INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g22 No. 1 axa 13-15
  • 4 | Kpɔ Mɔ Be Nuwo Ava Nyo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • 4 | Kpɔ Mɔ Be Nuwo Ava Nyo
  • Nyɔ!—2022
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NU SI TA WÒLE VEVIE
  • Nu Si Wòle Be Nànya
  • Nu Si Nàte Ŋu Awɔ Fifia
  • Biblia Na Mɔkpɔkpɔ Vavã Mí
  • Biblia Nana Míekpɔa Mɔ Na Etsɔme Nyui Aɖe
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Biblia Nana Míekpɔa Mɔ Na Etsɔme Nyui Aɖe
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Ƒe Gɔmedzegbalẽ
  • Mɔkpɔkpɔ Ate Ŋu Asu Asiwò Le Ƒe 2024 Me—Nya Kae Biblia Gblɔ?
    Nyati Bubuwo
  • Nu Si Nàwɔ Ne Wò Lãmesẽnyawo Trɔ Kpata
    Nyati Bubuwo
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2022
g22 No. 1 axa 13-15
Biblia le ʋuʋu ɖi le seƒoƒo aɖe gbɔ.

NUWO TƆ ZI LE XEXEA ME

4 | Kpɔ Mɔ Be Nuwo Ava Nyo

NU SI TA WÒLE VEVIE

Dzimaɖitsitsi ɖe xexe sia ƒe kuxiwo ŋu nana nu tia kɔ na amewo eye dzi ɖena le wo ƒo. Mɔkpɔkpɔ buna ɖe ame geɖe siwo ŋu kuxi siawo gblẽ nu le. Aleke ame siawo wɔa nui?

  • Wo dometɔ aɖewo megadina be yewoabu etsɔme ŋu gɔ̃ hã o.

  • Ame aɖewo trɔna ɖe aha kple atike vɔ̃ɖiwo zazã ŋu be yewoaŋlɔ yewoƒe kuxiwo be.

  • Ame ʋɛ aɖewo hã susuna be ne yewoku boŋua, enyo wu. Eya ta wodina be yewoawu yewo ɖokui.

Nu Si Wòle Be Nànya

  • Ate ŋu anɔ eme be kuxi aɖewo siwo me tom nèlea manɔ anyi eteƒe nadidi o, eye kaka nàkpɔa, nɔnɔmea ɖɔ ɖo.

  • Ne nɔnɔmea metrɔ o hãa, nanewo li nàte ŋu awɔ atsɔ anɔ te ɖe enu.

  • Biblia na mɔkpɔkpɔ vavã mí. Edo ŋugbe be amegbetɔwo ƒe kuxiwo nu ayi tegbee.

Nu Si Nàte Ŋu Awɔ Fifia

Biblia gblɔ be: “Migatsi dzimaɖi gbeɖe le etsɔ si gbɔna ŋu o, elabena etsɔ si gbɔna la kple eya ŋutɔ ƒe dzimaɖitsitsiwoe. Ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe kuxiwo sɔ gbɔ nɛ.”—Mateo 6:34.

Bu egbe ƒe kuxiwo ko ŋu. Mègatsi dzimaɖi ɖe etsɔme ƒe kuxiwo ŋu ale gbegbe be nàdo kpo nu siwo wòhiã be nàwɔ egbea la wɔwɔ o.

Ne ètsia dzi ɖe nu siwo ate ŋu adzɔ ŋu fũu la, ɖeko wòagana nu nati kɔ na wò eye mànɔ mɔ kpɔm na etsɔme nyui aɖeke o.

ÀTE ŊU AKPƆ DZIDZƆ​—Nu Si Akpe Ðe Ŋuwò

NƆ NU SIWO ATU WÒ ÐO ŊU BUM

Nyɔnu aɖe si ƒe dzi dze eme la le nu kpɔm to fesre nu.

Biblia gblɔ be: “Ame si le fu kpem la ƒe ŋkekewo katã nye vɔ̃, ke ame si ƒe dzi le dzidzɔ kpɔm la tua aglo ɣesiaɣi.” (Lododowo 15:15) Ne ètsɔa susu ɖoa wò kuxiwo ŋu akpa la, asesẽ be nàkpɔ nu siwo nàte ŋu awɔ atsɔ akpɔ wo gbɔ. Gake ne ètsɔa susu ɖoa nu siwo atu wò ɖo ŋua, akpe ɖe ŋuwò nàbu mɔ siwo dzi nàto akpɔ kuxia gbɔ ŋu.

  • Ðe ɣeyiɣi agbɔsɔsɔ si nètsɔ sea nyadzɔdzɔwo alo kpɔa wo la dzi kpɔtɔ.

  • Le ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe nuwuwua, bu nu eve alo etɔ̃ siwo ta nàte ŋu ada akpe ɖoa ŋu.

  • Ŋlɔ dɔ siwo le ŋuwò wòle be nàwɔ egbea ɖi. Ne dɔ gã aɖe le dziwò wòle be nàwɔa, nɔ ewɔm vivivi ale be kaka ŋkekea nawu enua, àkpɔ nu siwo gbegbe nète ŋu wɔ.

LƆ̃ FAA NÀXƆ KPEKPEÐEŊU

Ŋutsu tsitsi aɖe le dzi dem ƒo na ɖekakpui aɖe.

Biblia gblɔ be: ‘Ame sia ame si ɖea eɖokui ɖe aga la, tsia tre ɖe nunyawo katã ŋu.’ (Lododowo 18:1) Ne ège ɖe do globoo aɖe mea, màte ŋu ado le ɖokuiwò si o, negbe ɖe ame aɖe kpe ɖe ŋuwò.

  • Bia ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo be woakpe ɖe ŋuwò.

  • Anyo be wò hã nàdi mɔ si dzi nato akpe ɖe wo ŋu. Ne èkpena ɖe amewo ŋua, esia awɔe be màtsɔ susu aɖo wò kuxiwo ŋu fũu akpa o.

  • Ne mɔkpɔkpɔ bu ɖe wò eye mègadi be yeanɔ agbe oa, ke anyo be nàna ɖɔkta nado wò kpɔ. Ɣeaɖewoɣia, lãmesẽnyawo abe blanuiléledɔ ene gbɔe wòtsona be seselelãme mawo ɖea fu na ame. Ame geɖe kpɔ gbɔdzɔe esi wona ɖɔktawo kpe ɖe wo ŋu.a

a Nyɔ! mekafua dɔdamɔnu aɖe koŋ be eyae nyo wu o.

Biblia Na Mɔkpɔkpɔ Vavã Mí

Hakpala aɖe si nɔ anyi le blemaa do gbe ɖa na Mawu be: “Wò nya nye akaɖi na nye afɔ, kple kekeli na nye toƒe.” (Psalmo 119:105) Kpɔ ale si Biblia, si nye Mawu ƒe Nyaa, le abe akaɖi kple kekeli ene ɖa.

Ne viviti doa, akaɖi kpena ɖe mía ŋu míenyana afi si míazɔ ato. Nenema kee aɖaŋuɖoɖo nyuiwo le Biblia me siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ne ehiã be míatso nya me le nya vevi aɖewo ŋu.

Kekeli ate ŋu ana míaƒe toƒe nakɔ ale be míakpɔ nu siwo le ŋgɔa nyuie. Nenema kee Biblia ate ŋu ana míakpɔe be etsɔme nyui aɖe le mía ŋgɔ.

Biblia nye agbalẽ kɔkɔe aɖe si ƒo nu tso amegbetɔwo ƒe ŋutinya ŋu tso gɔmedzedzea ke, gake menye ema koe o. Egaƒo nu tso etsɔme nyui si le ŋgɔ gbɔna hã ŋu. Eɖe nya vevi etɔ̃ siawo me:

Gbã

Ale si fukpekpe dze egɔme: Biblia gblɔ be “to ame ɖeka dzi nu vɔ̃ va xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va, ale ku la kaka ɖe amewo katã dome, esi wo katã wɔ nu vɔ̃ ŋuti.”—Romatɔwo 5:12.

Evelia

Nu si tae amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu mete ŋu kpɔ míaƒe kuxiwo gbɔ o: Biblia gblɔ be “ŋusẽ mele amegbetɔ si be eya ŋutɔ nafia mɔ eƒe zɔzɔme o.” (Yeremiya 10:23) Nu siwo le edzi yim le xexea mea ɖo kpe esia dzi.

Etɔ̃lia

Nu si Mawu awɔ atsɔ akpɔ míaƒe kuxiwo gbɔ: Biblia na míenya be “atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, konyifafa kple ɣlidodo kpakple vevesese hã maganɔ anyi o.”—Nyaɖeɖefia 21:4.

Fotoa tso video sia me: “Nu Ka Tae Wònyo Be Nàsrɔ̃ Biblia?” Nyɔnu aɖe tsɔ nu si wòxlẽ le Biblia mea le srɔ̃a fiam.

SRƆ̃ NU GEÐE KPEE. Kpɔ video si nye Nu Ka Tae Wònyo Be Nàsrɔ̃ Biblia?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe