INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • my ŋutinya 13
  • Abraham—Mawu Xɔlɔ̃

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Abraham—Mawu Xɔlɔ̃
  • Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Abraham Kple Sara Ðo To Mawu
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Ame Kae Nye Abraham?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Ðe Wò Xɔse le Abe Abraham Tɔ Enea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
Kpɔ Bubuwo
Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
my ŋutinya 13
Abraham le ɣletiviwo kpɔm le dziƒo

ŊUTINYA 13

Abraham—Mawu Xɔlɔ̃

TEƑE, si ameawo yi ɖanɔ le Tsiɖɔɖɔa megbe la ɖeka ŋkɔe nye Ur. Eva zu du vevi aɖe, si me aƒe nyuiwo nɔ. Gake amesiwo nɔ afima la dea ta agu na alakpamawuwo. Nenemae wowɔ le Babel hã. Amesiwo nɔ Ur kple Babel la menɔ abe Noa kple viaŋutsu, siwo yi edzi subɔ Yehowa la ene o.

Mlɔeba le tsiɖɔɖɔ la megbe ƒe 350 la, nuteƒewɔla Noa ku. Ƒe eve pɛ megbe koe wodzi ŋutsu, si kpɔm nèle le nɔnɔmetata sia me la. Enye ame vevi aɖe na Mawu. Eŋkɔe nye Abraham. Eya kple eƒe ƒome la nɔ du ma, si woyɔ be Ur la me.

Gbeɖeka Yehowa gblɔ na Abraham be: ‘Ʋu le Ur kple wo ƒometɔwo gbɔ, eye nàyi du, si mafia wò la me.’ Ðe Abraham ɖo to Mawu hegblẽ eƒe nu nyuiwo katã ɖe Ur mahã? Ẽ, eɖo to. Eye esi wònye Abraham ɖoa to Mawu ɣesiaɣi tae woyɔe be Mawu xɔlɔ̃ ɖo.

Esi Abraham dzo le Ur la, eƒe ƒometɔ aɖewo kplɔe ɖo. Fofoa Tarax yi kplii. Eƒe tɔgãyɔvi Lot hã yi. Eye Abraham srɔ̃ Sara hã yi kplii. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, wo katã wova ɖo teƒe aɖe, si ŋkɔe nye Xaran, afisi Tarax ku le. Woɖe Ur ɖe megbe ʋĩ.

Le ɣeyiɣi ʋɛ aɖe megbe la, Abraham kple eƒe aƒekɔ la dzo le Xaran heva anyigba, si ŋkɔe nye Kanaan la dzi. Yehowa gblɔ le afima be: ‘Esiae nye anyigba, si matsɔ na viwòwo.’ Abraham nɔ Kanaan le agbadɔwo me.

Mawu dze egɔme kpe ɖe Abraham ŋuti, eye alẽhawo kple lã bubuwo kple dɔla alafawo sɔ gbɔ ɖe esi kpaŋ. Gake eya kple Sara ŋutɔ medzi vi aɖeke o.

Esi Abraham xɔ ƒe 99 la, Yehowa gblɔ bena: ‘Medo ŋugbe na wò be àva zu dukɔ geɖewo fofo.’ Gake aleke esia ate ŋu ava emee esi Abraham kple Sara wotsi akpa hegbɔ vidzidzi me la?

Mose I, 11:27-32; 12:1-7; 17:1-8, 15-17; 18:9-19.

Nusɔsrɔ̃ Nyabiabiawo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe