INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • my ŋutinya 46
  • Yeriko Gliawo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yeriko Gliawo
  • Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Rahab Ɣla Ŋkutsalawo
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Rahab Ɣla Ŋkutsalawo
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Raxab Xɔ Yehowa Dzi Se
    Fia Nu Viwòwo
  • Wobui ‘Ame Dzɔdzɔe To Dɔwɔwɔwo Me’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
Kpɔ Bubuwo
Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
my ŋutinya 46
Yosua xɔ ŋgɔ na Israel-viwo wole ɣli dom hele woƒe kpẽwo kum esime Yeriko ƒe gliwo le mumum

ŊUTINYA 46

Yeriko Gliawo

NUKAE na be Yerixo-gli siawo le mumum? Edze abe tu gã aɖe alo bɔmb woda wo ene. Gake le ŋkeke mawo me la, bɔmb mele wo si o; tu gɔ̃ hã mele wo si o. Yehowa wɔ nukunu bubu aɖe! Na míakpɔ alesi wòdzɔe la ɖa.

Se nusi Yehowa gblɔ na Yosua: ‘Mi kple wò aʋawɔlawo mizɔ ƒo xlã du la. Mizɔ ƒo xlãe zi ɖeka gbe ɖeka hena ŋkeke ade. Mikɔ nubablaɖaka la ɖe asi. Nunɔla adre nanɔ aɖaka la ŋgɔ aku woƒe kpẽawo.

‘Le ŋkeke adrelia dzi la, miazɔ aƒo xlã du la zi adre. Azɔ miaku kpẽawo edziedzi, eye amesiame nado aʋaɣli sesĩe. Eye gliawo amu adze anyi!’

Yeriko ƒe gliwo mu, negbe Rahab ƒe aƒea si ŋu ka dzĩa le la ko

Yosua kple ameawo wɔ nusi Yehowa gblɔ la. Esi wonɔ azɔlia dzi la, amesiame zi ɖoɖoe. Ame aɖeke megblɔ nya aɖeke o. Nusi nɔ ɖiɖim koe nye kpẽawo ƒe ɖiɖi kple azɔli la. Ðewohĩ Mawu ƒe amewo ƒe futɔ, siwo le Yerixo la vɔ̃ ŋutɔ. Èkpɔ ka dzẽ ma, si wosa ɖe fesrea nua? Ameka ƒe fesre enye ma? Ẽ, Raxab wɔ nusi ŋkutsala eveawo gblɔ be newɔ la. Eƒe ƒomea katã le xɔa me kplii hele nu kpɔm.

Mlɔeba le ŋkeke adreagbe, esi wozɔ ƒo xlã dua zi adre vɔ la, kpẽawo ɖi, aʋawɔlawo do ɣli, eye gliawo mu. Eye Yosua gblɔ be: ‘Miwu amesiame, eye miatɔ dzo du la. Mitɔ dzo nusianu. Migblẽ klosalo, sika, akɔbli kple gayibɔ la ko ɖi ne miatsɔ ade Yehowa ƒe agbadɔ la ƒe nudzraɖoƒe.’

Yosua gblɔ na ŋkutsala eveawo be: ‘Miyi Raxab ƒeme, miaɖe eya kple eƒe ƒome la do goe.’ Raxab kple eƒe ƒome la tsi agbe abe alesi ŋkutsalawo do ŋugbee ene.

Yosua 6:1-25.

Nusɔsrɔ̃ Nyabiabiawo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe