INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • my ŋutinya 71
  • Mawu Do Paradiso Aɖe Ŋugbe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mawu Do Paradiso Aɖe Ŋugbe
  • Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nukae Nye Mawu ƒe Tameɖoɖo na Anyigba?
    Nukae Mawu Di tso Mía Si?
  • “Míado Go Le Paradiso Me!”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
  • Tame Kae Mawu Ðo Ðe Amegbetɔwo Ŋu?
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Nu Si Tae Wobu Woƒe Aƒea
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
Kpɔ Bubuwo
Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
my ŋutinya 71
Amewo le dzidzɔ kpɔm le Paradiso nyui si ŋu Yesaya gblɔ nya ɖi le la me

ŊUTINYA 71

Mawu Do Paradiso Aɖe Ŋugbe

ESIA nye paradiso, si ƒomevi Mawu tsɔ fia eƒe nyagblɔɖila Yesaya la ƒe nɔnɔmetata. Yesaya nɔ agbe le Yona ƒe agbenɔɣi megbe kpuie.

Paradiso gɔmee nye “abɔ” alo “gbadzaƒe.” Ðe wòɖo ŋku nane, si míekpɔ le agbalẽ sia me va yi la dzi na wòa? Mele abe abɔ nyui, si Yehowa Mawu wɔ na Adam kple Xawa la ene oa? Gake ɖe anyigba bliboa ava nye paradiso gbaɖegbea?

Yehowa gblɔ na eƒe nyagblɔɖila Yesaya be wòaŋlɔ nu tso paradiso yeye, si gbɔna na Mawu ƒe amewo la ŋuti. Egblɔ be: ‘Amegãxiwo kple alẽwo anɔ afi ɖeka le ŋutifafa me. Nyiviwo kple dzataviwo aɖu gbe le afi ɖeka, eye ŋutsuvi sue akplɔ wo. Ne vidzĩe fe le da gbɔ hã la, mawɔ nuvevii o.’

Ame geɖe agblɔ be: ‘Nusia mate ŋu ava eme gbeɖe o. Fukpekpe le anyigba dzi tso gbaɖegbe ke, eye woanɔ anyi ɖaa.’ Gake bu eŋu kpɔ: Aƒe ka ƒomevie Mawu tsɔ na Adam kple Xawa?

Mawu da Adam kple Xawa ɖe paradiso me. Esi womeɖo to Mawu o la ko tae wobu woƒe aƒe nyui la, ku amegã heku. Mawu do ŋugbe be yeana nusiwo Adam kple Xawa bu la amesiwo lɔ̃ ye la.

Le paradiso yeye, si gbɔna me la, naneke mawɔ nuvevi ame alo agblẽ nu o. Ŋutifafa deblibo anɔ anyi. Amesiame anɔ lãmesẽ kple dzidzɔ me. Anɔ pɛpɛpɛ abe alesi Mawu di be wòanɔ le gɔmedzedzea me ene. Gake emegbe la, míasrɔ̃ alesi Mawu ahe esia vɛ la.

Yesaya 11:6-9; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Nusɔsrɔ̃ Nyabiabiawo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe