INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g25 No. 1 axa 10-11
  • Nu Si Le Asiwò Nedze Ŋuwò

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Si Le Asiwò Nedze Ŋuwò
  • Nyɔ!—2025
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NU SI TAE WÒLE VEVIE
  • NU SI NÀTE ŊU AWƆ
  • Ðe Nu Siwo Le Asiwò Dzea Ŋuwòa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Ðe Wòanya Wɔ Be Nu Si Le Asiwò Nadze Ŋuwòa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nu Siwo Ana Míaƒe Dzi Nadze Eme
    Nyɔ!—2021
  • Alesi Nàda Asɔ le Xexe si me Wolɔ̃a Nuwo Tsɔtsɔ Ƒu Gbe le Me
    Nyɔ!—2002
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2025
g25 No. 1 axa 10-11
Foto vovovoawo: 1. Vifofo aɖe ɖo nukomo le dzodzom le xɔtudɔwɔƒe aɖe esi eƒe game su be wòakpa. 2. Emegbe la, eya kple via sue eve kpakple eƒe avu wole fefem le woƒe aƒe kpokploea ŋgɔ, eye srɔ̃a le wo kpɔm kple dzidzɔ.

NU SIWO NÀWƆ NE NUWO LE ASI XƆM

Nu Si Le Asiwò Nedze Ŋuwò

Ame siwo kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu eye nu dzea wo ŋu la kpɔa dzidzɔ le agbe me. Ne nuwo trɔ na wo la, wotrɔna ɖe nɔnɔmea ŋu eye woɖea woƒe gazazãwo dzi kpɔtɔ.

NU SI TAE WÒLE VEVIE

Susuŋutinunyala aɖe si ŋkɔe nye Jessica Koehler de dzesii be susu nyui nɔa ame siwo kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu la si ɖe agbea ŋu, eye womebiãa ŋu ame bubuwo o. Mewɔ nuku o be, ame mawo tɔgbi kpɔa dzidzɔ eye nu metena ɖe wo dzi fũu o. Nya lae nye be nu mede ame siwo kpɔa dzidzɔ ŋutɔŋutɔ la dometɔ aɖewo dzi o, vevietɔ ame siwo dea asixɔxɔ nu siwo ga mate ŋu aƒle o, siwo dometɔ ɖekae nye dzidzɔ si gbegbe wokpɔna ne wokpɔ vovo ɖe wo xɔlɔ̃wo kple woƒe ƒometɔwo ŋu, la ŋu.

“Ne nuɖuɖu kple nudodo le mía si la, míana nu siawo nadze mía ŋu.”—1 Timoteo 6:8.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Mègatsɔ ɖokuiwò sɔ kple ame bubuwo o. Ne ètsɔ ɖokuiwò le sɔsɔm kple ame siwo si nu bɔ ɖo la, awɔe be nu sue si le asiwò magadze ŋuwò o eye nàva biã ŋu wo gɔ̃ hã. Adze abe nu de ame mawo dzi ene, gake ate ŋu anye be wonyi fe gbogbo aɖewo. Nicole si le Senegal gblɔ be: “Mehiã be nu nabɔ ɖe asinye hafi makpɔ dzidzɔ o. Ne nu le amewo si wum hã la, zi ale si nu si le asinye dzea ŋunye ko la, mate ŋu akpɔ dzidzɔ.”

Te esia kpɔ: Ƒo asa na boblododo alo Internet dzi hahoo kadoƒe siwo ƒoa nu tso gahome alo kesinɔnu si gbegbe le amewo si la ŋu.

“Ne nu gbogbo aɖewo le ame si hã la, nu siawo mana agbee o.”—Luka 12:15.


Kpɔ ŋudzedze ɖe nu ŋu. Ame siwo kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu la metsia dzi be nu geɖe nasu yewo si alo susuna be yewodze na nu geɖewo o, ke boŋ nu si le wo si la dzea wo ŋu. Roberton si tso Haiti gblɔ be: “Media ɣeyiɣi dea ŋugble le nu siwo amewo wɔ tsɔ nyo dɔme na nye kple nye ƒomea la ŋu. Eye megblɔa ale si gbegbe mekpɔ ŋudzedze ɖe nu si wowɔ na mí ŋu la na wo. Azɔ hã, mefiaa mía viŋutsu si xɔ ƒe enyi la be wòada akpe ɣesiaɣi si ame aɖe na nui.”

Te esia kpɔ: Gbe sia gbe la, ŋlɔ nane si ŋu nèkpɔ ŋudzedze ɖo la ɖi. Ate ŋu anye ale si nèle lãmesẽ me, ɖekawɔwɔ si le wò ƒomea me, xɔlɔ̃ vavã siwo le asiwò, alo ale si ɣea gbã amigoe.

“Ame si ƒe dzi le dzidzɔ kpɔm la tua aglo ɣesiaɣi.”—Lododowo 15:15.

Ɣeaɖewoɣi la, esesẽna na mí katã be míana nu si le mía si nadze mía ŋu. Ke hã, agbagba ɖe sia ɖe si míadze be míawɔ esia la aɖe vi. Ne míena nu si le mía si dze mía ŋu la, míaƒe asi asu nu xɔasi bubu aɖe si ga mate ŋu aƒle o dzi, si nye be míakpɔ dzidzɔ.

Erik.

“Nye kple nye ƒomea míesrɔ̃ ale si míana nu nadze mía ŋu, eye esia kpe ɖe mía ŋu ŋutɔ. Esi míegatsɔ nu geɖe do agba na mía ɖokui abe tsã ene o ta la, míekpɔa vovo ɖe mía nɔewo ŋu fifia eye míekpɔa dzidzɔ ɖe nu siwo le mía si ŋu.”—Erik, Amerika.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe