INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • my ŋutinya 23
  • Farao Ƒe Drɔ̃ewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Farao Ƒe Drɔ̃ewo
  • Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Alo Drɔ̃e Gɔmeɖeɖe La Menye Mawu Tɔe Oa?”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Yehowa Meŋlɔ Yosef Be O
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Fia Nu Viwòwo Ðe Nèʋã Ŋu Kpɔa? Yosef Nɔviwo Ʋã Ŋui
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Wode Yosef Gaxɔ Me
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
Kpɔ Bubuwo
Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
my ŋutinya 23
Farao le drɔ̃e kum

ŊUTINYA 23

Farao Ƒe Drɔ̃ewo

ƑE EVE va yi, eye Yosef gale gaxɔa me. Ahakula la meɖo ŋku edzi o. Emegbe le gbeɖeka ƒe zã me la, Farao ku drɔ̃e tɔxɛ eve eye mese wo gɔme o. Èkpɔ Farao wòle alɔ̃ dɔm le afima? Esi ŋu ke la, Farao yɔ eƒe nunyalawo hegblɔ nusiwo ƒe drɔ̃e wòku la na wo. Gake womete ŋu ɖe eƒe drɔ̃eawo gɔme nɛ o.

Azɔ ko hafi ahakula la ɖo ŋku Yosef dzi. Egblɔ na Farao bena: ‘Esime menɔ gaxɔ me la, ŋutsu aɖe nɔ afima, amesi te ŋu ɖea drɔ̃ewo gɔme.’ Farao na woɖe Yosef le gaxɔa me enumake.

Nyi dami adre kple nyi ɖiku adre

Farao lĩ eƒe drɔ̃eawo na Yosef: ‘Mekpɔ nyinɔ dami adre, siwo nyo. Emegbe mekpɔ nyinɔ adre, siwo ɖi ku nyatsã la. Eye nyi, siwo ɖi ku nyatsã la mi esiwo da ami la.

‘Le nye drɔ̃e evelia me la, mekpɔ liŋɔ adre, siwo ʋã hedo ku la le luti ɖeka ŋuti. Emegbe mekpɔ liŋɔ adre, siwo lé bu hetsi to nu la. Eye liŋɔ, siwo lé bu la dze liŋɔ adre, siwo do ku nyuie la mimi gɔme.’

Lutsetse lɛe si yrɔ kple lutsetse si ʋã hedo ku nyuie.

Yosef gblɔ na Farao bena: ‘Drɔ̃e eveawo gɔme le ɖeka. Nyinɔ dami adreawo kple liŋɔ ʋaʋã adreawo nye ƒe adre, eye nyi ɖiku adreawo kple liŋɔ lé bu adreawo nye ƒe adre bubu. Ƒe adre gbɔna esime nuɖuɖu asɔ gbɔ le Egipte. Eyome la, dɔ ato ƒe adre, nuɖuɖu mawɔ tututu o.’

Eyata Yosef gblɔ na Farao bena: ‘Tia ŋutsu nyanu aɖe, eye nàde dɔ asi nɛ be wòaƒo nuɖuɖuawo nu ƒu le ƒe nyui adreawo me. Ekema dɔ mawu dukɔ la le dɔŋɔli ƒe adre, siwo adze eyome la me o.’

Susua dze Farao ŋu. Eye wòtia Yosef be wòaƒo nuɖuɖuawo nu ƒu, eye wòadzra wo ɖo. Yosef zu ame vevitɔ kekeake, si kplɔ Farao ɖo le Egipte.

Ƒe enyi megbe, le dɔŋɔli la me la, Yosef kpɔ ŋutsu aɖewo gbɔna. Ènya amesiwo wonyea? Ahã, nɔviaŋutsu tsitsi 10 lae! Wo fofo Yakob dɔ wo ɖo ɖe Egipte, elabena nuɖuɖu le vɔvɔm le wo de Kanaan. Yosef kpɔ nɔviaŋutsuawo dze sii, gake woawo medze si eya o. Ènya nusitae womedze sii oa? Elabena Yosef tsi zu amegã xoxo, eye wòdo awu ƒomevi bubuwo.

Yosef ɖo ŋku edzi be esime yenye ɖevi la, yeku drɔ̃e be ye nɔvi ŋutsuawo de ta agu na ye. Èɖo ŋku edzi be yexlẽ nu tso ema ŋua? Eyata Yosef te ŋu kpɔe dze sii bena Mawue dɔ ye ɖo ɖe Egipte ɖe susu nyui aɖe ta. Nukae nèsusu be Yosef wɔ? Na míakpɔe ɖa.

Mose I, 41:1-57; 42:1-8; 50:20.

Nusɔsrɔ̃ Nyabiabiawo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe