INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • my ŋutinya 69
  • Nyɔnuvi Aɖe Kpe Ðe Kalẽtɔ Aɖe Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyɔnuvi Aɖe Kpe Ðe Kalẽtɔ Aɖe Ŋu
  • Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Edi Be Yeana Kpekpeɖeŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Aʋakalẽtɔ Aɖe Kple Nyɔnuvi Sue La
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Esẽ Dzi Me Gbã, Gake Eva Ðo To
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Ŋukeklẽ Gblẽ Nu Le Gexazi Ŋu Vevie
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
Kpɔ Bubuwo
Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
my ŋutinya 69
Israel nyɔnuvia le nu ƒom tso nyagblɔɖila Eliya ŋu na Naaman srɔ̃

ŊUTINYA 69

Nyɔnuvi Aɖe Kpe Ðe Kalẽtɔ Aɖe Ŋu

ÈNYA nya, si gblɔm nyɔnuvi sue sia lea? Ele Yehowa ƒe nyagblɔɖila Elisa, kple nukunu siwo Yehowa na wòwɔna la ŋutinya gblɔm na nyɔnu la. Esi nyɔnu la menye Israeltɔ o ta la, menya naneke tso Yehowa ŋu o. Ke azɔ na míakpɔ nusita nyɔnuvia le nyɔnua ƒe aƒeme la ɖa.

Nyɔnu la nye Siriatɔ. Srɔ̃a enye Naeman, Siria-ʋakɔ la ƒe amegã. Siriatɔwoe lé Israel-nyɔnuvi sue sia hekplɔ vɛ na Naeman srɔ̃ be wòanye eƒe subɔvi.

Dɔléle vɔ̃ɖi aɖe le Naeman ŋu, esi woyɔna be anyi. Dɔléle sia ate ŋu ana ame ƒe ŋutilã nanyi gɔ̃ hã. Eyata nyɔnuvi la le gbɔgblɔm na Naeman srɔ̃ be: ‘Medi be nye aƒetɔ nayi Yehowa ƒe nyagblɔɖila gbɔ le Israel. Ada eƒe anyi la nɛ.’ Emegbe la, wogblɔ nya sia na nyɔnu la srɔ̃.

Naeman di vevie be woada dɔa na ye, eyata eɖo be yeayi Israel. Esi wòɖo afima la, eyi Elisa ƒeme. Elisa dɔ eƒe dɔlawo be woagblɔ na Naeman be wòayi aɖale tsi le Yordan-tɔsisia me zi adre. Esia ku dzi na Naeman, eye wògblɔ be: ‘Tɔsisi, siwo le mía gbɔ la menyo wu esiwo le Israel oa?’ Esi Naeman gblɔ esia vɔ la etrɔ dzo.

Gake eƒe dɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ nɛ be: ‘Taflatse, ne Elisa ɖe wòɖo nu sesẽ aɖe na wò la, ne èwɔe. Ke nukatae màyi aɖale tsi ko abe alesi wògblɔ ene o?’ Naeman ɖo to eƒe dɔlawo, eye wòyi ɖanyrɔ eɖokui ɖe Yordan-tɔsisia me zi adre. Esi wòwɔe la, eƒe ŋutilã kɔ hezrɔ̃ nyuie!

Naeman kpɔ dzidzɔ ŋutɔ. Etrɔ yi ɖagblɔ na Elisa be: ‘Azɔ menyae nyuie be Israel ƒe Mawu lae nye Mawu vavã ɖeka kolia, si le anyigba katã dzi. Eyata, taflatse, xɔ nunana sia.’ Gake Elisa ɖo ŋu be: ‘Ao, nyemaxɔe o.’ Elisa nya be menyo be yeaxɔ nunana la o, elabena Yehowae nye amesi da dɔ na Naeman. Gake Elisa ƒe subɔla Gexazi di be yeaxɔ nunana la na ye ɖokui.

Nusi Gexazi wɔ enye si. Esi Naeman dzo la, Gexazi ƒu du ɖaxe ŋutsu la hegblɔ nɛ be: ‘Elisa dɔm be magblɔ na wò be yeaxɔ wò nunana la ɖe na ye xɔlɔ̃, siwo va dze ye fifia la.’ Esia ya alakpae. Gake Naeman menya be alakpae o, eyata etsɔ nuawo ƒe ɖe na Gexazi.

Esi Gexazi trɔ yi aƒeme la, Elisa nya nusi wòwɔ la. Yehowa gblɔe nɛ. Eyata egblɔ be: ‘Esi nèwɔ nu baɖa sia ta la, Naeman ƒe anyi la ava dziwò.’ Enumake la, anyia ƒo ɖe eŋu!

Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso esiawo katã me? Gbã la, ele be míanɔ abe nyɔnuvi sue la ene aƒo nu tso Yehowa ŋu. Ate ŋu aɖe vi geɖe. Evelia la, mele be míanɔ dadam abe alesi Naeman wɔ gbã ene o, ke boŋ ele be míaɖo to Mawu subɔlawo. Eye etɔ̃lia la, mele be míada alakpa abe Gexazi ene o. Míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso Biblia la xexlẽ me oa?

Fiawo II, 5:1-27.

Nusɔsrɔ̃ Nyabiabiawo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe