INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • kc ta 12 axa 105-116
  • “Ŋkeke Mamleawo” Kple Fiaɖuƒe La

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Ŋkeke Mamleawo” Kple Fiaɖuƒe La
  • “Wò Fiaɖuƒe Nava”
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • AVA EME ZI EVE
  • EMEVAVA LE XEXEAME KATÃ
  • FIA LA ƑE ANYINƆNƆ LE DZIƑOŊUTIKƆKƆE ME
  • “FUÐUAME ƑE GƆMEDZEDZE”
  • “Ŋkeke Mamlɛawo” Mee Míele Nyateƒea?
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
“Wò Fiaɖuƒe Nava”
kc ta 12 axa 105-116

Ta 12

“Ŋkeke Mamleawo” Kple Fiaɖuƒe La

1. (a) Nyabiabia vevi kawoe fɔ ɖe te fifia? (b) Nukae Ŋɔŋlɔawo gblɔ le ŋkeke mamlewo ŋu [i] na míaƒe anyigba, [ii] na amesiwo le egblẽm?

“ŊKEKE mamleawo” mee míelea? Nukae “ŋkeke mamleawo” fia? Dzidzɔtɔe la, ‘ŋkeke mamle’ aɖeke manɔ anyi na anyigba la ŋutɔ o. Elabena Biblia ka ɖe edzi na mí be: “Anyigba . . . magaʋã gbeɖe akpɔ o.” Le Yehowa ƒe gɔmedzetameɖoɖoa nu la, amegbetɔ kple lãwo akpɔtɔ anɔ afisia tegbee. (Psalmo 104:5-24; 119:89, 90; Mose I, 1:27, 28; 8:21, 22) Gake ɖikeke mele eme o be ‘ŋkeke mamlewo’ li na dukɔ kple ame vɔ̃ɖi siwo le Mawu ƒe anyigba gblẽm. Fiaɖuƒe si ‘gbɔna’ lae atsrɔ̃ nugblẽla mawo.—Petro II, 3:3-7; Yakobo 5:1-4; Nyaɖeɖefia 11:15-18.

2. Nuka koŋue Paulo gblɔ ɖi le míaƒe “ɣeyiɣi sesẽwo” ŋu?

2 Ðe wòate ŋu anye be “ŋkeke mamleawo” mee míelea? Tsɔ Biblia gɔmeɖeɖe ɖesiaɖe ko nàxlẽ nusi Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wògblɔ ɖi le “ŋkeke mamleawo” ŋu le Timoteo Evelia ta 3, kpukpui 1 vaseɖe 5. Azɔ bia ɖokuiwò be, Aleae ameƒomea ƒe xexeame le egbea? Apostolo la gblɔe ɖi le afisia be “ɣeyiɣi vɔ̃wo” ava, eye wògblɔ kpe ɖe eŋu be:

“Ameawo lanye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo kple ame makɔmakɔwo; amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle, ameŋuzɔlawo, amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, ame mabunuwo, amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi glodzo, amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu, amesiwo si mawusosroɖa ƒe nɔnɔme le, gake wogbe eƒe ŋusẽ la. Te ɖokuiwò ɖa tso amesiawo gbɔ.”

3. Nukata wòanye ‘ŋkeke mamle’ siwo le vevie wu Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia ƒe ŋkeke mamleawo ŋue Paulo nɔ nu ƒom le?

3 Menye Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia ƒe “ŋkeke mamleawo” ŋue apostolo la nɔ nu ƒom tsoe le nya siwo le etame la me o. Mate ŋu anye nenema o, elabena ƒe 65 M.Ŋ. me lɔƒoe Paulo ŋlɔ nya mawo esime ƒe 30 va yi xoxo le ‘ŋkeke mamle’ mawo me wòsusɔ ƒe atɔ̃ ko ne woatsrɔ̃ Yerusalem. Eye xɔsegbegbe ƒe nɔnɔme sia medo mo ɖa le amesiwo gblɔ be Kristotɔwoe yewonye la dome haɖe o. Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia ƒe ‘ŋkeke mamle’ mawo gblẽ ŋutɔ, gake nusiwo adzɔ le Satana ƒe xexemenuɖoanyi bliboa ƒe ‘ŋkeke mamlea’ siwo me Yesu agava ɖo eƒe Fiaɖuƒe anyi le la avɔ̃ɖi wu ema sã.

AVA EME ZI EVE

4. Nukae na nusrɔ̃laawo bia nya si le Mateo 24:3 ɖo?

4 Le Yesu ƒe lododoawo me la, eƒo nu tso “xexeame ƒe nuwuwu” ŋu. (Mateo 13:39, 40, 49) Esia nyɔ eƒe nusrɔ̃lawo ƒe susu, vevietɔ esi ame tsɛwo nɔ fu kpem ɣemaɣi ŋutɔ le Roma-dziɖuɖu kple Yuda-subɔsubɔhakplɔlawo ƒe ameteteɖeanyi me ta. Wokpɔ mɔ be Mawu ƒe Fiaɖuƒe ahe gbɔdzɔe vɛ. Eyata ŋkeke etɔ̃ do ŋgɔ na Yesu ƒe ku la, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ene yi egbɔ esi wònɔ Amitoa dzi henɔ Yerusalem kpɔm ɖaa, eye wobiae be: “Gblɔe na mí, ɣekaɣie nusiawo ava? Eye ka enye wò vava la kple xexeame ƒe nuwuwu la ƒe dzesii?”—Mateo 24:3; Marko 13:3, 4.

5. Aleke nya siwo Yesu gblɔ tsɔ ɖo eŋui la ava emee?

5 Togbɔ be nusi ava eme kpuie ŋu ko bumee Yesu ƒe nusrɔ̃lawo nɔ hã la, Yesu ƒe ŋuɖoɖo si wòna le ɣeyiɣi ma me ava eme le mɔ eve nu: gbã, le Yudatɔwo ƒe nuɖoanyiawo ƒe “ŋkeke mamleawo” me, eye le ɣeyiɣi didi aɖe megbe la, agava eme le Satana ƒe xexemenuɖoanyi si xɔ anyigba bliboa katã dzi ƒe “ŋkeke mamleawo” me.

6, 7. (a) Aleke Yesu ƒe nya siwo le Mateo 24:7-22 va eme le mɔ suetɔ nui? (b) Esia ƒe ŋkuɖodzinu wɔnublanui kae gali vaseɖe fifia?

6 Nya si Yesu gblɔ na nusrɔ̃la mawo siwo woŋlɔ ɖe Mateo 24, kpukpui 7 vaseɖe 22 la ƒo nu tso nusiwo adzɔ le mɔ suetɔ nu le ƒe 37 siwo ava vaseɖe ƒe 70 M.Ŋ. me, siwo teƒe wo dometɔ aɖewo akpɔ ŋu. Le Yudatɔ siwo nɔ anyi le Yesu ŋɔli gome la, anye zitɔtɔ ƒe ɣeyiɣi si me aʋawɔwɔ, nuɖuɖu ƒe veve, anyigbaʋuʋuwo, fuléle Kristotɔwo kple aʋatso Mesiawo ƒe vava anɔ. Gake woaɖe gbeƒã “fiaɖuƒeŋutinya nyui sia” le nuwɔwɔ ɖesiaɖe dome wòanye ɖaseɖiɖi na wo. Mlɔeba la, ‘ŋunyɔnu’ ma si nye Roma-srafo trɔ̃subɔlawo ge ɖe Yerusalem-gbedoxɔa ƒe “kɔkɔeƒea” vavã. Esime Romatɔwo trɔ dzo, eye wòna Yesu ƒe nusrɔ̃lawo te ŋu wɔ ɖe eƒe nyagblɔɖisedede dzi hesi yi towo dzi be woatsi agbe megbe kpuie la, wogava le Aʋafia Titus ƒe kpɔkplɔ te. Wodze Yerusalem kple emenɔlawo dzi tsrɔ̃ wo eye womu eƒe gbedoxɔa ƒu anyi, eye womegblẽ kpe ɖe kpe dzi o.—Kpɔ Luka 19:43, 44; Kolosetɔwo 1:23 hã.

7 Le Yesu ƒe ‘dzesi’ la me vava me la, xaxa geɖe siawo va Yudatɔwo dzi eye wotɔ dzo Yerusalem le ƒe 70 M.Ŋ. me tsɔ ƒo etae. Yudatɔ siwo wu miliɔn ɖeka tsrɔ̃ kple woƒe du la, eye wokplɔ amesiwo tsi agbe la yi aboyo mee. Titus ƒe aʋadziɖuɖu ƒe ŋkuɖodzikpe gale Roma vaseɖe egbe si ɖoa ŋku Yesu ƒe nyagblɔɖia me vava dzi na mí wònye nublanuinya. Gake ƒe alafa gbãtɔ me tɔwo ɖeɖekoe Yesu ƒe ‘dzesi’ si woŋlɔ ɖi hekpɔ eta la nye nuxlɔ̃ame naa? ‘Ŋutinya si nu va yi’ dzro koe wònye egbea? Ele be ŋuɖoɖoa nanye, Ao!

EMEVAVA LE XEXEAME KATÃ

8. (a) Aleke wòle be Yesu ƒe nyawo me vava le mɔ sue nu nawɔ dɔ ɖe mía dzii egbea? (b) Aleke esia nye nyagblɔɖikpɔɖeŋu na nudzɔdzɔ siwo lolo wu?

8 Ele be Yesu ƒe nyawo me vava le Yudatɔwo ƒe nuɖoanyiawo ƒe “ŋkeke mamleawo” me le mɔ suetɔ nu nado ŋusẽ mí míaxɔe ase be ŋusẽ le Mawu ƒe nyagblɔɖi ŋu. Gake ƒe alafa gbãtɔ me nudzɔdzɔ mawo hã nye nyagblɔɖikpɔɖeŋu ʋãme na nusi ava Satana ƒe xexeame katã ƒe nuɖoanyiawo dzi le mɔ si lolo wu sã nu. Yesu ƒe nya siwo le Mateo 24:21, 22 ava eme bliboe le mɔ deŋgɔ nu be:

“Elabena le ɣemaɣi me xaxa gã lava, esi meva kpɔ tso xexeame ƒe gɔmedzedze vaseɖe egbegbe o, eye megale vava ge akpɔ o. Eye ne womeɖe ŋkeke mawo dzi o la, ekema ŋutilã aɖeke makpɔ ɖeɖe o; ke le ame tiatiawo ta woaɖe ŋkeke mawo dzi.”

9. Aleke míewɔ nya be Yesu ƒe nyawo fia asi ŋkeke si dzi woadrɔ̃ ʋɔnu xexeame katã?

9 Nya siwo Yesu yi edzi gblɔ le Mateo 24:23–25:46 le eƒe nyagblɔɖia me hã fia alesi nuwo anɔ le xexeame katã le “xexeame ƒe nuwuwu.” Ne “Amegbetɔvi” si nye fia si Mawu ɖo zi dzi drɔ̃ ʋɔnu Satana ƒe xexeame le xaxaɣi ma ƒe nuwuwu la, “anyigba dzi ƒomeawo katã woado konyifaɣli.” Esia ava eme na ameƒomea me tɔ siwo katã gbe Yesu ƒe fianyenye. Menye dukɔ ɖeka kple eƒe dugã koe woadrɔ̃ ʋɔnui o, ke boŋ anye xexeame katã ƒe akɔntanagbe.—Mateo 24:30.

10. (a) Abe alesi wowɔ eƒe kpɔɖeŋu le Yesu ƒe nyagblɔɖia mee ene la, aleke nusi adzɔ ɖe amesiwo ‘wɔa woa ŋutɔwo ƒe lɔlɔ̃nu’ dzi ato vovo na amesiwo ‘le mawufiaɖuƒea dim’ la tɔ? (b) Nukatae wòle be esia nakpe xexeame katã ɖo?

10 Yesu ƒe nyagblɔɖia gayi edzi ɖee fia be Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃a ava xexeame katã dzi esime wòtsɔ “xexeame ƒe nuwuwu” sɔ kple ɣeyiɣi si do ŋgɔ teti na Noa ƒe ŋkekea me tsiɖɔɖɔ la eye wògblɔ be:

“Sigbe alesi Noa ƒe ŋkekewo nɔ la, nenema ke lanye Amegbetɔvi la ƒe vava. Elabena alesi wowɔ le ŋkeke, si dze ŋgɔ na tɔɖɔɖɔ me, wole nu ɖum, eye wole nu nom, wole srɔ̃ ɖem, eye wole wo tsɔm na, bena woaɖe, vaseɖe ŋkeke si dzi Noa yi ɖe aɖakaʋua me, eye womedze sii o, vaseɖe esime tɔɖɔɖɔ va, eye wòkplɔ wo katã yii la, nenema ke lanye Amegbetɔvi la ƒe vava.”

Alesi ɣemaɣi ƒe Tsiɖɔɖɔ la tsrɔ̃ ame mavɔ̃mawuwo ƒe xexe blibo aɖee la, nenema ke xaxa gã si aƒo Mesia ƒe ‘anyinɔnɔ’ ta la atsrɔ̃ amesiwo gbe Fiaɖuƒea ‘hewɔa woa ŋutɔwo ƒe lɔlɔ̃nu’ la ɖa le míaƒe anyigba sia dzi. Dzidzɔtɔe la, ame geɖe siwo ‘di mawufiaɖuƒea kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã’ la atsi agbe be woanyi agbe mavɔ dome le paradisonyigba dzi. Ànɔ amesiawo domea?—Mateo 6:33; 24:37-39; 25:31-46.

11. Nyagblɔɖi bubu kawoe ɖee fia be dukɔwo katã le eme, eye be ame aɖewo atsi agbe?

11 Biblia me nyagblɔɖi geɖe ɖee fia be “xaxa gã” si gbɔna la ava anyigba dzi “dukɔwo katã” dzi. (Psalmo 2:2-9; Yesaya 34:1, 2; Yeremya 25:31-33; Xezekiel 38:23; Yoel 4:12-16; Mixa 5:14; Xabakuk 3:1, 12, 13) Gake ame aɖewo atsi agbe!—Yesaya 26:20, 21; Daniel 12:1; Yoel 3:4, 5.

FIA LA ƑE ANYINƆNƆ LE DZIƑOŊUTIKƆKƆE ME

12. (a) Nukata Yesu ƒe anyinɔnɔ ƒe ‘dzesi’ hiã ɖo? (b) Nukata magahiã be wòagava le amegbetɔŋutilã me o?

12 Yesu ƒe nyagblɔɖi gã si ku ɖe eƒe anyinɔnɔ ƒe ‘dzesi’ ŋu la gblɔ na mí be “ne Amegbetɔvi la ava le eƒe ŋutikɔkɔe me, eye dɔlawo katã akpe ɖe eŋuti la, ekema abɔbɔ nɔ eƒe ŋutikɔkɔezikpui la dzi.” (Mateo 25:31) Esi ŋutikɔkɔe ƒe keklẽ ma agblẽ nu le amegbetɔ dzrowo ƒe ŋkuwo ŋu ta la, mele be ameƒomea nakpɔ Fia la o. (Tsɔe sɔ kple Mose II, 33:17-20; Hebritɔwo 12:2.) Esia tae ‘eƒe anyinɔnɔ ƒe dzesi’ hiã ɖo. Le Mesia ƒe vava evelia me la, magahiã be wòaɖe asi le dziƒogbenɔnɔ ŋu ava do ɖe anyigba dzi le amegbetɔŋutilã me ne woatsɔe asa ‘nuvɔ̃vɔe’ o. Esi wòtsɔ eƒe amegbetɔŋutilã sa vɔ “zi ɖeka hɔ̃ ko ɖe ɣeyiɣiawo katã nu” ta la, ava “zi evelia, manye ɖe nuvɔ̃wo ta o” ke boŋ anye dziƒofia makpɔmakpɔ.—Hebritɔwo 7:26, 27; 9:27, 28; 10:8-10; Petro I, 3:18.

13. Nukae Luka 19:11-27 ɖe fia le ɣeyiɣi si me Yesu atrɔ gbɔ kple alesi dukɔwo axɔe ŋu?

13 Le zã mamletɔ si Yesu nɔ anyi kple eƒe nusrɔ̃la siwo wòzɔna kplii me la, egblɔ na wo be: “Meyina, be madzra teƒe ɖo ɖi na mi. Eye ne meyi, eye medzra teƒe ɖo ɖi na mi la, magava, eye maxɔ mi ɖe nye ŋutɔ gbɔnye.” (Yohanes 14:2, 3) Kpɔɖeŋu si Yesu wɔ le Luka 19:11-27 gblɔe wòsɔ kple esia be enye “ame ŋkuta aɖe [si] yi ɖe anyigba didi aɖe dzi be, yeaxɔ fiaɖuƒe na ye ɖokui, eye yeagatrɔ agbɔ.” Esia axɔ ɣeyiɣi didi aɖe. Gake “eƒe dumetɔwo lé fui, eye wodɔ ame ɖe eyome gblɔ bena: Míelɔ̃ bena, amesia naɖu fia ɖe mía dzi o.” Nenema ke ame aɖewo li egbea siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye, gake wogbea “fiawo dzi Fia” la hedina be yewo ŋutɔ ƒe amegbetɔ madeblibo ƒe dziɖuɖuwo boŋ nanɔ anyi ɖaa. (Nyaɖeɖefia 19:16) Woahe to na amesiawo vevie abe ‘dumevi’ siwo le Yesu ƒe kpɔɖeŋua me la ke ene.

“FUÐUAME ƑE GƆMEDZEDZE”

14. Togbɔ be ame aɖewo agbe be menye ƒe 1914 M.Ŋ. mee Kristo trɔ gbɔ o hã la, nukae ɖo kpe edzi be ƒe ma mee wòtrɔ gbɔ?

14 Ɣekaɣie Fia ŋusẽtɔ sia si dukɔwo medi o la dze míaƒe anyigba sia dzi ɖuɖu gɔme? Ðaseɖiɖiwo katã ɖee fia be ƒe 1914 M.Ŋ. mee. Gake ame aɖe agbe agblɔ be, ‘Ƒe ma nye xaxaɣi aɖe ƒe gɔmedzedze na ameƒomea, ke menye Kristo ƒe ŋutifafadziɖuɖu wòhe vɛ o ɖe!’ Nya la tututue nye ma! Elabena Biblia ƒe nyagblɔɖi ɖee fia be ɣemaɣie “xexemefiaɖuƒe la trɔ zu mía Aƒetɔ [Yehowa] kple eƒe Kristo la tɔ” eye “dzi ku” anyigba dzi dukɔwo. (Nyaɖeɖefia 11:15, 18) Ɣemaɣi hãe Yehowa dɔ eƒe hatifia hegblɔ nɛ be, “Ðu fia le wò futɔwo titina.” (Psalmo 110:1, 2) Gake wometsrɔ̃ futɔ mawo ɖa enumake o.

15. Aleke Nyaɖeɖefia ta 12 ƒo nu tso Fiaɖuƒea dzidzi ŋu wòsɔ?

15 Nyaɖeɖefia ta 12 ƒo nu tso ŋutega ʋãdziname aɖe si me apostolo Yohanes kpɔ Mawu ƒe Mesia Fiaɖuƒea dzidzi ƒe dzesi le la ŋu. Nusia si le abe amegbetɔvi ene la do tso Mawu ƒe “nyɔnu”—eƒe dziƒohabɔbɔ si me mawudɔlawo le la me. Wotsɔe “yi Mawu kple eƒe fiazikpui la gbɔ” elabena ele be Fiaɖuƒea ƒe anyinɔnɔ natso Yehowa kple eƒe fianyenye gbɔ.—Nyaɖeɖefia 12:1-5.

16, 17. (a) Nukae na wodo baba na anyigba tso ƒe 1914 me? (b) Aleke Yesu ƒe nya siwo le Mateo kple Luka ƒo nu tso xaxa siawo ƒe gɔmedzedze ŋui?

16 Emegbe aʋa dzɔ le dziƒo! Fia si woɖo zi dzi kple eƒe dɔlawo wɔ aʋa kple Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo, eye wotsɔ wo ƒu gbe tso Yehowa ƒe dziƒo ɖo ɖe míaƒe anyigba dzi. Eyata enye “baba na anyigba kple atsiaƒu; elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum ŋutɔ; elabena enyae be, vovoɣi vi aɖe ko yekpɔ.” (Nyaɖeɖefia 12:7-12) Le “vovoɣi vi” ma me la, Fia la le ame dzɔdzɔewo nu ƒom ƒu be yeaɖe wo eye wòle nu xlɔ̃m amewo le Satana ƒe xexemenuɖoanyiawo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si tu aƒe la ŋu.—Mateo 24:32-41; 25:31-33.

17 Egbea míele Yesu ƒe “dzesi” si ŋu woƒo nu le tsitotsito le Mateo ta 24 kple 25, Marko ta 13, kple Luka ta 21 la me vava kpɔm. De dzesii be Yesu ƒo nu le “fuɖuame ƒe gɔmedzedze” ŋu le afisia ale:

“Dukɔ latsi tre ɖe dukɔ ŋuti, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋuti, eye anyigbaʋuʋu gã kple dɔwuame kple dɔvɔ̃wo lava teƒeteƒewo, eye ŋɔdzidonuwo kple dzesi gãwo latso dziƒo.” (Mateo 24:3, 7, 8; Luka 21:10, 11)

Ðe “fuɖuame ƒe gɔmedzedze” sia va ameƒomea dzi tso ƒe 1914 M.Ŋ. me heyinaa?

18. Tso ƒe 1914 me la, aleke aʋawɔwɔ va dzi ŋɔ ŋutɔe?

18 Ƒe 1914 mee wowɔ Aʋa Gã (si wova yɔ emegbe be “Xexemeʋa I”) la, eye wòhe dɔvɔ̃ kple dɔwuame vɛ. Esesẽ na nuŋlɔlawo be woaƒo nu tso ŋɔdzinu gã siwo dzɔ le aʋagbewo dzi katã ŋu, esi ame miliɔn geɖe tsrɔ̃ le ƒe 1914-1918 aʋa gã si wonɔ dowo me wɔ eye wokɔ ʋu geɖe ɖi la wɔɣi. Wogblɔ le agbalẽ si nye Eye Deep in Hell me be Paul Nash ƒo nu tso alesi aʋa la dzɔ le Europa-nyigbawo dzi ŋu be: “Nuŋɔŋlɔ alo nutata aɖeke mate ŋu aɖɔ nusi dzɔ le dukɔ sia me bliboe—le aʋa siwo yi edzi zã kple keli, ɣleti sia ɣleti la ŋu o. Nuvɔ̃ kple ŋutasẽnuwɔwɔ si gbɔ eme ɖeɖeko ate ŋu anye nusi kpɔ ŋusẽ wu le aʋa sia me, eye Mawu ƒe asi medze le eme le teƒe aɖeke kura o. . . . Wonɔ tudada dzi atraɖii . . . wonɔ amewo tsɔtsrɔ̃ dzi, wode abi wo ŋu, eye wowɔ wo aɖaʋatɔwoe, wokplɔ anyigba sia dzi tɔwo de yɔme; woɖe yɔdo gã ɖeka helɔ ame kuku nublanuitɔwo kɔ ɖe eme. Ewu gbɔgblɔ, enye mawumavɔ̃mavɔ̃ ƒe nuwɔna kple nublanuinya.”

19. Nukae akɔntabubu ɖe fia le anyigbaʋuʋu ƒe dzidziɖedzi tso ƒe 1914 me ŋu?

19 “Anyigbaʋuʋuwo” hã nye “dzesi” la ƒe akpa aɖe. Ðe anyigbaʋuʋuwo dzi ɖe edzi tso ƒe 1914 mea? Esia awɔ mo yaa na ame geɖe. Gake nusi akɔntabubuwo ɖe fia gawɔ nuku wu kura! Geo Malagoli gblɔ le Il Piccolo me be: “Le ƒe siwo nye 1,059 (tso ƒe 856 vaseɖe ƒe 1914) me la, akɔntabubu si ŋu kakaɖedzi le ɖee fia be anyigbaʋuʋu gã 24 koe dzɔ.” Eƒe akɔntabubua ɖee fia be le ƒe mawo me la, ame 1,800 le mamã dedie nu kuna ƒe sia ƒe le anyigbaʋuʋuwo me, gake tso ƒe 1915 me la, anyigbaʋuʋu gã 43 ye dzɔ, eye esiawo wu ame 25,300 ƒe sia ƒe le mamã dedie nu.

20, 21. Nukawoe dze ƒã tso ƒe 1914 me, eye nukatae?

20 Le Xexemeʋa I wɔɣi la, tudada atraɖii fia nu yeye aɖe—enye aʋawɔwɔ si de afisiafi. Wozã yameʋu si le wodzoe wu kple, vevietɔ, yameʋu ŋutɔŋutɔ zi gbãtɔ tsɔ dze yameʋawɔwɔ gɔme.

21 Ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo koŋue nusi woyɔ be amegbetɔ ƒe yamenutomeyiyi la ku ɖo, eye kpeɖodziwo li be Dukɔ Sẽŋuwo ɖo tame be yewoazã yamenutomemɔ̃ siwo léa nya tso didiƒewo atsɔ aɖo nusiwo afia mɔ asrafowo le aʋawɔwɔ me la anyi. Gake wonya alesi woanɔ yamenutome ada bɔmb si dea didiƒe ʋĩ le eɖokui si wòatsrɔ̃ dukɔ sia dukɔ si wodi la xoxo. Nukliaʋawɔnu siwo dukɔ siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu li kɔ ɖi fifia la ate ŋu atsrɔ̃ ameƒomea zi geɖe, eye wobu akɔnta be kaka ƒe alafa sia nawu enu la, aʋawɔnu siawo siwo ate ŋu atsrɔ̃ ame gbogbowo la anɔ dukɔ 35 aɖewo si.

22. (a) Aleke atsiaƒu ŋutɔŋutɔ va le nɔnɔme bubu me tso ƒe 1914 mee? (b) Nuxlɔ̃ame kawoe nunyalawo gblɔ le ŋɔdzi si le míaƒe anyigba dzi ŋu?

22 Nɔnɔme yeye aɖe va atsiaƒu me esi woto ƒugɔmeʋawɔwɔ vɛ le Xexemeʋa I me; esiae he United States hã de aʋa la wɔwɔ me, eye ekeke fifia wu. Nukliaƒugɔmeʋawɔʋuwo le klalo le ƒuawo gɔme. Du aɖeke meli si gbɔ nukliatukpewo mate ŋu aɖo o. August 30, 1980 ƒe New York Times gblɔ be Amerika Dukɔ ƒe Dɔwɔƒe ƒe amegã Marshall D. Shulman gblɔ be kakaɖedzi si li be nukliaʋa adzɔ la “adzi ɖe edzi godoo wu be edzi naɖe akpɔtɔ.” March 2, 1980 ƒe New York Times me boblododo si xɔ axa blibo ɖeka dzi si dɔwɔla 600 kple edzivɔ siwo nye ŋutsuwo kple nyɔnuwo tsɔ ga do alɔe la gblɔ be: “Nukliaʋa si le ‘sue’ gɔ̃ hã ate ŋu awu ame, ade abi ame ŋu, eye wòahe dɔlélewo vɛ wu aʋa ɖesiaɖe si wowɔ kpɔ le amegbetɔŋutinya me.” Wogblɔ kpe ɖe eŋu be “woate ŋu awɔ nukliaʋa ŋusẽtɔe le gaƒoƒo ɖeka me, eye wòate ŋu atsrɔ̃ amesiwo le xexeame ƒe anyiehe gome ƒe akpa gãtɔ.” United States teƒenɔla si le Moscow gblɔ le ƒe 1981 me be: “Mekpɔ be xexeame adzi ŋɔ wu alesi wònɔ le eƒe ŋutinya katã me.” Gake ga si gblẽm wole ɖe aʋawɔnu siwo ate ŋu atsrɔ̃ ame gbogbowo ŋu la gale dzidzim ɖe edzi kokoko.

23. Nukata wòle be míado gbe ɖa vevie abia Fiaɖuƒea ƒe ‘vava’?

23 Edze abe amegbetɔ le gegem ɖe ɣeyiɣi si Nobel Nunanaxɔla Harold C. Urey gblɔ ɖi ƒe aɖewoe nye si va yi la me ene, egblɔ be: “Fifia vɔvɔ̃ zu míaƒe nuɖuɖu, vɔvɔ̃ zu míaƒe alɔ̃, míanɔ agbe le vɔvɔ̃ me ahaku le vɔvɔ̃ me.” Dzidzɔtɔe la, Fiagã Aƒetɔ Yehowa, amesi wɔ anyigba sia le eƒe tameɖoɖo nyui ta la afia mɔ si míato la mí to Via ƒe Fiaɖuƒea dzi. Gake hafi míadzro esia me nyuie la, mina míagalé ŋku ɖe Yesu ƒe nyagblɔɖia ŋu ayi ŋgɔ vie. De dzesi alesi gbegbe eƒe nya siwo wògblɔ le xexemeʋa, dɔwuame, kple dɔvɔ̃ siwo nye ‘dzesia’ ƒe akpa vovovowo ŋu la sɔ nukutɔe kple nyagblɔɖi ʋãdziname aɖe si le Nyaɖeɖefia mee. Ðo ŋku edzi be Mawu ƒe Fiaɖuƒe si ato Mesia dzi ava—Fiaɖuƒe ma si míedoa gbe ɖa vevie be ‘wòava’—lae nye kuxiwo gbɔkpɔnu!

[Aɖaka si le axa 115]

NYA SIWO NUŊLƆLAWO GBLƆ LE ƑE 1914 ŊU

Le xexemeʋa evelia megbe gɔ̃ hã la, ame geɖe fiaa asi ƒe 1914 be enye ɣeyiɣi ɖedzesi vevi aɖe le egbegbe ŋutinya me:

“Ƒe 1914 ye nye tɔtrɔ ƒe ɣeyiɣi ɖedzesi vavã le míaƒe ɣeyiɣia me, ke menye Hiroshima ƒe tsɔtsrɔ̃ lae o.”—Rene Albrecht-Carrie, “The Scientific Monthly,” July 1951

“Tso keke ƒe 1914 me ke la, nusi dze abe dzɔgbese kple nusi woɖo ɖi ene si ɖo ta afɔku si lolo wu gbɔ la ɖea fu na amesiame si nya nu tso xexeame ƒe nɔnɔmewo ŋu la vevie. Moveviɖola geɖe bu be womate ŋu awɔ naneke atsɔ axe mɔ na tsɔtsrɔ̃ si me míele gegem ɖo la o. Wobui be mawu siwo do dɔmedzoe ye ɖe ameƒomea ɖe nu, abe alesi wònɔ na ame xɔŋkɔ si nɔ anyi le Helatɔwo ƒe afɔkudzɔgbe ene, ke meganye dzɔgbesee o.”—Bertrand Russell, New York “Times Magazine,” September 27, 1953

“Egbegbe ƒe ɣeyiɣi . . . la dze egɔme le ƒe 1914 me, eye ame aɖeke menya ɣeyiɣi alo alesi wòawu enui o. . . . Ate ŋu awu enu kple ame gbogbowo ƒe tsɔtsrɔ̃.”—“The Seattle Times” ŋlɔla ƒe nyawo, January 1, 1959

“Le ƒe 1914 me la, xexe si wonya heda asi ɖe edzi ɣemaɣi la wu enu.”—James Cameron, “1914,” si wota le ƒe 1959 me

“Xexemeʋa I la nye tɔtɔ gã siwo va le ŋutinya me dometɔ ɖeka.”—Barbara Tuchman, “The Guns of August,” 1962

“Nya kple nɔnɔmetata aɖewo va tame nam, . . . wonye ɣeyiɣi siwo do ŋgɔ na ƒe 1914 esime ŋutifafa, ɖoɖoezizi kple dedienɔnɔ vavã nɔ anyigba dzi—ɣeyiɣi siwo me vɔvɔ̃ menɔ anyi o ŋuti nyawo. . . . Dedienɔnɔ kple gbɔdzɔe bu le amewo ƒe agbe me tso keke ƒe 1914 me ke.”—Germania-dumegã Konrad Adenauer, 1965

“Xexeame katã tɔtɔ tso Xexemeʋa I dzi eye míenya nusitae o. . . . Míenɔ bubum be xexe nyui aɖe gogo vɔ. Ŋutifafa kple dzidzedzekpɔkpɔ nɔ anyi. Ðeko nuwo katã va tɔtɔ zi ɖeka. Dzidzɔkpɔkpɔ ɖeko wòbu ɖe mí tso ɣemaɣi.”—Ðk. Walker Percy, “American Medical News,” November 21, 1977

“Nuwɔwɔ ɖe ɖoɖo nu bu le xexeame tso ƒe 1914 me eye mete ŋu ɖɔ ɖo vaseɖe fifia o. . . . Esia nye zitɔtɔ kple ʋunyaʋunyawɔwɔ gã ƒe ɣeyiɣi le dukɔwo dome kple le dukɔawo ŋutɔ me.”—“The Economist,” London, August 4, 1979

“Ŋkuʋuʋui dze dɔ dziŋɔ si mavɔ o le ƒe 1914 me.”—Frank Peters, St. Louis “Post-Dispatch,” January 27, 1980

“Nusianu nɔ nyonyom ɖe edzi ɖaa. Aleae xexe si me wodzim ɖo la nɔ. . . . Gake zi ɖeka kasia nu bliboa katã wu enu gbeɖeka ŋdi le ƒe 1914 me.”—Britania-dumegã Harold Macmillan, New York “Times,” November 23, 1980

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe