INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • kc ta 7 axa 56-67
  • Sidzedze Mesia, Fia La

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Sidzedze Mesia, Fia La
  • “Wò Fiaɖuƒe Nava”
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “YERUSALEM ƑE AƑEDO”
  • MESIA ƑE VAVA ZI GBÃTƆ ƑE ƔEYIƔIA BUBU
  • ‘WOTSRƆ̃’ MESIA FIA LA
  • MESIA HE VIÐEWO VƐ
  • Woɖe Mesia Ƒe Vavaɣi Fia
    Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!
  • Alesi Daniel ƒe Nyagblɔɖia Gblɔ Mesia la ƒe Vava Ðii
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Wonɔ Mɔ Kpɔm Na Mesia La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • “Míekpɔ Mesia La”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
Kpɔ Bubuwo
“Wò Fiaɖuƒe Nava”
kc ta 7 axa 56-67

Ta 7

Sidzedze Mesia, Fia La

1. Nukata wòsɔ be Yehowa zã Daniel tsɔ gblɔ ɣeyiɣi siwo me nuwo adzɔ ɖi?

NYAGBLƆÐILA Daniel anɔ amesiwo woafɔ ɖe tsitre be woava nɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒe nuɖoanyia me le anyigba dzi la dome. Le eƒe agbenɔƒe gbogbo siwo wòtsɔ subɔ Yehowa ƒe nuwuwu la, wogblɔ nɛ be: “Gbɔ ɖe eme, eye nafɔ le ŋkekeawo ƒe nuwuwu naxɔ wò gome.” Daniel tsɔ ɖe le “nuwuɣi” la kple ‘nukunu’ siwo adzɔ ɣemaɣi la me vevie, abe alesi míawo hã míetsɔ ɖe le eme egbea ene. Eyata esɔ be Yehowa Mawu si nye Gamedzinɔla gã la zã Daniel wònye eƒe nyagblɔɖila si gblɔ ɣeyiɣi si wòɖo ɖi na Fiaɖuƒea ƒe ‘vava’ la ɖi.—Daniel 12:4, 6, 13; 11:27, 35; tsɔe sɔ kple Amos 3:7; Yesaya 46:9-11.

“YERUSALEM ƑE AƑEDO”

2. (a) Yesaya ƒe nyagblɔɖi kae va eme kpata le ƒe 539 D.M.Ŋ. me, eye aleke wòva emee? (b) Nukunu kae hiã be woawɔ be Yeremya 25:11, 12 nava eme ɖe ɣeyiɣi dzi?

2 Le Yehowa ƒe nya si wògblɔ ɖi ƒe alafa geɖe do ŋgɔ nu la, Persiatɔ Kores kple Mediatɔ Dario ƒe asrafowo mu Babilon Fiaɖuƒea. (Yesaya 44:24, 27, 28; 45:1, 2) Dario va zu fia ɖe Babilon-fiaɖuƒe si nɔ anyi tsã la dzi. Esia dzɔ le ƒe 539 D.M.Ŋ. me. Ƒe 68 va yi tso esime Babilon-fia Nebukadnezer tsrɔ̃ Yerusalem kple eƒe gbedoxɔa eye wòwɔ Yuda-nyigba la aƒedoe hekplɔ Yudatɔ mamleawo yi Babilon. Eyata Daniel si ku amegã la nɔ mɔ kpɔm vevie esime wòŋlɔ nya siawo le Dario ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ me be: “Nye Daniel melé ŋku ɖe agbalẽwo me ɖe ƒe, siwo ŋu Yehowa ƒe gbe va na nyagblɔɖila Yeremya ɖo be, woanye ƒe blaadre ayi ɖe Yerusalem ƒe aƒedo ŋu la ƒe xexlẽme ŋu.” (Daniel 9:2; Yeremya 25:11, 12) Nukumɔ ka dzie woato ana Yudatɔ siwo woɖe aboyoe la natrɔ ayi wo de le ƒe eve siwo gagbɔna me eye woagbugbɔ aɖo Yehowa ƒe tadedeagu anyi le Yerusalem?

3. Eyata gbe kae Daniel do ɖa vevie?

3 Daniel ɖe kuku na Yehowa vevie ɖe eƒe amewo ta eye wòlɔ̃ ɖe woƒe nuvɔ̃wo dzi hebia Yehowa be wòakpɔ nublanui na yewo. Ƒo ye katã ta la, ebia Yehowa be wòaɖe vlododo siwo dukɔ siwo ƒo xlã Israel li kɔe ɖe Eƒe ŋkɔ gã dzi la ɖa. Eɖe kuku na eƒe Mawu be: “Aƒetɔ [Yehowa], see! Aƒetɔ [Yehowa], tsɔe ke! Aƒetɔ [Yehowa], ɖo ŋku anyi nawɔ nu, eye megahe ɖe megbe o, le wò ŋutɔ ɖokuiwò ta, nye Mawu! Elabena wò ŋkɔe woyɔ ɖe wò du la kple wò dukɔ la ŋu.”—Daniel 9:4-19.

4. Aleke Yehowa ɖo gbedodoɖa ma ŋui?

4 Ðe Yehowa ɖo gbedodoɖa sia ŋua? Ẽ, eɖo eŋu! Eye le esia wɔwɔ me la, ena nya si wògblɔ ɖi hã va eme. Ena Persia-fia Kores si va xɔ ɖe Dario teƒe la de se be Israel-vi mamleawo nayi Yerusalem ava gbugbɔ Yehowa ƒe gbedoxɔa atu. Esi “ƒe blaadre” la nɔ enu wum le ƒe 537 D.M.Ŋ. me la, Yudatɔ mawo siwo trɔ gbɔ la gadze vɔsasa na Yehowa gɔme ake le eƒe vɔsamlekpui si wogbugbɔ ɖi dzi le Yerusalem.—Kronika II, 36:17-23; Ezra 3:1; Yesaya 44:28; 45:1.

MESIA ƑE VAVA ZI GBÃTƆ ƑE ƔEYIƔIA BUBU

5. (a) Nukae va dzɔ ɖe eyome enumake? (b) Ɣeyiɣi ka ŋue woƒo nu tsoe vevie le Daniel 9:24-27?

5 Nane hã do tso Daniel ƒe gbedodoɖa la me enumake. Mawudɔla Gabriel do amegbetɔŋutilã hetsi tre ɖe eƒe ŋkume eye wònɔ nu ƒom nɛ. Egblɔ na Daniel be ‘Yehowa lɔ̃e’ eye wòyi edzi ‘fia nui.’ (Daniel 9:20-23) Nusi wògblɔ la nye nyaɖeɖefia yeye kura na Daniel. Enye nyagblɔɖi dovoɖiname aɖe si me nusiwo adzɔ le “kwasiɖa blaadre” me, menye “ƒe blaadre” o, la le. Taflatse xlẽ nya bliboa le Daniel 9:24-27. Nukae nyagblɔɖia fia?

6. Aleke “kwasiɖa blaadre” la ƒe didime le?

6 Egblɔ be woɖo “kwasiɖa blaadre” ɖi na “amegã, si wosi ami na” si nye Fia si ado tso Dawid ƒe ƒomea me si ŋugbe wodo la ƒe vava. Ðe esiawo ate ŋu anye kwasiɖa ŋutɔŋutɔwoa? Ao, elabena nya siwo wogblɔ ɖi la katã mate ŋu ava eme le ƒe ɖeka kple afã me o. Wonye ‘kwasiɖa’ siwo ƒe ŋkeke ɖesiaɖe woabu ƒe ɖekae. (Tsɔe sɔ kple Mose III, 25:8.) Le nyateƒe me la, Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo zã nyagbɔgblɔwo abe “ƒewo ƒe kwasiɖawo” ene le Daniel 9:24. (An American Translation, Moffatt, Today’s English Version; kpɔ Rotherham, The New American Bible, kple The Jerusalem Bible ƒe etenuŋɔŋlɔwo hã.) Edze ƒã be “kwasiɖa blaadre” siawo nye ƒe 490 ŋutɔŋutɔwo.

7, 8. (a) Nukata womexlẽ “kwasiɖa blaadre” la tso esime Kores de sea o? (b) Aleke woɖo Nexemya ƒe gbedodoɖa ŋui? (d) Aleke Yudatɔwo wɔ nu ɖe fia la ƒe ‘nya’ ŋui? (ɖ) Ɣekaɣie esia va eme?

7 Ɣekaɣie wodze “kwasiɖa blaadre” siawo xexlẽ gɔme? Daniel 9:25 gblɔ na mí be: “Tso ɣeyiɣi, si wode se be, woagatso Yerusalem.” Gake ‘nya’ aɖeke menɔ Kores ƒe sededea me nenema o. Ðeko wògblɔ na wo be woayi ‘agbugbɔ Yehowa ƒe aƒe’ la atso ahaɖi vɔsamlekpuia hã. (Ezra 1:1-4) Le ƒe siwo wu 80 le ema megbe me la, dua ŋutɔ kpɔtɔ nye “aƒedo” eye eƒe gliawo ɖo baba ɖe anyigba. Le ɣemaɣi me, woɖo Nexemya si nye Yudatɔ anukwareɖila aɖe Persia-fia Artaxsasta ƒe ahakulae le Susa-mɔ̃ me. Esime wòse nɔnɔme wɔnublanui si me Yudatɔwo le le Yerusalem la, edo gbe ɖa be woaɖe ‘vlododo’ sia ɖa le Yehowa ƒe ŋkɔ dzi.—Nexemya 1:3, 11; 2:17.

8 Nexemya lé blanui hetsɔ aha vɛ na fia la. Artaxsasta biae bena: “Nukaŋuti nèɖo adã, evɔ mèle dɔ lém hafi o? Menye nu bubu aɖekee o, ke boŋ nu xam nèle le dzi me.” Esi fia la va nya nusi le fu ɖem nɛ la, enumake ena mɔfiafia Nexemya be wòatrɔ ayi Yerusalem be wòava ɖo dua ƒe “gliawo” kple eƒe “agbowo.” Esime Nexemya ɖo afima hegblɔ alesi Mawu ve enui eye wògblɔ fia ƒe ‘se si wòde be woagbugbɔ Yerusalem atso’ na ameawo la, nukae wowɔ? “Tete wogblɔ bena: Míatso, eye míaɖo wo! Ale wodo ŋusẽ woƒe asiwo ɖe dɔ nyui la wɔwɔ ŋu.” Esiawo katã dzɔ “le fia Artaxsasta ƒe ƒe blavelia me.”—Nexemya 2:1-18.

9. Aleke míawɔ anya Artaxsasta ƒe dziɖuɖu ƒe ƒe 20 lia?

9 Ƒe ka mee? Ðaseɖiɖi geɖe ɖee fia be Artaxsasta sia (si woyɔ hã be “Longimanus” le esi eƒe nuɖusibɔ didi ta la) va nɔ Persiatɔwo ƒe fiazikpuia dzi esime fofoa Xerxes ku. Artaxsasta ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ anye ƒe 474 D.M.Ŋ. Eyata eƒe dziɖuɖu ƒe ƒe 20 lia anye ƒe 455 D.M.Ŋ.a

10. Aleke nyagblɔɖi si ku ɖe “kwasiɖa adrẽ” gbãtɔwo ŋu va emee?

10 Eyata woadze “kwasiɖa” siwo woyɔ le Daniel 9:25 la xexlẽ gɔme tso ƒe 455 D.M.Ŋ. me dzi. Míexlẽe be:

“Azɔ nyae, eye naƒu to anyi: Tso ɣeyiɣi, si wode se be, woagatso Yerusalem vaseɖe amegã, si wosi ami na dzi la, le kwasiɖa adre; eye woatsɔ kwasiɖa blaade vɔ eve atso ablɔwo kple kpɔdomeewo le xaxaɣi.”

Edze ƒã be dua gbugbɔgatso xɔ “kwasiɖa adre” gbãtɔwo alo ƒe 49 si va wu enu le ƒe 406 D.M.Ŋ me. “Xaxaɣi” la fia dukɔ siwo ƒo xlã wo ƒe tsitretsitsi sẽŋu ɖe xɔtudɔ sia ŋu ŋusẽtɔe. (Nexemya 4:6-20) Gake ŋutinya ɖee fia be Yerusalem nye dugã si nɔ dzidzedze kpɔm le ƒe alafa ma ƒe nuwuwu lɔƒo.b

11. Aleke “Amegã si wosi ami na” la va ɖe ɣeyiɣi dzii?

11 Gake wogblɔ be “kwasiɖa blaade vɔ eve” ava ɖe ema yome—wo katã anye ƒewo ƒe kwasiɖa 69, alo ƒe 483 tso ƒe 455 D.M.Ŋ. “vaseɖe amegã, si wosi ami na dzi.” Ƒe 483 siawo siwo me ƒe 455 D.M.Ŋ. ƒe akpa aɖe kple ƒe mamletɔ ƒe akpa aɖe le la va ɖo ƒe 29 M.Ŋ. me. Ðe Mesia la va ɣemaɣia? Luka 3:1-3 gblɔ be “le kaisaro Tiberio ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiatɔ̃lia me” la, Yohanes Amenyrɔ̃ɖetsimela ‘va Yordan-nutowo katã me godoo hele gbeƒã ɖem nyɔnyrɔ̃xɔxɔ.’ Esi wònye ŋutinyaŋlɔlawo gblɔ be Tiberio va zu Roma-fiagã le ƒe 14 M.Ŋ. ƒe August 17 dzi (le Gregory ƒe ɣletigbalẽa dzi) ta la, Yohanes ƒe gbeƒãɖeɖe kple nyɔnyrɔ̃nana amewo adze egɔme le Tiberio ƒe dziɖuɖu ƒe ƒe 15 lia me—le ƒe 29 M.Ŋ. ƒe adame. Le ƒe—29 M.Ŋ.—ma ke ƒe kele me la, wona nyɔnyrɔ̃ Yesu eye gbɔgbɔ kɔkɔe tso dziƒo hesi ami nɛ wòzu Mesia. Ẽ, Mawu ƒe nyagblɔɖi si va eme ɖe ɣeyiɣi dzi tututue wònye vavã!—Luka 3:21, 22.

12. (a) Nukae Yudatɔ geɖe nɔ mɔ kpɔm na ɣemaɣi? (b) Aleke nyagblɔɖia gɔmesese bu ɖe woe? (d) Gake aleke wòaɖe vi na míi?

12 Le ŋkeke mawo me la, Yudatɔwo nɔ mɔ kpɔm na Mesia la ƒe vava le esi ɖikeke mele eme o be wonya nu tso ‘kwasiɖa blaadreawo’ ŋu ta. (Luka 3:15; Yohanes 1:19, 20) Gake le woƒe dzimesesẽ ta la, wo dometɔ geɖe mese nyagblɔɖia gɔme o. (Mateo 15:7-9) Gake ŋkuléle ɖe ‘nyagblɔɖinya’ siawo katã ŋu ate ŋu ado ŋusẽ mí amesiwo li egbea ƒe xɔse. (Petro II, 1:19-21) Menye ɖeko “nya” la ɖe amesi Mesia la nye fia kɔte abe alesi woɖe emee le nuŋlɔɖi si le axa 67 me ene ko o; ke boŋ eɖe yayra wɔnuku siwo míakpɔ le “amegã, si wosi ami na la” ƒe Fiaɖuƒea te hã fia.—Yesaya 9:6, 7.

‘WOTSRƆ̃’ MESIA FIA LA

13, 14. Aleke Mesia la ƒe vava kple eƒe nuwɔna to vovo sã na alesi Yudatɔwo kpɔ mɔe?

13 Ðe “amegã, si wosi ami na” la ƒe vava na Yudatɔwo kpɔ ɖeɖe enumakea? Wokpɔ mɔ be anye aʋawɔla kalẽtɔ sẽŋu aɖe si aɖe yewo tso kluvinyenye na Roma Fiaɖuƒea si me ameteteɖeanyi le la me. (Yohanes 6:14, 15) Gake Fofoa Yehowa ɖo tame ɖe ɖeɖekpɔkpɔ bubu aɖe ŋu.

14 Gabriel na eme kɔ ƒã le “kwasiɖa blaadre” ƒe nyagblɔɖia me be, le esi teƒe be Mesia la nava nye dunyahedziɖula gã aɖe boŋ la, ‘woatsrɔ̃e ɖa fɔmaɖimaɖii.’ Aku ŋukpeku eye magblẽ ŋkɔ alo ŋutilãmekesinɔnu aɖeke ɖi na eƒe dzidzimeviwo o. Aleke wòva eme tututue nye si! Esime asrafoawo ɖe awu le Yesu ŋu be woawui la, wodzidze nu ɖe nusi ko gasusɔ ɖe esi la gɔ̃ hã dzi—eƒe awu ʋlaya la.—Daniel 9:26a; Mateo 27:35.

15. (a) Ɣekaɣie ‘wotsrɔ̃’ Mesia la? (b) Aleke woɖo kpe ɣeyiɣi sia ƒe nyateƒenyenye dzii?

15 Ɣekaɣie wowui? Gabriel gblɔ be anye le ƒewo ƒe “kwasiɖa [mamletɔ ƒe] afã” si nye ƒe 33 M.Ŋ. ƒe adame si nye ƒe etɔ̃ kple afã le Yesu ƒe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ kple amisisi nɛ megbe. Yohanes ƒe Nyanyuia ɖo kpe nyagblɔɖia me vava pɛpɛpɛ dzi esime wòɖee fia be Yesu yi Ŋutitotoŋkekenyui enelia ɖuƒe ɣemaɣi le eƒe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ megbe.—Daniel 9:27b; Yohanes 2:13; 5:1; 6:4; 13:1.

16, 17. (a) Aleke nya siwo Daniel 9:26 yi edzi gblɔ la va eme nublanuitɔe? (b) Aleke Mesia yomedzela vavãtɔ siwo nɔ anyi ɣemaɣi nye kpɔɖeŋu na míi?

16 Ẽ, ‘wotsrɔ̃ amegã si wosi ami na la.’ Aleke wòhewɔ nublanui enye si be Yudatɔwo mekpɔ woƒe fia la dze sii o! Gake nu geɖe agadzɔ. Ele be Yerusalem nagatsrɔ̃ ake. Daniel ƒe nyagblɔɖia gblɔ be:

“Amegã, si le vava ge la ƒe dukɔ agbã du la kple kɔkɔeƒe la, eye enu ayi abe tɔsisie kplɔe dzoe ene; aʋawɔwɔ kple aƒedo anɔ anyi vaseɖe nuwuwu.”—Daniel 9:26b.

17 Le nyagblɔɖia me vava nu la, aʋa dzɔ le Mesia la ƒe ‘tsɔtsrɔ̃’ megbe “vaseɖe nuwuwu.” Mlɔeba le ƒe 70 M.Ŋ. me la, Roma-srafo siwo ƒo xlã Yerusalem la ge ɖe dua me abe tɔsisi ene. Wogbã dua kple eƒe gbedoxɔa eye ‘wotsrɔ̃e.’ Ŋutinyaŋlɔla Josephus gblɔ be Yudatɔ 1,100,000 tsrɔ̃ le nudzɔdzɔ ma me. Dzidzɔtɔe la, Mesia yomedzela vavãwo ɖo to ‘dzesi’ si nye nuxlɔ̃ame ɣemaɣi hesi yi towo dzi le Yordan-godo. (Mateo 24:3-16) Esia hã te gbe ɖe alesi wòle vevie na mí egbea be míalé ŋku ɖe Mawu ƒe nyagblɔɖi ƒe “dzesi” la ŋu hafi Fiaɖuƒea ‘nava’ drɔ̃ ʋɔnu fifi xexemenuɖoanyi vɔ̃ɖia.—Luka 21:34-36.

MESIA HE VIÐEWO VƐ

18. Vi kae Mesia ƒe vava zi gbãtɔ ɖe?

18 Ekema nukae Mesia ƒe vava zi gbãtɔ la he vɛ? Gabriel gblɔ na Daniel be:

“Kwasiɖa blaadre woɖo ɖe wò dukɔ kple wò du kɔkɔe la ŋu, ne woaxe mɔ na dzidada, eye woatsi nuvɔ̃ nu, woalé avu ɖe vodada nu, eye woahe dzɔdzɔenyenye mavɔ vɛ.” (Daniel 9:24a)

“Amegã, si wosi ami na” la awɔ esiawo katã do ŋgɔ na eƒe ku kple to eƒe kua me! Esia manye ɖeɖe si ato dunyahehe me ava o ke boŋ enye gbɔgbɔ me tɔ. To Yesu ƒe amegbetɔ ƒe agbe deblibo ƒe tafea ƒe ŋusẽ me la, aɖe nuvɔ̃ kple dzidada ɖa le amesiwo axɔe be enye Mesia la ŋu eye wòakplɔ wo ayi ‘nubabla yeye’ me woanye “Mawu ƒe [gbɔgbɔ me] Israel.”—Galatiatɔwo 6:16; Yeremya 31:31, 33, 34.

19. Aleke Mesia ‘tsi akpedavɔsa kple nuɖuvɔsa nui’?

19 Eyata nubabla yeye si Mesia nye avuléla na si nɔ te ɖe ame deblibo ƒe vɔsa ɖeka le “kwasiɖa afã me” dzi awɔ nusi Se ƒe nubabla si Mose nye avuléla na si nɔ te ɖe lãwo ƒe vɔsa dzi mete ŋu wɔ o la. Ato ema me “atsi akpedavɔsa kple nuɖuvɔsa nu,” si fia be asixɔxɔ aɖeke maganɔ Sea ƒe vɔsawo ŋu azɔ o. (Daniel 9:27) Apostolo Paulo gblɔe emegbe be: “Xoxotɔ la nu va yi, kpɔ ɖa, nuwo katã zu yeye! Ke wo katã tso Mawu gbɔ, amesi lé avu le mía kple eɖokui dome to Yesu Kristo dzi, eye wòna avuléle ƒe subɔsubɔdɔ mí.”—Korintotɔwo II, 5:17, 18.

20. Ameƒomea ƒe mɔkpɔkpɔ kae adzɔ dzi na wò?

20 Le ɣeyiɣi si dze me la, Yesu ƒe tafevɔsa aɖe vi na ame bubuwo hã le vi si wòaɖe na gbɔgbɔ me Israel si me tɔ Paulo va zu la megbe, elabena eyi edzi gblɔ be Mawu to Kristo dzi lé avu “le xexeame kple eɖokui dome, eye mebu woƒe vodadawo na wo o.” (Korintotɔwo II, 5:19) Esi wò hã nèle ameƒomea ƒe xexeame ta la, ɖe medzɔ dzi na wò be woato Amesi lé avu le mia kple Mawu dome ƒe vɔsa me atsɔ nuvɔ̃ siwo nèwɔ le amegbetɔ ƒe blibomademade ta la ake wò oa?

21, 22. (a) Aleke kwasiɖa 70 lia ‘ɖo kpe ŋutega kple nyagblɔɖiwo dzii’? (Daniel 9:24) (b) Aleke wosi ami na “Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe” lae?

21 Gake menye ɖeko “woahe dzɔdzɔenyenye mavɔ vɛ” le ‘kwasiɖa blaadrelia’ me ko o. Ke “woaɖo kpe ŋutega kple nyagblɔɖiwo dzi” hã. Nyaɖeɖefia 19:10 gblɔ be, “Yesu ƒe ɖaseɖiɖi la enye nyagblɔɖigbɔgbɔ.” Eye Yesu ƒe vava zi gbãtɔ abe Mesia ene hã na nyagblɔɖi alafa geɖe si wogblɔ le nusiwo wòwɔ kple nya siwo wògblɔ ŋu la va eme ŋutɔŋutɔ. Esia le abe ɖe wotre nyagblɔɖi mawo nu sesĩe ene eye eɖee fia be wonye nyagblɔɖi vavã siwo va eme pɛpɛpɛ eye be wotso Fiagã Aƒetɔ Yehowa gbɔ. Fifia to Mesia dzi la, Mawu ƒe amewo ƒe yayra ŋuti ŋugbedodowo katã ava eme. ‘Elabena Mawu ƒe ŋugbedodo, alesi nu wole la, va zu Ẽ to eyama dzi’—amesi nye Yesu, Mesia la.—Daniel 9:24b; Korintotɔwo II, 1:20.

22 Nusi hã woawɔ le ‘kwasiɖa blaadrelia’ mee nye amisisi na “Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la.” Womagate ŋu awɔ Mawu ƒe tameɖoɖo le nuvɔ̃tsɔtsɔke me ŋudɔ le “Kɔkɔeƒe, si wotsɔ asi wɔe” si nɔ Yerusalem la me o. Enye vavãtɔ si le gbɔgbɔmegbedoxɔ gã si va nɔ anyi esime wosi ami na Mesia la le ƒe 29 M.Ŋ. me la ƒe kpɔɖeŋu ko. Afimae Kristo yi le eƒe ku kple tsitretsitsi megbe be wòatsɔ eƒe amegbetɔ ƒe vɔsa ƒe asixɔxɔ ayi Mawu ƒe ŋkume le dziƒo zi ɖeka ɖe ‘ɣeɣiɣiawo katã nu.’ (Hebritɔwo 9:23-26) Woto esia me na Mawu ƒe dziƒonɔƒea va nɔ nɔnɔme bubu me. Wosi ami na afima wònye “Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe” eye wòva zu gbɔgbɔ me tɔ si nye vavãtɔ si Yerusalem-gbedoxɔa ƒe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea nye kpɔɖeŋu na. Eyata tso Pentekoste-ŋkekea dzi le ƒe 33 M.Ŋ. me vaseɖe ‘kwasiɖa blaadrelia’ ƒe nuwuwu me la, mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ va su Yudatɔ siwo xɔ Mawu ƒe nunana la si. Wonɔ te ɖe Kristo ƒe vɔsa si wòtsɔ yi “Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe” la dzi si ami na woawo hã be woava zu nunɔlateviwo asubɔ le Mawu ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ la me.

23. (a) Aleke wove Yudatɔwo nu etɔxɛe le kwasiɖa 70 lia mee? (b) Aleke wove ame bubuwo nu le “kwasiɖa blaadre” la ƒe nuwuwu megbe?

23 Nyagblɔɖia gblɔ le Yudatɔ siawo siwo ava nye gbɔgbɔ me Israel me tɔwo ŋu be: “Abla nu sesẽ kple ame geɖewo kwasiɖa ɖeka.” Esia nye ‘ƒewo ƒe kwasiɖa’ si nye ƒe 29-36 M.Ŋ. me esime wove dzɔdzɔme Yudatɔwo nu etɔxɛe eye woxɔ woawo hã wova nye ‘Abraham ƒe gbɔgbɔmeviwo.’ (Daniel 9:27a) Gake esime Petro va ɖe gbeƒã na Trɔ̃subɔla Kornelio aʋamatsomatsotɔ la, mɔ ʋu ɖi na dukɔwo me tɔ aʋamatsomatsotɔwo hã be woava nɔ Abraham ƒe nubabla la me. Paulo ŋlɔ le esia ŋu bena: “Mi katã mienye mawuviwo to Kristo Yesu dzixɔxɔse me. Elabena mi ame alesi nu wona nyɔnyrɔ̃e ɖe Kristo me la, miedo Kristo. Azɔ la Yudatɔ kple Helatɔ megali o; kluvi alo ablɔɖevi megali o; atsu alo asi megali o; elabena mi katã ɖeka miele le Kristo Yesu me. Ke ne mienye Kristo tɔ la, ekema Abraham ƒe ƒome kple domenyilawo mienye le ŋugbedodo la nu.”—Galatiatɔwo 3:26-29; Dɔwɔwɔwo 10:30-35, 44-48.

24. (a) Kakaɖedzi wɔnuku kae le ŋugbe si wodo na Abraham la me na ame bubuwo hã? (b) Aleke nàkpɔ gome le emee abe alesi Luka 9:23 gblɔe ene?

24 Ke ameƒomea me tɔ mamlewo—ame biliɔn geɖe siwo nu womeƒo ƒu be woava nye “ha sue” si me tɔwo ƒe domenyinyi le dziƒo la me tɔ o ya ɖe? Kakaɖedzi wɔnuku le ŋugbe si wodo na Abraham la me na amesiawo hã le nya si Mawu gblɔ me be: “To wò [Abraham ƒe] dzidzimeviwo me woayra anyigba dzi dukɔwo katã.” (Mose I, 22:18) Ðe nèdi be yayra siawo nasu ye hã sia? Àte ŋu akpɔe eye do gbe ɖa be ‘Mawu ƒe Fiaɖuƒea nava.’ Azɔ hã esi nèyi edzi le Mawu ƒe Nya la me dzrom la, àva srɔ̃ alesi ‘nàgbe nu’ le ɖokuiwò gbɔ aɖe adzɔgbe na Mawu ahadze Mesia, Kplɔla la, yome “gbawotsyogbe.”—Luka 9:23.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Kpɔ Eŋlisigbe Gbetakpɔxɔ, October 15, 1965, axa 629-631; Insight on the Scriptures, Babla 2, axa 899-900.

b Le kpɔɖeŋu me, Josephus yɔ ƒe alafa enelia D.M.Ŋ. me ŋutinyaŋlɔla Hecataeus si tso Abdera ƒe nya siwo wòŋlɔ la le agbalẽ si nye Against Apion, Agbalẽ I:22 me be: “Du sesẽ kple kɔƒe geɖe nɔ Yudatɔwo si le dukɔa ƒe akpa vovovowo, gake wo katã nye du sesẽ ɖeka si wotɔ kpɔ ƒo xlãe si didi stadio blaatɔ̃ [anɔ afɔ 33,000] togodo eye emenɔlawo ade ame akpe alafa ɖeka blaeve; woyɔnɛ be Yerusalem.”

[Nyaɖoɖo si le axa 67]

“AMEGÃ, SI WOSI AMI NA” ŊUTI NYAGBLƆÐI SIWO VA EME LE “KWASIÐA BLAADRE” ƑE NUWUWU LƆƑO

NYAGBLƆÐI NUDZƆDZƆ EMEVAVA

Yesaya 40:3 Yohanes Amenyrɔ̃la dzra mɔ dzi ɖo Mateo 3:1-3

Mixa 5:2 Wodzi Yesu le Betlexem Mateo 2:1-6

Mose I, 49:10 Yuda-toa mee wòdo tso Luka 3:23-33

Yesaya 7:14 Ðetugbi nɔaƒee dzii Mateo 1:23-25

Yesaya 9:7 Dawid ƒe dzidzimevi kple domeyilae Mateo 1:1, 6-17

Yeremya 31:15 Wowu ɖeviwo le edzidzi megbe Mateo 2:16-18

Hosea 11:1 Woyɔe tso Egipte (sitsoƒe) Mateo 2:14, 15

Daniel 9:25 Edo le “kwasiɖa” 69 ƒe nuwuwu Luka 3:1, 21, 22

Psalmo 40:8, 9 Etsɔ eɖokui na Mawu ƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ Mateo 3:13-15

Yesaya 61:1, 2 Gbɔgbɔ si ami nɛ be wòaɖe gbeƒã Luka 4:16-21

Psalmo 2:7 Yehowa be Yesue nye “Via” Mateo 3:17

Yesaya 9:1, 2 Kekeli le Galilea-nuto me Mateo 4:13-16

Psalmo 40:10 Egblɔ ‘nyanyuia’ dzideƒotɔe Mateo 4:17, 23

Psalmo 69:10 Eʋã ŋu ɖe Yehowa ƒe aƒea ŋu Yohanes 2:13-17

Yesaya 53:1, 2 Yudatɔwo mexɔ edzi se o Yohanes 12:37, 38

Psalmo 78:2 Eƒoa nu le lododowo me Mateo 13:34, 35

Zaxarya 9:9 Edo tedzivi ge ɖe dua me Mateo 21:1-9

Psalmo 69:5 Wolé fui dzodzro Yohanes 15:24, 25

Yesaya 42:1-4 Dukɔwo ƒe mɔkpɔkpɔ; mahe nya o Mateo 12:14-21

Psalmo 41:10 Apostolo mawɔnuteƒe fia eyomemɔ Yohanes 13:18, 21-30

Zaxarya 11:12 Ðe klosalo 30 ta Mateo 26:14-16

Psalmo 2:1, 2 Dziɖulawo tsi tre ɖe amesiamina ŋu Mateo 27:1, 2

Psalmo 118:22 Wogbee, gake enye gɔmeɖokpe nyui Mateo 21:42, 43

Yesaya 8:14, 15 Eva zu nuɖiakpe Luka 20:18

Psalmo 27:12 Woɖi aʋatsoɖase le eŋu Mateo 26:59-61

Yesaya 53:7 Ezi ɖoɖoe le enutsolawo ŋkume Mateo 27:11-14

Psalmo 22:17 Woklãe heƒo nu ɖe eƒe asi kple afɔ Yohanes 20:25

Yesaya 53:12 Wobui ɖe nuvɔ̃wɔlawo dome Luka 22:36, 37

Psalmo 22:8, 9 Wodzui esime wònɔ atia ŋu Mateo 27:39-43

Psalmo 69:22 Wokpe aha si wotsɔ mire tɔtɔ nɛ Marko 15:23, 36

Zaxarya 12:10 Woƒo nu ɖee le atia ŋu Yohanes 19:34

Psalmo 22:19 Wodzidze nu ɖe eƒe awuwo dzi Mateo 27:35

Psalmo 34:21 Womeŋe eƒe ƒu aɖeke o Yohanes 19:33, 36

Psalmo 22:2 Mawu gblẽe ɖe futɔwo si me Mateo 27:46

Daniel 9:26, 27 Wotsrɔ̃e le ƒe 3 1/2 megbec Yohanes 19:14-16

Zaxarya 13:7 Woƒo alẽkplɔla la, alẽha ka hlẽ Mateo 26:31, 56

Yeremya 31:31 Nubabla yeye, eɖe nuvɔ̃wo ɖa Luka 22:20

Yesaya 53:11 Etsɔ ame geɖe ƒe dzidadawo yii Mateo 20:28

Yesaya 53:4 Eɖe ameƒomea ƒe dɔléle ɖa Mateo 8:16, 17

Yesaya 53:9 Eƒe yɔdo nɔ kesinɔtɔwo dome Mateo 27:57-60

Psalmo 16:10 Meƒaƒã hafi wofɔe ɖe tsitre o Dɔwɔwɔwo 2:24, 27

Yona 1:17 Wofɔe ɖe tsitre le ŋkeke etɔ̃agbe Mateo 12:40

Psalmo 110:1 Wodoe ɖe dzi le Mawu ƒe nuɖusime Dɔwɔwɔwo 7:56

[Etenuŋɔŋlɔwo]

c Kpɔ axa 61, 62.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe