INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • my ŋutinya 25
  • Ƒome La Ʋu Yi Egipte

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ƒome La Ʋu Yi Egipte
  • Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yehowa Meŋlɔ Yosef Be O
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • “Mawu Teƒee Melea?”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Yosef Nɔviŋutsuwo Lé Fui
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • “Miɖo To, Ne Miase Drɔ̃e” Sia
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
Kpɔ Bubuwo
Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
my ŋutinya 25
Yakob va Egipte eye woa kple Yosef wole dzidzɔvi fam esi wogakpɔ wo nɔewo ake

ŊUTINYA 25

Ƒome La Ʋu Yi Egipte

YOSEF megate ŋu ɖu eƒe seselelãmewo dzi azɔ o. Egblɔ na eƒe dɔlawo katã be woado go le xɔa me. Esi eya kple nɔviawo ɖeɖeko susɔ la, Yosef de asi avifafa me hehehe. Míate ŋu akpɔ alesi nɔviawo lulue la le susu me, elabena womenya nusitae wòle avi fam o. Mlɔeba la, egblɔ be: ‘Nyee nye Yosef. Fofonye gale agbea?’

Nɔviawo ƒe mo wɔ yaa ale gbegbe be woƒe nu tsi tè. Vɔvɔ̃ ɖo wo. Gake Yosef gblɔ bena: ‘Taflatse mite ɖe ŋunye.’ Esi wote ɖe eŋu la, egblɔ bena: ‘Nyee nye mia nɔvi Yosef, si mietsɔ dzra ɖe Egipte la.’

Yosef yi edzi ƒo nu dɔmenyotɔe be: ‘Megave mi be mietsɔm dzra ɖe afisia o. Nyateƒee, Mawue dɔm ɖe Egipte be maxɔ amewo ɖe agbe. Farao ɖom dziɖulae ɖe dukɔ blibo la katã dzi. Eyata azɔ netsɔ kaba miatrɔ ayi fofonye gbɔ, eye miagblɔ nya sia nɛ. Eye miagblɔ nɛ be neva nɔ gbɔnye afisia.’

Emegbe Yosef keke eƒe abɔwo kpla asi kɔ na wo hegbugbɔ nu na wo katã. Esi Farao se be Yosef nɔviwo va la, egblɔ na Yosef bena: ‘Na woatsɔ tasiaɖamwo ne woayi aɖakplɔ wo fofo kple woƒe ƒometɔwo, eye woatrɔ ava afii. Mana anyigba nyuitɔ kekeake, si le Egipte la wo.’

Wowɔ nenema. Àte ŋu akpɔ Yosef le afisia wòwɔ atuu na fofoa esime wòva Egipte kple eƒe ƒomea katã.

Yosef nɔviŋutsuwo kple woƒe ƒomewo ʋu yina Egipte

Yakob ƒe ƒomea va dzi ɖe edzi ŋutɔ. Ne woxlẽ Yakob kple viawo kpakple tɔgbuiyɔviawo la, wo katã wole ame 70 le esime woʋu yi Egipte. Gake wo srɔ̃ nyɔnuawo kple ɖewohĩ dɔla geɖewo hã kpe ɖe wo ŋu. Amesiawo katã nɔ Egipte. Woyɔ wo be Israel-viwo, elabena Mawu trɔ Yakob ƒe ŋkɔ wòzu Israel. Israel-viwo va zu dukɔ vevi aɖe na Mawu, abe alesi míakpɔe emegbe ene.

Mose I, 45:1-28; 46:1-27.

Nusɔsrɔ̃ Nyabiabiawo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe