Ŋgɔdonya
Mehiã be nànye dzɔdzɔmeŋutinunyala hafi akpɔe be nu le gbegblẽm le míaƒe anyigbaa ŋu vevie o. Ðinuwo yɔ míaƒe tsinonowo kple atsiaƒuwo me keŋ, avewo le tsɔtsrɔ̃m eye ya si míegbɔna gɔ̃ hã ƒo ɖi eteƒe mekɔ o. Ðe mɔkpɔkpɔ aɖe lia? Magazine sia gblɔ nu si tae nàte ŋu aka ɖe edzi be nuwo ava ɖɔ ɖo.