axa 4-6
  • Ŋusẽ Ka Kpɔm Mɔ̃ɖaŋunuwo Le Ðe Wò Kple Xɔ̃wòwo Dzi?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋusẽ Ka Kpɔm Mɔ̃ɖaŋunuwo Le Ðe Wò Kple Xɔ̃wòwo Dzi?
  • Nyɔ!—2021
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NU SI WÒLE BE NÀNYA
  • NU SI NÀTE ŊU AWƆ
  • Ale Si Nàwɔ Adze Xɔlɔ̃ Vavãwo
    Nyɔ!—2016
  • Ðe Internet Dzi Hahoo Kadodowo Zazã Le Nu Gblẽm Le Ŋunyea?
    Sɔhɛwo Biana Be
  • Ðeviwo Kple Internet Dzi Hahoo Kadodowo—Akpa 1: Ðe Wòle Be Vinye Nazã Internet Dzi Hahoo Kadodowoa?
    Nu Si Akpe Ðe Ƒomewo Ŋu
  • Nu Kae Mawɔ Ne Dzinyelawo Meɖe Mɔ Nam Be Mazã Internet Dzi Hahokadoƒewo O?
    Sɔhɛwo Biana Be
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2021
g21 No. 2 axa 4-6
Xɔlɔ̃ aɖewo siwo le xexea ƒe akpa vovovowo le nu ƒom kple wo nɔewo to videokadodowo dzi.

Ŋusẽ Ka Kpɔm Mɔ̃ɖaŋunuwo Le Ðe Wò Kple Xɔ̃wòwo Dzi?

Enyo ŋutɔ be mɔ̃ɖaŋunuwo na wòle bɔbɔe be ame eve nate ŋu aɖo dze kple wo nɔewo to text message, email, videokadodowo kple hahoo kadomɔnu bubuwo dzi togbɔ be wole xexea ƒe akpa vovovowo hã. Le woawo gomea, wobua mɔ̃ɖaŋunuwo be wonye viɖenu.

Gake ame siwo zãa mɔ̃ɖaŋunuwo koŋ tsɔ ɖoa dze kple wo xɔlɔ̃woa, doa go kuxi siawo. . .

  • womebua amewo ƒe seselelãme ŋu o.

  • wotsia akogo zi geɖe.

  • wobua wo ɖokui ŋu wu ame bubuwo.

NU SI WÒLE BE NÀNYA

Sɔhɛ aɖe le hahokadoƒe aɖe zãm le zãtiƒe. Nu si kpɔm wòle lea nye nu si ame 723,000 kpɔ xoxo.

VEVESEÐEAMENU

Veveseɖeamenu bia be míagbɔ dzi ɖi abu ame bubuwo ŋu, gake asesẽ ŋutɔ be míawɔ esia ne míaƒe ŋku biã ɖe hahoo kadoƒewo ŋu, nɔa text messagewo ɖom ɖa alo nɔa wo xlẽm.

Ne mɔ̃ɖaŋunuwo va le ŋusẽ kpɔm ɖe dziwòa, ava zu agba na wò be nàɖo message gbogbo siwo ɖom xɔ̃wòwo le ɖa la ŋu. Le messageawo ƒe agbɔsɔsɔ taa, àdi ko be yeaɖo ɖe sia ɖe ŋu kpuie, eye esia awɔe be màde dzesii ne xɔ̃wò aɖe hiã kpekpeɖeŋu ŋutɔŋutɔ o.

BU NYA SIA ŊU KPƆ: Ne èle mɔ̃ɖaŋunuwo zãm gɔ̃ hã, aleke nàwɔ ase “veve ɖe ame nu”?—1 PETRO 3:8.

AKOGOTSITSI

Numekuku fia be ame siwo zãa Internet dzi hahoo kadoƒewo atraɖii la dometɔ geɖe va tsia akogo vevie emegbe. Numekulaawo ƒo nya ta be ne amewo kpɔ ame bubuwo ƒe fotowo kple nu vovovowoa, enana ame “sena le eɖokui me be nu le yewo ŋu tom.”

Azɔ hã, ne amewo da foto siwo me wole dzidzɔ kpɔm le ɖe Internet dzia, ewɔnɛ be ame si nɔa foto mawo kpɔm ƒoa nya ta be yemele vivi aɖeke sem le agbe me o. Ate ŋu ana wòase le eɖokui me be nu le edzi dzem na amewo gake ye ya nuwo le ye ŋu tom.

BU NYA SIA ŊU KPƆ: Ne èle Internet dzi hahoo kadodowo zãma, aleke nàwɔ aƒo asa na ɖokuiwò tsɔtsɔ sɔ kple amewo?—GALATIATƆWO 6:4.

ÐOKUITƆDIDI

Nufiala aɖe gblɔ be yeƒe sukuvi aɖewo dia wo ɖokuiwo tɔ, eya ta nu si koŋ ŋue wotsia dzi ɖoe nye, “Ame kae le dzinye?” Nu si woakpɔ tso wo xɔlɔ̃wo gbɔ dzi koe xɔlɔ̃dzedze ma nɔa te ɖo. Ne ame aɖe wɔa nu alea, ke ava nɔ exɔlɔ̃awo bum abe fon aɖe si yeate ŋu azã, si ŋu yeagate ŋu aɖe asi le bɔbɔe ene.

BU NYA SIA ŊU KPƆ: Ðe nu siwo nèdana ɖe hahoo kadoƒewo ɖenɛ fiana be èle ho ʋlim kple amewo alo hea susu vaa ɖokuiwò dzi fũu akpa?—GALATIATƆWO 5:26.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

LÉ ŊKU ÐE ALE SI NÈZÃA MƆ̃ÐAŊUNUWOE ŊU

Ne mɔ̃ɖaŋunuwo le vi ɖem na wò ke menye be wole aƒetɔ ɖum ɖe dziwò oa, ana nàte ɖe xɔ̃wòwo ŋu eye wò kpli wo dome nanɔ kplikplikpli.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Lɔlɔ̃ . . . media eya ŋutɔ tɔ o.”—1 KORINTOTƆWO 13:4, 5.

Tia aɖaŋuɖoɖo siwo dzi nèdi be yeawɔ ɖo alo ŋlɔ wò ŋutɔ tɔwò.

  • Nɔ dze ɖom kple amewo ŋkume kple ŋkume (tsɔ wu be nànɔ text message alo email ɖom ɖe wo)

  • Ne èle dze ɖom kple amewoa anyo be nàtsi wò fon (alo nàtrɔ asi le eŋu be maɖe toɣli o)

  • Ðe ɣeyiɣi agbɔsɔsɔ si nèzãna ɖe hahoo kadoƒewo ŋu dzi kpɔtɔ

  • Nye toɖola nyui

  • Kpe ɖe xɔ̃wò aɖe si le nɔnɔme sesẽwo me tom la ŋu

BIA ÐOKUIWÒ BE . . .

  • Ðe metsɔa ɖe le eme na ame siwo tsɔa ɖe le eme nam ŋutɔŋutɔa?

  • Ne mele dze ɖom kple xɔ̃nye aɖea, zi nenie text message, alo nu bubu siwo le nye fon dzi va tsoa dzeɖoɖoa me?

  • Ðe fotowo alo nya siwo meŋlɔna ɖe hahoo kadoƒewoa, nana wòdzena abe mele susu hem va ɖokuinye dzia?

  • Ne mevae tsa le hahoo kadoƒewo dzi ʋuua, aleke mesena le ɖokuinye me emegbe?

  • Aleke mawɔ aƒo asa na Internet zazã fũu akpa ale be makpɔ vovo ɖe xɔ̃nyewo ŋu?

    BIBLIA ƑE MƆFIAME: ‘Miganɔ miawo ŋutɔ miaƒe nyonyo ko dim o, ke midi ame bubuwo hã ƒe nyonyo.’—FILIPITƆWO 2:4.

Emily.

“Xɔlɔ̃dzedze bia ɣeyiɣi kple agbagbadzedze. Le nyateƒe mea ame ʋɛ aɖewo koe nàte ŋu adze xɔ̃e. Ðo ŋku edzi be xɔlɔ̃ ƒe nyonyomee le vevie menye woƒe agbɔsɔsɔ o. Xɔlɔ̃ vavãwo adi wò nyonyo, eye wò hã àdi woƒe nyonyo.”​—EMILY

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe