INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • my ŋutinya 18
  • Yakob Dzo Yi Haran

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yakob Dzo Yi Haran
  • Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yakob De Asixɔxɔ Gbɔgbɔmenuwo ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Nɔvinyɔnu Makpɔdzidzeme Siwo ‘Ðo Israel Ƒe Aƒe La Te’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Ƒome Gã Aɖe Le Yakob Si
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Kutrikuku Ɣekaɣie Yehowa Ðoa Eteƒe?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
Kpɔ Bubuwo
Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
my ŋutinya 18
Yakob le nu ƒom tso Laban kpakple vianyɔnu Rahel ŋu na Haran ŋutsuwo

ŊUTINYA 18

Yakob Dzo Yi Xaran

ÈNYA ŋutsu, siwo Yakob le nu ƒom na la? Yakob do go wo le vudo aɖe to esi wòzɔ mɔ ŋkeke geɖe megbe. Wole woƒe alẽwo kplɔm. Yakob bia wo be: ‘Afikae mietso?’

Woɖo ŋu bena: ‘Xaran.’

Yakob bia be: ‘Mienya Laban mahã?’

Woɖo ŋu bena: ‘Ẽ, kpɔ ɖa, vianyɔnu Raxel ye ma gbɔna kple fofoa ƒe alẽwo.’ Èkpɔ Raxel le adzɔge gbɔna ɖa?

Rahel kplɔa fofoa ƒe alẽwo

Esi Yakob kpɔ Raxel kple nyruia Laban ƒe alẽwo la, eyi ɖamli kpe la ɖa le vudoa nu be alẽawo nano tsi. Tete Yakob gbugbɔ nu na Raxel hegblɔ amesi wònye la nɛ. Dzi dzɔ nyɔnuvia ŋutɔ, eye wòƒu du yi aƒeme ɖagblɔe na fofoa Laban.

Laban kpɔ dzidzɔ be Yakob nanɔ ye gbɔ. Eye esi Yakob bia be yeaɖe Raxel la, edzɔ dzi na Laban. Gake la, ebia tso Yakob si be wòawɔ dɔ le yeƒe agble me ƒe adre ɖe Raxel ta. Esi wònye Yakob lɔ̃ Raxel vevie ta la, ewɔ dɔa. Gake esi srɔ̃ɖeɣia ɖo edzi la, ènya nusi va dzɔa?

Laban tsɔ vianyɔnu xoxoetɔ Lea boŋ na Yakob ɖe Raxel teƒe. Esi Yakob lɔ̃ be yeasubɔ Laban ƒe adre bubu ta la, Laban hã tsɔ Raxel nɛ be wòaɖe. Le ɣeyiɣi mawo me la, Mawu ɖe mɔ be woaɖe srɔ̃ geɖe. Gake fifia la, Biblia la ɖee fia be ele be ŋutsu naɖe nyɔnu ɖeka ko.

Mose I, 29:1-30.

Nusɔsrɔ̃ Nyabiabiawo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe