INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g21 No. 3 axa 14-15
  • Nu Si Ta Ŋuɖoɖoa Le Vevie

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Si Ta Ŋuɖoɖoa Le Vevie
  • Nyɔ!—2021
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Agbea agavivi nuwò wu
  • Àkpɔ mɔfiame nyui siwo akplɔ wò gbe sia gbe
  • Àkpɔ ŋuɖoɖo na wò biabiawo
  • Ànɔ mɔ kpɔm na nu nyuiwo le etsɔme
  • Ðe Mawu Li Ŋutɔŋutɔa? Vi Kae Ŋuɖoɖoa Kpɔkpɔ Aɖe Na Wò?
    Nyɔ!—2015
  • Ameka Tututue Mawu Nye?
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Biblia Nana Míekpɔa Mɔ Na Etsɔme Nyui Aɖe
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Biblia Nana Míekpɔa Mɔ Na Etsɔme Nyui Aɖe
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Ƒe Gɔmedzegbalẽ
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2021
g21 No. 3 axa 14-15
Xɔlɔ̃ aɖewo le xevi siwo le ati mea kpɔm.

Nu Si Ta Ŋuɖoɖoa Le Vevie

Nu ka tae wòle vevie be míanya ne Wɔla aɖe li alo meli o? Ne kpeɖodziawo na nèva xɔe se be Mawu ŋusẽkatãtɔ aɖe lia, ke àdi be yeadzro nu siwo ɖo kpe edzi be eya gbɔe Biblia tsoa hã me. Eye ne èka ɖe nya siwo Biblia gblɔ dzia, aɖe vi na wò le mɔ siwo gbɔna nu.

Agbea agavivi nuwò wu

BIBLIA GBLƆ BE: “[Mawu wɔa] nyui na mi, enaa tsidzadza mi tso dziƒo eye wònaa nukuwo wɔna le wo wɔɣi, eye wòtsɔa nuɖuɖu kple dzidzɔ yɔa miaƒe dziwo me fũu.”—Dɔwɔwɔwo 14:17.

NU SI WÒFIA: Nu siwo katã le xexea me siwo nana míesea vivi na agbea nye nunana tso Wɔlaa gbɔ. Ne èva nya ale si gbegbe Wɔla sia tsɔa ɖe le eme na wòe la, ana nàgakpɔ dzidzɔ ɖe nu siawo ŋu geɖe wu.

Àkpɔ mɔfiame nyui siwo akplɔ wò gbe sia gbe

BIBLIA GBLƆ BE: “Àse nu si le dzɔdzɔe, nu si sɔ, kple nu si le eteƒe gɔme, ɛ̃, àse mɔ nyuiwo katã gɔme.”—Lododowo 2:9.

NU SI WÒFIA: Esi wònye Mawue wɔ wò taa, enya nu siwo ana nàkpɔ dzidzɔ. Ne èsrɔ̃ Biblia, àva de dzesi nu geɖe siwo akpe ɖe ŋuwò le agbe me.

Àkpɔ ŋuɖoɖo na wò biabiawo

BIBLIA GBLƆ BE: “Wò asi atu sidzedze Mawu.”—Lododowo 2:5.

NU SI WÒFIA: Ne èva nyae be Wɔlaa lia, akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ ŋuɖoɖo na agbemebiabia veviwo, abe esiawo ene: Nu ka tae míele agbe ɖo? Nu ka tae fukpekpe bɔ alea gbegbe? Nu kae dzɔna ɖe ame dzi ne eku? Àkpɔ biabia siawo ƒe ŋuɖoɖo fakɔnamewo le Biblia me.

Ànɔ mɔ kpɔm na nu nyuiwo le etsɔme

BIBLIA GBLƆ BE: “Yehowa be, ‘Elabena menya tame si meɖo ɖe mia ŋu la nyuie, ŋutifafa ƒe tamee, ke menye vɔ̃ tɔ o, ne mana mɔkpɔkpɔ mi eye etsɔme nanyo na mi.’”—Yeremiya 29:11.

Kpɔ video siwo nye Aleke Míawɔ Aka Ðe Edzi Be Biblia Me Nyawo Nye Nyateƒe? kple Ame Ka Tɔe Biblia Nye? le jw.org. Àte ŋu akpɔ video siawo dometɔ ɖe sia ɖe ne èŋlɔ nya siwo nye “Biblia nyateƒe” alo “ame si tɔ Biblia nye” ɖe nyadiƒea.

NU SI WÒFIA: Mawu do ŋugbe be yegbɔna nu vɔ̃ɖi wɔwɔ, fukpekpe, kple ku kura gɔ̃ hã ɖe ge ɖa. Ne èka ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi eye nèle mɔ kpɔm na wo veviea, esia ana dzi nanɔ ƒowò nànɔ te ɖe wò kuxiwo nu.

VIÐE SIWO AME SIWO XƆE SE BE WƆLA AÐE LIA KPƆ

Cyndi.

“Ale si Mawu kpena ɖe mía ŋu le nu geɖe me le agbe mea wɔa nuku nam ŋutɔ. Ekpe ɖe mía ŋu míenya nu si nye nu vevitɔ le agbe me, ale si míawɔ nu kple amewo, kple ale si míawɔ azu Mawu xɔlɔ̃.”—Cyndi, Amerika.

Elise.

“Esi meva xɔe se be Wɔla aɖe lia, agbea va le nunye vivim wu, eye nye dzi dze eme hã wu. Esi wònye be nu geɖe li siwo mate ŋu asrɔ̃ tso Wɔla ƒe nɔnɔme nyuiwo, eƒe nuwɔwɔwo kple eƒe Nyaa ŋu taa, mekpɔa nane si ŋu made ŋugble tsoe ɣesiaɣi.”—Elise, France.

Peter.

“Esi mewɔna ɖe nu siwo Wɔlaa fia mí le Biblia me dzi taa, meva le dzidzɔ kpɔm geɖe wu. Ekpe ɖe ŋunye be nyemeganɔa vodada dim le amewo ŋu o, ke boŋ metsɔa ɖe le eme na wo, eye nye dzi dze eme wu. Ekpe ɖe ŋunye hã be meva zu vifofo nyui.”—Peter, Netherlands.

Liz.

“Tsãa, nu si ko mewɔna le agbe mee nye be maɖu nu, amlɔ anyi eye madze agbagba ayi dɔ me kaba. Agbea menɔ nunye vivim kura o! Fifia meva kpɔe be nunana nyui aɖe ŋutɔe agbe nye, eye ele be míade asixɔxɔ eŋu, ase vivi nɛ.”—Liz, Estonia.

Adrien.

“Metsia dzodzodzoe le agbe me. Gake esi meva nya be nu vɔ̃ɖi wɔwɔ, nu madzɔmadzɔ wɔwɔ, kple fukpekpe nu ava yi gbe ɖeka, ekpe ɖe ŋunye meɖe dzi ɖi.”—Adrien, France.

Kpɔ ale si Biblia ɖo agbemebiabia vevitɔwo ŋui. Kpɔ video si nye Nu Ka Tae Wònyo Be Nàsrɔ̃ Biblia?​—Diditɔ.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe