INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • my ŋutinya 87
  • Yesu Ðevi La Le Gbedoxɔa Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yesu Ðevi La Le Gbedoxɔa Me
  • Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yesu Ðevi La
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Yesu Ƒe Ƒomea Zɔ Mɔ Yi Yerusalem
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Yesu Srɔ̃ Toɖoɖo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
Kpɔ Bubuwo
Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
my ŋutinya 87
Yesu ɖevi la kple nufialawo le gbedoxɔa me

ŊUTINYA 87

Yesu Ðevi La Le Gbedoxɔa Me

KPƆ ɖevi sue ma si le nu ƒom na ame tsitsi siawo la ɖa. Wonye nufialawo le Mawu ƒe gbedoxɔ, si le Yerusalem la me. Eye ɖevi lae nye Yesu. Etsi ɖe edzi vie. Fifia exɔ ƒe 12.

Ewɔ nuku na nufialawo ŋutɔ be Yesu nya nu geɖe tso Mawu kple nusiwo woŋlɔ ɖe Biblia me la ŋuti. Gake nukatae Yosef kple Maria ya mele afisia o? Afikae wole? Na míakpɔe ɖa.

Ƒe sia ƒe la, Yosef kplɔa eƒe ƒome la yia Yerusalem hena ŋkekenyui tɔxɛ aɖe, si woyɔna be Ŋutitoto la ɖuɖu. Enye mɔ didi aɖe tso Nazaret yi Yerusalem. Ʋu mele ame aɖeke si o, eye keteke aɖeke hã menɔ anyi o. Nusiawo menɔ wo si le ŋkeke mawo me o. Ame geɖe zɔa afɔ, eye wozɔa mɔ abe ŋkeke etɔ̃ ene hafi ɖoa Yerusalem.

Gake fifia Yosef ƒe ƒome la lolo. Eyata Yesu nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖe li, siwo dzi wòle be woakpɔ. Le ƒe sia me la, Yosef kple Maria kpakple wo viwo zɔ mɔ didi la hetrɔ yi aƒe le Nazaret. Wobu be Yesu le ame bubuwo ŋu gbɔna. Gake esi zã do, eye wotsi afi aɖe dɔ la, womekpɔ Yesu o. Wodii le woƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo dome, gake mele wo gbɔ o! Eyata wotrɔ yi Yerusalem edi ge le afima.

Mlɔeba la, wokpɔ Yesu le nufialawo gbɔ afisia. Ele to ɖom wo hele nya biam wo. Ameawo katã ƒe mo wɔ yaa le alesi Yesu nya nui la ta. Gake Maria gblɔ be: ‘Vinye, nukatae nèwɔ nusia ɖe mía ŋu? Mí kple fofowò míexa nu vevie hedi wò.’

Yesu ɖo eŋu be: ‘Nukatae miele diyem? Ðe mienya be ele nam be manɔ Fofonye ƒe aƒeme oa?’

Ẽ, Yesu lɔ̃ afisi wòate ŋu asrɔ̃ nu le Mawu ŋuti le la nɔnɔ. Ðe menye nenema wòle be míawo hã míadi oa? Esi Yesu trɔ yi aƒe le Nazaret la, edea kpekpewo hena tadedeagu kwasiɖa sia kwasiɖa. Esi wònye eɖoa to nyuie ta la, esrɔ̃ nu geɖe tso Biblia la me. Mina míanɔ abe Yesu ene ahadze eƒe kpɔɖeŋu la yome.

Luka 2:41-52; Mateo 13:53-56.

Nusɔsrɔ̃ Nyabiabiawo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe