INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • my ŋutinya 70
  • Yona Kple Tɔmelã Gã La

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yona Kple Tɔmelã Gã La
  • Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yehowa Gbɔ Dzi Ði Na Yona
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Esrɔ̃ Nu Tso Eƒe Vodadawo Me
    Srɔ̃ Woƒe Xɔse
  • Esrɔ̃ Nu Tso Eƒe Vodadawo Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Yona Srɔ̃ Nu tso Yehowa Ƒe Nublanuikpɔkpɔ ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
Kpɔ Bubuwo
Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
my ŋutinya 70
Ƒumelã gã aɖe ke nu be yeami Yona

ŊUTINYA 70

Yona Kple Tɔmelã Gã La

KPƆ ŋutsu, si le tɔa me la ɖa. Menye fukpekpe mee ma wòɖo oa? Tɔmelã ma le emi ge! Ènya amesi ŋutsu sia nyea? Eŋkɔe nye Yona. Na míakpɔ alesi wòwɔ hafi ɖo fukpekpe geɖe me la ɖa.

Yona nye Yehowa ƒe nyagblɔɖila. Esi nyagblɔɖila Elisa ku la, eteƒe medidi o Yehowa gblɔ na Yona be: ‘Yi Niniwe, du gã la me. Amesiwo le afima la ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi sɔ gbɔ ŋutɔ, eye medi be nàyi agblɔe na wo.’

Gake Yona medi be yeayi o. Eyata eɖo tɔdziʋu aɖe, si tso Niniwe yina du bubu me la. Yona ƒe sisi medzɔ dzi na Yehowa o. Eyata ena ahomya sesẽ aɖe ƒo. Eƒo sesĩe ale gbegbe be tɔdziʋua di be yeanyrɔ. Ʋua kulawo vɔ̃ ŋutɔ, eyata wodo ɣli yɔ woƒe mawuwo hena kpekpeɖeŋu.

Tɔdziʋukulawo tɔ ɖe ʋua to le Yona si wotsɔ ƒu gbe ɖe ƒua me la kpɔm

Yona gblɔ na wo mlɔeba be: ‘Yehowa, Mawu, si wɔ dziƒo kple anyigba la subɔla menye. Eye mele sisim le dɔ, si Yehowa dɔm be mawɔ la nu.’ Eyata ʋua kulawo bia be: ‘Nukae míawɔ wò be ahomya la nadzudzɔ?’

Yona gblɔ na wo be: ‘Mikɔm ƒu gbe ɖe atsiaƒua me, eye tsi la agadze akɔ anyi.’ Ʋua kulawo medi be yewoakɔe aƒu gbe o, gake esi ahomya la nyra ɖe edzi ta la, wokɔ Yona ƒu gbe mlɔeba. Enumake ahomya la dzudzɔ, eye atsiaƒu la gadze akɔ anyi ake.

Esi Yona nyrɔ ɖe tsia me la, tɔmelã gã la mii. Gake meku o. Enɔ tɔmelã la ƒe dɔme ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃. Eve Yona ŋutɔ be yemeɖo to Yehowa heyi Niniwe o. Eyata ènya nusi wòwɔa?

Yona do gbe ɖa be Yehowa nakpe ɖe ye ŋu. Eye Yehowa na tɔmelã la dzɔ Yona ɖe anyigba ƒuƒui dzi. Ema megbe la, Yona yi Niniwe. Ðe esia mefia mí be ele vevie be míawɔ nusianu, si Yehowa gblɔ la oa?

Biblia ƒe agbalẽ, si nye Yona.

Nusɔsrɔ̃ Nyabiabiawo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe