Le ɣeyiɣi sesẽwo mea, wɔ nu siawo be wò kple wò ame veviwo dome nayi edzi anɔ kplikplikpli
NA WÒ SRƆ̃ÐEÐEA NALI KE
Na wò srɔ̃ɖeɖea nali ke
Biblia gblɔ be: “Ne ame le eve la, enyo wu ame ɖeka . . . Elabena ne wo dometɔ ɖeka dze anyi la, evelia afɔe ɖe tsitre.” (Nyagblɔla 4:9, 10 ) Ele be srɔ̃tɔwo nawɔ nu aduadu abe xɔlɔ̃ kplikplikpliwo ene, ke menye abe futɔ siwo nɔa dzre wɔm kple wo nɔewo ene o.
Ne kuxi aɖe le fu ɖem na wò la, ɖoe kplikpaa be yemaɖee ɖe ye srɔ̃ ŋu o. Migbɔ dzi ɖi eye miase nu gɔme na mia nɔewo.
Ne mede ɖeke oa, minɔ anyi zi ɖeka teti le kwasiɖaa me miaƒo nu tso kuxi siwo gbɔ wòle be miakpɔa ŋu. Miaƒe susu nenɔ ale si miakpɔ kuxia gbɔ ŋu, ke menye be mianɔ fɔ bum mia nɔewo o.
Midi ɣeyiɣi mianɔ nu siwo doa dzidzɔ na mi la wɔm ɖekae.
Minɔ ŋku ɖom ɣeyiɣi siwo me miekpɔ dzidzɔ lea dzi, ɖewohĩ miate ŋu akpɔ miaƒe srɔ̃ɖefotowo alo foto xoxo bubuwo.
“Menye ɣesiaɣie srɔ̃tɔwo ƒe susu awɔ ɖeka le nane ŋu o, gake esia mefia be womate ŋu awɔ dɔ aduadu o. Woate ŋu atso nya me le nane ŋu ɖekae, eye woawɔ nu aduadu ale be nyametsotsoa nadze edzi.”—David.
DE HA KPLE XƆ̃WÒWO
De ha kple xɔ̃wòwo
Lɔ̃ faa nàxɔ kpekpeɖeŋu tso xɔ̃wòwo gbɔ, eye wò hã di mɔ si dzi nàte ŋu ato ana kpekpeɖeŋu wo. Ne èwɔa nu siwo atu amewo ɖoa, àdo ŋusẽ wò hã ɖokuiwò.
Gbe sia gbea, dze agbagba nànɔ xɔ̃wòwo ƒe fɔfɔme ta biam se.
Ne èle nɔnɔme sesẽ aɖe me toma, bia xɔ̃wò siwo hã to nɔnɔme ma me kpɔ ne woagblɔ nu si kpe ɖe wo ŋua na wò.
“Xɔlɔ̃wo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ne èle kuxi sesẽ aɖe me tom. Ðewohĩ nane si nènya xoxo dzi koe woaɖo ŋkui na wò, eye esia akpe ɖe ŋuwò nànya afɔ nyuitɔ si wòle be nàɖe. Xɔ̃wòwo tsɔ ɖe le eme na wò, eye wonyae be wò hã ètsɔ ɖe le eme na yewo.”—Nicole.
KPƆ VOVO ÐE VIWÒWO ŊU
Kpɔ vovo ɖe viwòwo ŋu
Biblia gblɔ be: ‘Ðe abla le nusese me, nɔ blewu le nuƒoƒo me.’ (Yakobo 1:19 ) Ðewohĩ viwòwo anɔ hehem ɖe megbe be yewoagblɔ yewoƒe kuxiwo kple nu siwo vɔ̃m yewolea na wò, gake ne ègbɔa dzi ɖi ɖoa to woa, àkpe ɖe wo ŋu woagblɔ woƒe seselelãmewo na wò.
Na wòanɔ bɔbɔe na viwòwo be woaɖe woƒe seselelãmewo agblɔ na wò. Ðevi aɖewo te ŋu ɖoa dze faa kple wo dzilawo le ɣeyiɣi siwo me woɖe dzi ɖi. Le kpɔɖeŋu me, ne woa kpli wo le tsa ɖim alo le aƒemedɔwo wɔm ɖekae, tsɔ wu be woanɔ anyi kpli wo ŋkume kple ŋkume.
Mègana viwòwo nanɔ nyadzɔdzɔ ɖefunamewo sem wu ale si dze o.
Na viwòwo nanya afɔ siwo nèɖe be yeatsɔ akpɔ egbɔ be ƒomea le dedie.
Wɔ ɖoɖo ɖe nu si miawɔ ne nane dzɔ kpata ŋu, eye wò kple viwòwo minɔ eƒe wɔwɔfia wɔm.
“Ðo dze kple viwòwo, eye ɖe mɔ na wo woaɖe woƒe seselelãmewo agblɔ. Ðewohĩ womadi be nàkpɔe be yewole vɔvɔ̃m, yewotsi dzimaɖi alo do dziku o. Na woanya be ye hã yesena le ye ɖokui me nenema, eye nàgblɔ ale si nèwɔna ɖua seselelãme mawo dzia na wo.”—Bethany.