INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • my ŋutinya 103
  • Ege Ðe Xɔ Aɖe Si Le Tutu Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ege Ðe Xɔ Aɖe Si Le Tutu Me
  • Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yɔdoa Tsi Ƒuƒlu, Elabena Yesu Le Agbe!
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Wofɔ Yesu Ðe Tsitre
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Mawu Ðo Ŋku Via Dzi
    Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
  • Yesu Le Agbe!
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
Kpɔ Bubuwo
Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
my ŋutinya 103
Yesu si wofɔ ɖe tsitre la ɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃lawo

ŊUTINYA 103

Ege Ðe Xɔ Aɖe Si Le Tutu Me

ESI Petro kple Yohanes wodzo le yɔdo, si me woɖi Yesu ɖo la gbɔ la, Maria ɖeka tsi afima. Ede asi avifafa me. Tete wòbɔbɔ kpɔ yɔdo la me abe alesi míekpɔe le nɔnɔmetata, si va yi mee ene. Ekpɔ mawudɔla eve le afima! Wobiae be: ‘Nukatae nèle avi fam?’

Maria ɖo ŋu be: ‘Wokɔ nye Aƒetɔ dzoe, eye nyemenya afisi wodae ɖo o.’ Tete Maria trɔ hekpɔ ŋutsu aɖe. Ŋutsua biae be: ‘Ameka dim nèle?’

Maria bu be ŋutsu lae nye eŋudzɔla la, eye ɖewohĩ eyae tsɔ Yesu ƒe ŋutilã la. Eyata egblɔ be: ‘Ne wòe tsɔe la, ke gblɔ afisi nèdae ɖo la nam.’ Evɔ le nyateƒe me la, ŋutsu siae nye Yesu la. Etsɔ ŋutilã aɖe si Maria medze si o la do. Gake esi ŋutsu la yɔ Maria ŋkɔ ko la, edze sii be Yesu lae nye esia. Eƒu du ɖagblɔe na nusrɔ̃lawo be: ‘Mekpɔ Aƒetɔ la!’

Gbemagbe ƒe ɣetrɔ me esime nusrɔ̃la eve aɖewo yina Emaus-kɔƒe me la, ŋutsu aɖe va xe wo. Nusrɔ̃lawo lé blanui ŋutɔ, elabena wowu Yesu. Gake esi wonɔ mɔ dzi la, ŋutsu la ɖe nu geɖe me na wo tso Biblia la me esi na woƒe dzi dze eme. Mlɔeba esi wotɔ be woaɖu nu la, nusrɔ̃lawo dze sii be amesiae nye Yesu. Tete Yesu bu vĩ, eye nusrɔ̃la eve siawo trɔ yi Yerusalem enumake ɖagblɔe na apostoloawo.

Esi ema le edzi yim la, Yesu ɖe eɖokui fia Petro hã. Esi ame bubuawo se esia la, dzi dzɔ wo ŋutɔ. Eye nusrɔ̃la eve siawo yi Yerusalem hekpɔ apostoloawo. Wogblɔ alesi Yesu ɖe eɖokui fia wo le mɔa dzi la na wo. Ke esi wole esia gblɔm teti ko la, ènya nukunu si va dzɔa?

Kpɔ nɔnɔmetata la ɖa. Togbɔ be wodo ʋɔa hã la, Yesu do ɖe wo dzi kpoyi le xɔa me. Dzidzɔ ka gbegbee nye si nusrɔ̃lawo kpɔ! Ðe menye dzidzɔ ƒe ŋkeke aɖee ma oa? Àte ŋu axlẽ zi neni, si Yesu ɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃lawo vaseɖe fifia? Èxlẽe wòde zi atɔ̃a?

Apostolo Toma menɔ wo dome esime Yesu ɖe eɖokui fia wo o. Eyata nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ be: ‘Míekpɔ Aƒetɔ la!’ Gake Toma be ye ŋutɔ ɖe yeakpɔ Yesu hafi axɔe ase. Emegbe ŋkeke enyiagbe la, nusrɔ̃lawo gaƒo ƒu ɖe xɔ aɖe me hedo ʋɔa; fifia ya la, Toma le wo dome. Enumake Yesu do ɖe wo dzi kpoyi le xɔa me. Toma xɔe se azɔ.

Yohanes 20:11-29; Luka 24:13-43.

Nusɔsrɔ̃ Nyabiabiawo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe