INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • my ŋutinya 59
  • Nu Si Ta Wòle Be David Nasi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Si Ta Wòle Be David Nasi
  • Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • David Kple Saul
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Woɖo Fia David
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • 1 Samuel Totoɖeme
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
Kpɔ Bubuwo
Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
my ŋutinya 59
Fia Saul da akplɔ be wòatɔ David, ke David de axa nɛ

ŊUTINYA 59

Nu Si Ta Wòle Be David Nasi

ESI Dawid wu Goliat megbe la, Israel ƒe aʋafia Abner kplɔe va Saul gbɔe. Saul kpɔ dzidzɔ ɖe Dawid ŋu ŋutɔ. Etsɔe ɖo fiae ɖe eƒe aʋawɔlawo nu, eye wokplɔe wòva le fia ƒe aƒeme.

Emegbe esi aʋawɔlawo trɔ tso Filistitɔwo wuƒe gbɔna la, nyɔnuwo nɔ ha dzim be: ‘Saul wu akpe, ke Dawid wu akpe nane.’ Esia na Saul ʋã ŋu, elabena wode bubu geɖe Dawid ŋu wu Saul. Gake Saul ƒe vi Yonatan meʋã ŋui o. Elɔ̃ Dawid ŋutɔ, eye Dawid hã lɔ̃ Yonatan. Eyata wo kple evea do ŋugbe na wo nɔewo be yewoanye xɔlɔ̃wo ɖaa.

Fia Saul si do dziku

Dawid nye kasaŋku ƒola nyui aɖe, eye ha, siwo wòƒona la dzɔa dzi na Saul ŋutɔ. Gake gbeɖeka la, Saul ƒe ŋuʋaʋã la na wòwɔ nu dziŋɔ aɖe. Esi Dawid nɔ kasaŋku ƒom la, Saul tsɔ eƒe akplɔ hedae, egblɔ be: ‘Matɔ Dawid amimi ɖe gli ŋu!’ Gake Dawid de axae, eye akplɔ la dae ƒu. Emegbe la, Saul gada Dawid ƒu ake kple eƒe akplɔ la. Eyata Dawid nya azɔ be ele be yeakpɔ nyuie.

Èɖo ŋku ŋugbe, si Saul do la dzia? Egblɔ be yeatsɔ ye vinyɔnuvi na amesi awu Goliat la wòaɖe. Mlɔeba la, Saul gblɔ na Dawid be ate ŋu aɖe ye vi Mixal, gake gbã la, ele be wòawu futɔ Filistitɔ 100 hafi. Bu ema ŋu kpɔ! Saul nɔ mɔ kpɔm be Filistitɔwo awu Dawid. Gake womewui o, eyata Saul tsɔ vianyɔnuvi la na Dawid wòɖe.

Gbeɖeka la, Saul gblɔ na Yonatan kple esubɔlawo katã be yedi be yeawu Dawid. Gake Yonatan gblɔ na fofoa be: ‘Mègawɔ nuvevi Dawid o. Mewɔ nu gbegblẽ aɖeke ɖe ŋuwò o. Ke boŋ nusianu, si wòwɔ la nye kpekpeɖeŋu gã aɖe na wò. Etsɔ eƒe agbe de afɔku me hewu Goliat, eye esi nèkpɔe la, edzɔ dzi na wò.’

Saul se via ƒe gbe, eye wòdo ŋugbe be yemawɔ nuvevi Dawid o. Wokplɔ Dawid gbɔe, eye wògasubɔ le Saul ƒe aƒeme abe tsã ene. Gake gbeɖeka esi Dawid nɔ ha ƒom la, Saul gada eƒe akplɔ la Dawid. Dawid de axae, eye akplɔ la tɔ gli la. Zi etɔ̃liae nye esia! Fifia Dawid nya be ele be yeasi!

Le zã me la, Dawid dzo yi eya ŋutɔ ƒe aƒeme. Gake Saul dɔ ame aɖewo be woawui. Mixal nya nusi fofoa ɖo be yeawɔ la. Eyata egblɔ na srɔ̃a be: ‘Ne mèsi le zã sia me o la, woawu wò etsɔ.’ Zã ma me la, Mixal kpe ɖe Dawid ŋuti wòsi to fesre nu. Ehiã be Dawid nanɔ bebem tso teƒe yi teƒe abe ƒe adre ene be Saul magakpɔe o.

Samuel I, 18:1-30; 19:1-18.

Nusɔsrɔ̃ Nyabiabiawo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe