INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • my ŋutinya 47
  • Fiafitɔ Si Nɔ Israel

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Fiafitɔ Si Nɔ Israel
  • Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nya Vevi Siwo Tso Yosua ƒe Agbalẽ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Nusi Dzi Yosua Ðo Ŋkui
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
my ŋutinya 47
Akan le sikakpɔti, klosalo kple awu ʋlaya nyui si wòfi la ɣlam ɖe eƒe agbadɔ me

ŊUTINYA 47

Fiafitɔ Si Nɔ Israel

KPƆ nusi ɖim ŋutsu ma le ɖe eƒe agbadɔ me la ɖa! Awu ʋlaya nyui aɖe kple sikakpɔti kple klosalo aɖewo. Etsɔ wo tso Yerixo-du me. Evɔ la, aleke wòle be woawɔ Yerixo-nuawoe hafi? Èɖo ŋku edzia?

Ðe wòle be woatsrɔ̃ wo, eye woatsɔ sika kple klosalo la ade Yehowa ƒe avɔgbadɔ ƒe nudzraɖoƒe. Eyata amesiawo meɖo to Mawu o. Wofi nusi nye Mawu tɔ. Ŋutsu la ŋkɔe nye Axan, eye amesiwo le egbɔ la nye eƒe ƒometɔ aɖewo. Na míakpɔ nusi va dzɔ la ɖa.

Esi Axan fi nusiawo megbe la, Yosua dɔ ŋutsu aɖewo be woayi awɔ aʋa kple Ai-du la. Gake woɖu wo dzi le aʋa me. Wowu ame aɖewo, eye ame mamlɛawo si. Yosua lé blanui ŋutɔ. Ebɔbɔ tsyɔ mo anyi hedo gbe ɖa na Yehowa be: ‘Nukatae nèna nusia dzɔ ɖe mía dzi?’

Yehowa ɖo ŋu be: ‘Tsi tre! Israel wɔ nuvɔ̃. Wofi nusiwo wòle be woatsrɔ̃ alo woatsɔ ayi Yehowa ƒe avɔgbadɔ me la ƒe ɖewo. Wofi awu ʋlaya nyui aɖe hetsɔ ɣla. Nyemayra mi o, negbe ɖe miatsrɔ̃ nua kple amesi tsɔ nusiawo hafi.’ Yehowa gblɔ be yeaɖe ame vɔ̃ɖi la afia Yosua.

Eye Yosua ƒo ameawo katã nu ƒu, eye Yehowa tɔ asi Axan vɔ̃ɖi la dzi. Axan gblɔ be: ‘Mewɔ nuvɔ̃. Mekpɔ awu ʋlaya nyui kple sikakpɔti kpakple klosaloawo. Wodzrom ale gbegbe be metsɔ wo. Meɖi wo ɖe nye agbadɔ me.’

Esi wokpɔ nusiawo hetsɔ vɛ na Yosua la, egblɔ na Axan bena: ‘Nukatae nèhe dzɔgbevɔ̃e va mía dzi? Fifia Yehowa ahe dzɔgbevɔ̃e ava dziwò!’ Eye ameawo katã ƒu kpe Axan kple eƒe ƒome la woku. Ðe ema mefia be mele be míatsɔ nusiwo menye mía tɔ gbeɖe oa?

Emegbe la, Israel ɖawɔ aʋa kple Ai ake. Fifia ya la, Yehowa kpe ɖe eƒe amewo ŋu woɖu aʋa la dzi.

Yosua 7:1-26; 8:1-29.

Nusɔsrɔ̃ Nyabiabiawo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe