ÐE MÍAƑE ANYIGBA ATSRƆ̃A?
TSINONOWO
AGBEA manya nɔ le anyigba dzi kura tsi manɔmee o, vevietɔ tsinono. Le nyateƒe mea, tsie nye nu si sɔ gbɔ wu le nu gbagbewo katã ƒe lãme. Tawo, tɔsisiwo, tagbawo kple tometsiwo nana amegbetɔwo kple lãwo kpɔa tsinono, eye woawo kee míezãna tsɔ dea tsi míaƒe nukuwo.
Nu Le Gbegblẽm Le Míaƒe Tsinonowo Ŋu
Tsie nye nu si xɔ anyigba ƒe akpa gãtɔ dzi, gake habɔbɔ aɖe (World Meteorological Organization) ka nya ta be tsi siwo katã le anyigba dzi ƒe akpa sue aɖe ŋutɔ koe nye tsi nyui si míate ŋu azã alo ano. Togbɔ be akpa sia le sue ŋutɔ hãa, ate ŋu asu na nu gbagbe siwo katã le anyigba dzi. Gake agbɔsɔsɔ sia hã ƒe akpa gãtɔ dome le gbegblẽm eye ame geɖe megate ŋu va le tsi kpɔm o le amewo ƒe dzidziɖedzi kple ale si yame ƒe nɔnɔmewo le tɔtrɔm ta. Numekulawo gblɔ be le ƒe 30 mea, ate ŋu adzɔ be ame biliɔn atɔ̃ makpɔ tsi nyui azã o.
Womewɔ Míaƒe Anyigba Be Wòatsrɔ̃ O
Wowɔ anyigba le mɔ wɔnuku aɖe nu ale be tsi mavɔ le edzi gbeɖe o. Tsɔ kpe ɖe eŋua, ke, tɔmelãwo kple ŋdɔ ƒe ŋusẽ gɔ̃ hã wɔa dɔ ɖekae ɖea ɖinuwo le tsi me. Nya siwo gbɔna ɖo kpe edzi be womewɔ míaƒe anyigba be wòatsrɔ̃ o.
Numekukuwo ɖee fia be ke tea ŋu ɖea ɖinu geɖe le tsi me bɔbɔe. Gbe aɖewo siwo miena ɖe tagba la tea ŋu ɖiɖia nunyiamewo abe nitrogen kple phosphorus ene ƒe agbɔsɔsɔ dzi kpɔtɔ le tsia me eye woɖea aɖi siwo wua nugbagbeviwo hã ɖa le tsia me.
Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va nya nu tso ale si tsi ŋutɔ te ŋu wɔna ɖea ɖinuwo le eɖokui me be wòanɔ dzadzɛa ŋu. Wode dzesii be ne tsi le sisima, tsia xɔa ŋusẽ le aɖi siwo le emea si eye tsimenugbagbevi suewo hã nana aɖiawo nyina ɖe tsia me.
Adzawo kple fɔlĩ siwo nɔa tsi mea tea ŋu ɖea aɖi gblẽnuwo le tsia me le ŋkeke ʋɛ aɖewo ko me, eye anɔ eme be wowɔnɛ nyuie wu mɔ̃ siwo amegbetɔwo wɔ tsɔ ɖea ɖi le tsi me gɔ̃ hã.
Ale si ɣe ƒe ŋusẽ lɔa tsi yia dzi eye wòtrɔna dzana ɖe anyigbaa gbɔe wòtso be míekpɔa tsi ɣesiaɣi. Dzɔdzɔmeɖoɖo sia kple dzɔdzɔmeɖoɖo bubuwo manɔmeea, tsi anɔ vɔvɔm le anyigba dzi vivivi alo avɔ kuraa.
Ale Si Amegbetɔwo Le Kuxia Gbɔ Kpɔm
Ne míekpɔa egbɔ be míaƒe ʋuwo mele ami ɖuɖum o eye míetsɔa aɖinuwo ƒua gbe ɖe afi sia afi oa, afi siwo míekpɔa tsinono tsonae anɔ dzadzɛ ɣesiaɣi
Tsiŋutinunyalawo gblɔ be míadze agbagba ɖe sia ɖe be míaganɔ tsi dome gblẽm o. Be míaƒe nuwɔnawo nagaƒo ɖi tsiwo oa, woɖo aɖaŋu be ele be míakpɔ egbɔ be míaƒe ʋuwo mele ami ɖuɖum o, eye míagakɔ atike siwo míezã oa ɖe afɔdzido me aʋu tsi ɖe edzi woakplɔe adzoe alo akɔ aɖinuwo ɖe tsitoƒewo o.
Mɔ̃ɖaŋudɔwɔlawo to mɔnu deŋgɔ aɖewo vɛ be woatsɔ anɔ dze ɖem le atsiaƒutsiwo me kple susu be míakpɔ tsi nyui geɖe azã.
Gake esia ɖeɖe makpɔ kuxia gbɔ o. Elabe be woaɖe dze le atsiaƒutsi me be tsia nazu tsi nyui ame geɖe nakpɔ bia ga gbogbo eye mɔ̃ siwo wozãna le dɔ sia wɔwɔ me hã zãa mɔ̃memi kple elektrikŋusẽ geɖe. Le nyatakaka aɖe si Dukɔ Ƒoƒuawo na le ƒe 2021 mea, wogblɔ be: “Le xexea me godooa, ele be míagadze agbagba geɖe wu ale si míele ewɔm fifia alé be na míaƒe tsiwo.”
Mɔkpɔkpɔ Li—Nya Si Biblia Gblɔ
“[Mawu hea] . . . tsi toŋtoŋwo yia dzii; wozua tsidzadza tso eƒe afu me; ale be alilikpowo dzanɛ; eye wodzana ɖe amegbetɔwo dzi bababa.”—Hiob 36:26-28.
Mawu wɔ dzɔdzɔmeɖoɖowo be woakpɔ tsi siwo le anyigba dzia ta.—Nyagblɔla 1:7.
Bu eŋu kpɔ: Ne Wɔlaa wɔ dzɔdzɔmeɖoɖo siwo ɖea ɖinuwo le tsi mea, ɖe ŋusẽ mele esi be wòate ŋu aɖɔ nu siwo amegbetɔwo ƒe nuwɔnawo le gbegblẽm le tsi ŋua ɖo oa? Kpɔ nyati si nye “Mawu Do Ŋugbe Be Míaƒe Anyigba Matsrɔ̃ O,” le axa 15 lia.