INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g21 No. 3 axa 8-9
  • Nu Si Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo Mate Ŋu Afia Mí O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Si Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo Mate Ŋu Afia Mí O
  • Nyɔ!—2021
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Fugboeŋutinunyala Aɖe Ƒe Xɔse
    Nyɔ!—2016
  • Aleke Xexea Kple Agbe Wɔ Va Dzɔ?
    Nyɔ!—2002
  • Ale Si Dzɔdzɔmeŋutinunya Ðea Vi Na Wòe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Wɔla La Ate Ŋu Ana Gɔmesese Nanɔ Wò Agbe Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2021
g21 No. 3 axa 8-9
Nufiala aɖe si fiaa nu tso dzɔdzɔmenuwo ŋua le nu me dzrom kple eƒe sukuviwo.

Nu Si Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo Mate Ŋu Afia Mí O

Anɔ eme be dzɔdzɔmeŋutinunyalawo srɔ̃ nu tso xexea ƒe akpa sia akpa ŋu. Gake biabia vevi gbogbo aɖewo li siwo ŋu womate ŋu aɖo o.

Ðe dzɔdzɔmeŋutinunyalawo nya ale si xexea kple agbe wɔ va dzɔa? Nya sia ƒe ŋuɖoɖo kpuie koe nye ao. Ame aɖewo gblɔ be dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo srɔ̃ nu tso xexea ŋua, ate ŋu aɖe ale si xexea wɔ va dzɔ me. Ke hã, Marcelo Gleiser, si fiaa nu tso ɣletiviwo ŋu le Dartmouth College, ɖo nya ma ŋu be: “Mímete ŋu ɖe ale si xexea wɔ va dzɔa me kura o.” Nufiala Gleiser le ame siwo xɔe se be mímate ŋu anya naneke tso Mawu ŋu oa dome.

Nenema kee magazine si nye Science News gblɔ tso ale si agbe wɔ va dzɔ ŋu be: “Manya wɔ gbeɖe be míanya ale si tututu agbe wɔ dze egɔme le anyigba dzi o. Agakpewo kple blemanu siwo nɔ anyi ɣemaɣi, siwo ana míanya ale si agbea dze egɔme le anyigba dzia nu yi xoxoxo.” Nya mawo na míekpɔe be dzɔdzɔmeŋutinunyalawo mekpɔ kpɔ ŋuɖoɖo na ale si xexea kple agbe wɔ va dzɔ o.

Ðewohĩ àbia be, ‘Ne ame aɖe gbɔe agbe dzɔ tsoa, ke ame kae?’ Ànya bia nya siawo hã kpɔ: ‘Ne Wɔla lɔ̃ame aɖe si ƒe nunya de ŋgɔ sãsãsã li ŋutɔŋutɔa, nu ka tae wòaɖe mɔ eƒe nuwɔwɔ siwo nye amegbetɔwo nanɔ fu kpem? Nu ka tae wòɖe mɔ subɔsubɔha vovovowo li? Nu ka tae wòɖe mɔ ame siwo le esubɔm la le nu vlo geɖe wɔm?’

Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo mate ŋu aɖo biabia siawo ŋu o. Gake ema mefia be màte ŋu akpɔ ŋuɖoɖo fakɔname na biabia siawo o. Le nyateƒe mea, Biblia kpe ɖe ame geɖe ŋu wokpɔ biabia siawo ƒe ŋuɖoɖo fakɔnamewo.

Ne èdi be yeanya nu si tae dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo siwo di ɣeyiɣi srɔ̃ Biblia nyuiea va xɔe se be Wɔla aɖe lia, ke yi jw.org eye nàdi video hatsotso si nye Nya Siwo Amewo Gblɔ Tso Afi Si Agbe Dzɔ Tso Ŋu.

Dzɔdzɔmeŋutinunya Kple Biblia Na Wova Xɔ Wɔlaa Dzi Se

Georgiy N. Koidan, atikeŋutinunyala

“Dɔ si mewɔnae nye be maƒo nu suesuesue vovovo (molecules) siwo woatsɔ awɔ atikea nu ƒu. Ebia be mawɔ ɖoɖo ɖe eŋu do ŋgɔ ale be mate ŋu aɖo wo nyuie. Ne mewɔ vodada sue aɖea, nu bliboa agli. Togbɔ be nye dɔa bia ŋuɖɔɖo blibo hãa, ne metsɔe sɔ kple dɔ siwo gbegbe lãmenugbagbeviwo wɔna hafi dzia lãmetsi vovovowoa, mekpɔe be nye dɔa le bɔbɔe wu. Esia na meva xɔe se be Wɔla aɖe si nye Atikeŋutinunyala Gãtɔ li.

“Esi mesrɔ̃ Bibliaa, meva de dzesi be menye agbalẽ dzro aɖe ko wònye o. Togbɔ be ƒe 2,000 aɖewoe nye esia woŋlɔ Biblia hãa, mekpɔe be eƒe aɖaŋuɖoɖowo gale vi ɖem na mí kokoko. Aɖaŋu siwo wòɖo ku ɖe ale si míawɔ akpɔ masɔmasɔwo gbɔ le ƒomea me, le dɔwɔƒewo kple mía nɔewo domea wɔa dɔ ŋutɔ. Meva ƒo nya ta be ame aɖe si ƒe nunya de ŋgɔ sãa wu amegbetɔwo tɔ gbɔ koe aɖaŋuɖoɖo nyui mawo ate ŋu atso.”

Yan-Der Hsuuw, fugboeŋutinunyalagã

“Ne fugboe le tsitsima, ele be lãmenugbagbeviwo katã nawɔ dɔ aduadu ale be woatrɔ lãmenugbagbevia ɖewo woazu ahɔhɔ̃mekawo, lãkusiwo, ƒuwo, ʋu kple lãmeka bubuwo ale be vivivia wòazu ame. Va se ɖe fifia, mímese ale si tututu wòdzɔna be lãmenugbagbevi siawo va zuna fugboe alo ame gɔme o. Ena mekpɔe be nunyala gã aɖe gbɔ kokokoe agbe dzɔ tso.

“Nu si ŋu dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va ke ɖo ƒe aɖewo koe nye esia ku ɖe ale si fugboe wɔna tsina le vidzidɔ me ŋua, sɔ kple ale si woƒo nu tso eŋu le Biblia me le Psalmo 139:15, 16. Aleke wòate ŋu adzɔe be nya siawo siwo woŋlɔ ɖi le Biblia me ƒe gbogbowoa nade pɛpɛpɛ ne menye Wɔla lae ɖee fia eŋlɔlaa o?”

Kpɔ video si nye Rocío Picado Herrero: Atikeŋutinunyala Aɖe Gblɔ Nu Si Dzi Wòxɔ Se. Zã tanyaa nàtsɔ adi videoa le jw.org.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe