INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g21 No. 2 axa 7-9
  • Ŋusẽ Ka Kpɔm Mɔ̃ɖaŋunuwo Le Ðe Viwòwo Dzi?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋusẽ Ka Kpɔm Mɔ̃ɖaŋunuwo Le Ðe Viwòwo Dzi?
  • Nyɔ!—2021
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NU SI WÒLE BE NÀNYA
  • NU SI NÀTE ŊU AWƆ
  • Ðe Viwò Le Internet Zãma?
    Nyɔ!—2008
  • Ðeviwo Kple Asitelefon Zazã—Akpa 1: Ðe Wòle Be Asitelefon Nanɔ Vinye Sia?
    Nu Si Akpe Ðe Ƒomewo Ŋu
  • Kpe Ðe Viwò Ŋu Be Wòagakpɔ Amamaɖeɖenuwɔnawo O
    Nu Si Akpe Ðe Ƒomewo Ŋu
  • Ðe Nèzãa Mɔ̃ɖaŋunuwo Nyuiea?
    Nyɔ!—2015
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2021
g21 No. 2 axa 7-9
Ðevi siwo xɔ ƒe vovovowo le fefem le elektrɔnikmɔ̃wo dzi le esi teƒe be woatsɔ fefenuwo anɔ fefemee.

Ŋusẽ Ka Kpɔm Mɔ̃ɖaŋunuwo Le Ðe Viwòwo Dzi?

Mɔ̃ɖaŋunuwo zazã tea ŋu sesẽna na ame tsitsiwo ɣeaɖewoɣi. Gake ɖeviwo ya bi ɖe wo zazã me ale gbegbe be ame aɖewo yɔa wo be “kɔmpiuta viwo.”

Le ɣeyiɣi ma ke mea, ame aɖewo de dzesii be sɔhɛ siwo zãa ɣeyiɣi ɖe Internet ŋu fũua . . .

  • va nyea ame siwo vuna ɖe woƒe mɔ̃awo ŋu goŋgoŋ.

  • va nyea ame siwo gblẽa ame ŋu le Internet dzi.

  • va nyea ame siwo kpɔa amamaɖeɖenuwɔnawo.

NU SI WÒLE BE NÀNYA

Ŋutsuvi aɖe lé fon ɖe asi eye wòle eƒe ʋɔ tum vɔvɔ̃tɔe esi nɔa tso eme va yina.

EZAZÃ ZUA NUMAME

Wotrɔ asi le Internet dzi dɔwɔnu aɖewo ŋu be wo zazã nazu numame na amewo eye asiɖeɖe le wo ŋu nasesẽ; dɔwɔnu siawo ƒe ɖee nye videofefewo. Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Wotrɔ asi le dɔwɔnu siwo le míaƒe fonwo dzi ŋu kple susu be ne míele wo zãma, wòasesẽ na mí be míaɖe asi le wo ŋu.” (Reclaiming Conversation) Azɔ hã wodoa boblo dɔwɔnuwo le Internet dzi eye zi ale si míekpɔtɔ le dɔwɔnu mawo zãma, zi nenemae wotoa boblododo mawo dzi kpɔa ga.

BU NYA SIA ŊU KPƆ: Ðe viwòwo kuna ɖe woƒe fon ŋu hegbea asiɖeɖe le eŋua? Aleke nàwɔ akpe ɖe wo ŋu be woazã woƒe ɣeyiɣiwo nyuie?—EFESOTƆWO 5:15, 16.

AMEŊUGBEGBLẼ

Amewo wɔa nu adãtɔe le Internet dzi, wogblɔa nya ƒaƒãwo eye wometsɔa ɖeke le ame bubuwo ƒe seselelãmewo me o—nɔnɔme siawo ate ŋu awɔe be ame nava nɔ gbɔɖiamenyawo gblɔm le Internet dzi.

Ame aɖewo hã wɔa nu ɖe amewo ŋu amemabumabutɔe le Internet dzi tsɔ hea susu vaa wo ɖokuiwo dzi kple susu be yewoaxɔ ŋkɔ. Alo ame aɖewo sena le wo ɖokuiwo me be woɖe yewo ɖe aga. Le kpɔɖeŋu me ne wokpɔe le Internet dzi be yewo xɔlɔ̃wo vae ɖu azã evɔ womekpe yewo oa, esia tena ɖe wo dzi vevie.

BU NYA SIA ŊU KPƆ: Ne viwòwo le Internet zãma, ɖe wowɔa nu ɖe amewo ŋu nyuiea? (Efesotɔwo 4:31) Aleke wosena le wo ɖokui me ne amewo mekpe wo o?

AMAMAÐEÐENUWƆNAWO

Amamaɖeɖenuwɔnawo bɔ ɖe Internet dzi ŋutɔ eye ele bɔbɔe be ame nakpɔ wo. Dɔwɔnu aɖewo li dzilawo ate ŋu azã atsɔ atrɔ asi le nu siwo wo viwo akpɔ le internet dzi ŋu, gake womewɔa dɔ ɣesiaɣi o, eye ɖeviwo agate ŋu akpɔ nu gbegblẽwo kokoko.

Se meɖe mɔ be ame naɖe ama eɖokui aɖe foto atsɔ aɖo ɖe ame, vevietɔ to fon dzi o. Le teƒe aɖewoa, wotsɔa nya ɖe ame siawo tɔgbi ŋu be wole ɖeviwo ƒe amamaɖeɖenuwo kpɔkpɔ dom ɖe ŋgɔ, esia kuna ɖe ƒe si amea xɔ kple se si dzi wòda le ŋu.

BU NYA SIA ŊU KPƆ: Aleke nàwɔ akpe ɖe viwòwo ŋu be mɔ̃ sia nagaɖe wo o?—EFESOTƆWO 5:3, 4.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

NA HEHE VIWÒWO

Togbɔ be ɖeviwo bi ɖe mɔ̃ɖaŋunuwo zazã me hã, egahiã kokoko be woafia mɔ wo. Agbalẽ aɖe gblɔ be ne woɖe mɔ na ɖevi be wòazã fon alo mɔ̃ bubu aɖe gake menya ezazã le mɔ nyuitɔ nu oa, ele “ko abe ale si woana ɖevi nati kpo adze tɔ gã aɖe me evɔ menya tsiƒuƒu o ene.”—Indistractable.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Mla ɖevi ɖe mɔ si wòato la ŋu; ne eva tsi hã mate ɖa le edzi o.”—LODODOWO 22:6.

De dzesi aɖaŋuɖoɖo siwo ŋu dɔ nàdi be yeawɔ, alo nàŋlɔ wò susuwo ɖi.

  • Nye kple vinye míadzro ale si wòawɔ nu ɖe amewo ŋu nyuie le Internet dzi la me

  • Makpe ɖe vinye ŋu be wòaganɔ sesem le eɖokui me be woɖe ye ɖe aga o

  • Maxe mɔ ɖe teƒe siwo wòate ŋu akpɔ nu gbegblẽwo le le Internet dzi ŋu ale si mate ŋui

  • Manɔ ŋku lém ɖe nu siwo le vinye ƒe fon dzi alo nu si wòzãnɛ tsɔ kpɔna ŋu edziedzi

  • Maɖo ɣeyiɣi agbɔsɔsɔ si wòazã fon le ŋkekea me nɛ

  • Nyemaɖe mɔ vinye nazã mɔ̃wo le ɣaɣlaƒe alo le eƒe xɔ me le zã me o

  • Ne ƒomea le nu ɖum ɖekaea, nyemaɖe mɔ vinye nazã mɔ̃wo o

NYA SIWO ŊU DZILAWO ATE ŊU AÐO DZE TSOE

  • Ðe míetsɔa mɔ̃ɖaŋunuwo blea mía viwo nu be wòanye woƒe fefenua?

  • Ðe mía via hiã na fon siwo zãa Internet-a? Ne nenemaea, nu ka tae?

  • Ne èƒle fon si zãa Internet na viwòa, àte ŋu anɔ Internet ƒlem nɛa?

  • Ðe mía via ɖua eɖokui dzi, alo tsoa nya me nyuie le eɖokui sia?

  • Ðe mía via toa nyateƒea? Ne eda voa, etsona le eɖokui si ɖɔa nuwo ɖoa?

  • Ðoɖo kawoe míawɔ siwo dzi wòazɔ ɖo?

  • Aleke míawɔ akpɔ egbɔ be mía via mele eƒe ɣeyiɣiwo katã zãm ɖe eƒe mɔ̃a ko ŋu o?

    BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Ame tsitsiwo . . . na hehe woƒe nugɔmeseseŋutetewo to wo zazã me, be woate ŋu ade vovo nyui kple vɔ̃ dome.”—HEBRITƆWO 5:14.

Laureta kple David.

“Nu ka tae viwòwo le fon dim? Aleke wozãa wò fon-ee? Nyatakakadzraɖoƒe kae woyina? Videofefe kawoe woƒona? Ɣeyiɣi didi kae wozãna ɖe fon-a ŋu? Dze agbagba nànya ale si viwòwo zãa elektrɔnikmɔ̃wo kple nu siwo wowɔna le wo dzi hafi nàɖe mɔ ɖe wo zazã ŋu na wo.”​—LAURETA, KPLE EƑE AƑETƆ, DAVID

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe