INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • kc ta 13 axa 117-126
  • Fiaɖuƒesɔdola La Le Sɔ Dom

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Fiaɖuƒesɔdola La Le Sɔ Dom
  • “Wò Fiaɖuƒe Nava”
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • SƆ ƔI DOLA LA
  • SƆ DZĨ AÐE
  • “KPƆ ÐA, MEKPƆ SƆ YIBƆ AÐE”
  • ‘SƆ HẼ AÐE, KPLE KU’
  • GBƆDZƆE TU AƑE!
  • Sɔdola Ene Siwo Le Du Dzi!
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
  • Sɔdola Eneawo Ame Kawoe Wonye?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
  • Ame Si Le Megbe Na Aʋawɔwɔ Kple Fukpekpe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Èɖo Ŋku Wo Dzia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
Kpɔ Bubuwo
“Wò Fiaɖuƒe Nava”
kc ta 13 axa 117-126

Ta 13

Fiaɖuƒesɔdola La Le Sɔ Dom

1, 2. (a) Ameka dzie míahe susu ayi fifia, eye nukae wòlé ɖe eƒe nuɖusi me? (b) Nukata wogblɔ na Yohanes be wòadzudzɔ avifafa? (d) Amekae nye “Dzata” si tso Yuda-toa me, eye nukatae wòdze aɖe nutrenuawo ɖa?

MINA míatrɔ ɖe Nyaɖeɖefia ƒe ta atɔ̃lia ŋu. Míexlẽ nu tso ŋutega si tso gbɔgbɔ me si woɖe fia apostolo Yohanes, si do ƒome tẽ kple Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe ‘vava’ ŋu. Ehe susu yi Fiagã Aƒetɔ Yehowa , “Amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la” dzi. Elé agbalẽ ŋɔ́ŋlɔ si me woŋlɔ nu ɖo eye “wotre enu kple nutrenu adre” la ɖe nuɖusi me. Gake apostolo Yohanes de asi avifafa me vevie. Nukatae? Elabena le xexe bliboa katã me la, womekpɔ ame aɖeke si dze aɖe nutrenuawo ɖa eye wòaɖe emenyawo afia o. Gake kpɔ ɖa! Ame aɖe li si dze aɖee ɖa! Menye ame aɖeke wu “Dzata, si tso Yuda ƒe to la me” o, amesi nye David ƒe fiaɖuƒea domenyila.—Nyaɖeɖefia 5:1-5.

2 Edze aɖee ɖa elabena “eɖu dzi.” Esime wònye amegbetɔ deblibo nɔ anyigba dzi la, ewɔ nuteƒe na Fofoa tamanamanae vaseɖe ŋutasẽku me le fuwɔameti ŋuti. Satana, “xexeamefia” la, mete ŋu gblẽ eƒe nuteƒewɔwɔ me o. Eyatae Yesu te ŋu gblɔ be: “Nye la meɖu xexeame dzi.”—Yohanes 14:30; 16:33.

3. Nukatae wòle be dzi nadzɔ mí ɖe Nyaɖeɖefia 5:9, 10 me vava ta?

3 Ame bubu aɖewo hã li siwo ɖu xexeame dzi, eye “Dzata” kalẽtɔ sia si nye Kristo Yesu la bua wo be wonye yeƒe ‘gbɔgbɔmenɔviwo.’ (Mateo 25:40) Ne wofɔ amesiawo yi dziƒo la, woawɔ ɖeka kplii le eƒe ƒe 1000 ƒe Fiaɖuƒedziɖuɖua me, eye woakpe ɖe eŋu le eƒe tafevɔsa la ŋudɔwɔwɔ be wòaɖe vi na ameƒomea me tɔ biliɔn nane siwo anɔ anyigba dzi la me. Eyata dziƒotɔwo le ha yeye aɖe dzim. Wole gbɔgblɔm na Amesia si wokplɔ yina wuwu ge kpɔ abe alẽvi si menya naneke o ene la be:

Wòe wòdze be, naxɔ agbalẽ la, eye naɖe eƒe nutrenuawo ɖa; elabena wowu wò, eye nètsɔ wò ʋu ƒle mí tso to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple du sia du kple dukɔ sia dukɔ me hena Mawu, eye nèwɔ wo fiawo kple nunɔlawo na mía Mawu, eye woaɖu fia [ɖe] anyigba la dzi.” (Nyaɖeɖefia 5:9, 10)

Yayra kae nye esi wònye be esusɔ vie ne Fia la kple eƒe hatifia siwo wodo kpɔ eye woɖee fia be yewodze la nawɔ nu axɔ na ameƒomea si wote ɖe anyi la! Gake gbã la, ele be woawɔ aʋa hafi esia nava eme.

SƆ ƔI DOLA LA

4. (a) Nukae “sɔ ɣi” la, edola ƒe “dati” la, kple eƒe “fiakuku” xɔxɔ la tsi tre ɖi na? (b) Amekae nye sɔdola la, eye ɣekaɣie wòxɔ fiaɖuɖuŋusẽ?

4 Esi “Alẽvi” la xɔ agbalẽ ŋɔ́ŋlɔ la heɖe nutrenu gbãtɔ ɖa la, gbe gã aɖe ɖi le dziƒo be: “Va!” Eye nukae míekpɔ? “Kpɔ ɖa, . . . sɔ ɣi aɖe”—si tsi tre ɖi na aʋa dzɔdzɔe wɔwɔ. Edola lé “dati” ɖe asi. Ate ŋu anɔ adzɔge atsrɔ̃ eƒe futɔwo—le didiƒe ʋĩ wu afisi amegbetɔ dzro ƒe bɔmb siwo gblẽa nu le didiƒe dena. Woɖɔ “fiakuku” nɛ, eye esia fia asi egbeŋkekea me ƒe ƒe 1914, esime Yehowa na ŋusẽe be wòaɖu fia ɖe dukɔwo dzi. Eƒe ŋusẽ la tri akɔ wu aƒetɔ alo fia siwo nye amegbetɔ tsɛwo tɔ ale gbegbe be “aƒetɔwo dzi Aƒetɔ kple fiawo dzi Fia” sia kple Kristotɔ amesiamina siwo nye “ame yɔyɔwo kple ame tiatiawo kpakple nuteƒewɔlawo” siwo awɔ ɖeka kplii le Dziƒofiaɖuƒea me la aɖu dzɔdzɔenyenye ƒe futɔwo katã dzi.—Nyaɖeɖefia 6:1, 2; 17:14.

5. (a) Aʋa ka dzie sɔdola sia ɖu gbã? (b) Nukae do tso eme na ameƒomea, gake nukatae wóle be míaɖo to nuxlɔ̃amenya si le Marko 13:32-37?

5 “Sɔ ɣi” sia dola nye aʋadziɖula ŋusẽtɔ aɖe. Ekema nuka wɔwɔe agasɔ wu be, le eƒe sɔdodo ƒe gɔmedzeɣi la, wòanyã “da xoxo” si nye Satana kpakple eƒe dɔla siwo nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa le dziƒo? Etsɔ wo ƒu gbe ɖe anyigba sia dzi! Mewɔ nuku o be dzi le Abosam kum ŋutɔ fifia. Abe alesi míede dzesii xoxo ene la, eɖe eƒe dzikua ɖe ameƒomea ŋu, si na wodo “baba na anyigba kple atsiaƒu.” Abosam nya be “vovoɣi vi aɖe” koe yekpɔ, gake edze aye ŋutɔ. Adi be yeable mí ne míasusu be “ŋkeke mamleawo” le etsɔme ʋĩ. Migana wòatsɔ susu sia able mía dometɔ aɖeke be wòadɔ alɔ̃ o!—Nyaɖeɖefia 12:9-12; Marko 13:32-37.

SƆ DZĨ AÐE

6. (a) Nukae Nyaɖeɖefia 6:3, 4 gblɔ be edo azɔ? (b) Aleke Xexemeʋa I to vovo tso aʋa siwo katã wowɔ do ŋgɔ gbɔe?

6 “Alẽvi” la ɖe nutrenu evelia ɖa. ‘Sɔ dzĩ aɖe’ do! “Amesi doe la, wona ŋusẽe, be wòaɖe ŋutifafa ɖa le anyigba dzi, bena woawu wo nɔewo, eye wotsɔ yi gã de asi nɛ.” (Nyaɖeɖefia 6:4) Ẽ, xexemeʋa gbãtɔ dzɔ kpata le amegbetɔŋutinya me. Woɖe ŋutifafa ɖa, menye le dukɔ ʋee aɖewo ko me o, ke boŋ le “anyigba dzi” esime asrafo kple ƒudziʋawɔla gbogbowo kpe aʋa kple wo nɔewo eye wozã aʋawɔnu dziŋɔ siwo tsrɔ̃a ame gbogbowo. Asrafo siwo wona hehee ye wɔ aʋa siwo dzɔ do ŋgɔ siwo dzɔ le dukɔ ʋee aɖewo ko me la, gake Xexemeʋa I ya nye aʋa si de afisiafi. Zi gbãtɔ le ŋutinya me la, dukɔ geɖe zã woƒe nunɔamesiwo kple woƒe asrafowo tsɔ wɔ aʋa lae.

7-9. Nukae akɔntabubu kple amewo ƒe nyagbɔgblɔwo ɖe fia le ‘amewuwu’ ŋu si fia be ƒe 1914 nye ɣeyiɣi si me wowu ame geɖe le wu le ŋutinya katã me ƒe gɔmedzedze?

7 Nyagblɔɖila yɔ ‘amewuwu’ eye ‘wowu’ amewo hã vavã! Le Somme-ʋaa me la, tugã yeye si dana trina ɖe enu si wua ame wu si woto vɛ la wu Britania kple Franse srafo akpe geɖe, eye ame aɖewo bu akɔnta be tu siae wu amesiwo tsi aʋa ma me dometɔ 80 le alafa me. Le ɣleti asieke ƒe aʋa si wowɔ le Verdun la, amesiwo sɔ gbɔ wu Napoleon ƒe aʋakɔ siwo yi Russia lae ku. Wotsɔ ʋu ŋlɔ nu ɖe ameɖibɔ ƒe gli aɖe ŋu le Verdun be “TSO AFISIA YI AMEWUƑEA DIDI KILOMETA ATƆ̃.” Le ye katã me la, asrafo siwo ade 9,000,000 ye wowu le ƒe ene ƒe Aʋa Gã ma me.

8 Ƒe 1914 mee ‘sɔ dzĩ’ dola la ɖe ŋutifafa ɖa le anyigba dzia? Ŋutinyaŋlɔla geɖe lɔ̃ ɖe susu ma dzi. Le kpɔɖeŋu me ƒe 50 le aʋa la megbe la, American Heritage si nye magazine si ƒoa nu le nudzɔdzɔwo ŋu ƒe nuŋɔŋlɔmetola ŋlɔ bena: “Le ƒe 1914 ƒe dzomeŋɔli me la, ŋutifafa nɔ dukɔwo dome eye enɔ dzedzem be etsɔme ahe nu nyuiwo vɛ. Enumake tuwo ɖe gbe eye nuwo maganɔ abe tsã ene gbeɖe o. . . . Ƒe 1914 nye afɔkuƒewo dometɔ ɖeka le amegbetɔŋutinya me . . . Le ƒe ma me la, tɔtrɔ gã mawo dometɔ ɖeka si medzɔ zi ɖeka alo zi eve le ƒe akpe ɖeka me o la va. Ðewohĩ eteƒe adidi hafi míase nɔnɔme si me ƒe 1914 kplɔ mi dee la gɔme bliboe, gake míete ŋu le nusi wòɖe ɖa le mía dome ya teti kpɔm.” Vavãe, ‘sɔ dzĩ’ dola la ɖe ŋutifafa ɖa le anyigba dzi, eye ƒe 1914 mee nusia dzɔ.

9 Sɔdola la yi eƒe amewuwu ƒe sɔdodo dzi va to xexemeʋa evelia si me asrafo 16,000,000 ku le la me. Esi ƒe 1980 ƒeawo nɔ yiyim la, Hungary-nufialagã aɖe bu akɔnta be le ƒe blaetɔ̃ siwo kplɔ Xexemeʋa II, ɖo me la, asrafo 25,000,000 bubuwo gaku le aʋawɔwɔ me. Egblɔ be le ƒe 33 siwo kplɔ Xexemeʋa II ƒe nuwuwu ɖo me la, ŋkeke 26 koe womewɔ aʋa le xexeame ƒe teƒe aɖeke o.

10. Aleke sɔdola sia zã “yi gã” aɖee?

10 Nyagblɔɖia gblɔ na mí be wotsɔ “yi gã” aɖe de asi na sɔdola sia. Eye le nyateƒe me la, aʋawɔnu wuamewo koŋ ye wotsɔ wu amewo le ƒe alafa 20 lia sia me aʋawɔwɔwo me. Le Xexemeʋa I me la, wozã aɖiya, tu siwo dana le wo ɖokui si, aʋawɔʋuwo, yameʋuwo, kple ƒugɔmeʋawɔʋuwo zi gbãtɔ le agbɔsɔsɔ si ɖeke mesɔ kplii o me. Le Xexemeʋa II me la, yameʋawɔwɔ tsrɔ̃ dugã geɖe eye amesiwo ku la dometɔ geɖe nye nyɔnu, ɖevi, kple ame tsitsi maɖifɔwo. Wotsrɔ̃ Coventry-dugã si le England la le zã ɖeka me, eye emegbe Dukɔ Siwo Bla Nu Ðe Germania Ŋu wu ame 135,000 tso yame le Dresden, Germania. Atɔmik-bɔmbwo hã wu ame 92,000 ya teti le Hiroshima kple ame 40,000 hã le Nagasaki, Japan, eye le esia hã me la, amesiwo tsi eme ƒe akpa gãtɔ nye dumevi siwo menye asrafowo o. Míate ŋu akpɔ nusi “yi gã” la awɔ ne nuklia-ʋa dzɔ egbea le susu me ɖa!

“KPƆ ÐA, MEKPƆ SƆ YIBƆ AÐE”

11, 12. (a) Aleke “sɔ yibɔ” dola la ɖee fia be yenye sɔdola evelia ƒe kpeɖeŋutɔ? (b) Nukae ɖee fia be eƒe sɔdodoa yi edzi va ɖo míaƒe ŋkekea me?

11 Esime “Alẽvi” la ɖe nutrenu etɔ̃lia ɖa la, “sɔ yibɔ aɖe” do go. “Eye amesi doe la, lé nudanu ɖe asi.” (Nyaɖeɖefia 6:5) Sɔdola sia kpe ɖe sɔdola si he aʋa si de afisiafi vɛ la ŋu! Sɔdola siae he dɔwuame vɛ. Le xexemeʋa eveawo me la, dɔ wu dukɔ geɖe me tɔwo vevie. Nuɖuɖu mamã sɔsɔe si “nudanu” la tsi tre ɖi na la va zu nusi wowɔna ɖaa le dukɔ siwo le aʋaa wɔm me. Eye dɔ gãtɔ kekeake le ŋutinya katã me to le Xexemeʋa I me. The Nation ƒe tata si do le June 7, 1919 ka nya ta be ame 32,000,000 le India nɔ “dɔwuame sesẽ ƒe fu kpem.” World’s Work si wota le March 1921 gblɔ be le China ƒe anyiehe ɖeɖeko la, ame 15,000 nɔ kukum gbesiagbe le dɔwuame ta. New York Times ƒe agbalẽ si nye Current History Magazine ƒe October 1921 me tɔ gblɔ Britaniatɔwo ƒe nyatakaka aɖe be le Russia la, “amesiwo de 35,000,000 nɔ dɔwuame kple dɔvɔ̃ ƒe fu kpem nublanuitɔe.” Dɔ ma tɔgbe to le Xexemaʋa II megbe, esi na June 11 1946 ƒe Look magazinea ka nya ta be: “Dɔ le amesiwo katã le xexeame ƒe akpa enelia wum egbea.”

12 Ne aʋawɔwɔ gãwo meli o gɔ̃ hã la, nukuwo ƒe matsematse le míaƒe egbexexeame la nana wogblɔa nyadzɔdzɔ yeyewo abe esia si wogblɔ le ƒe 1974 me ene be: “India le sɔdola etɔ̃lia la ƒe vɔvɔli te.” Wogblɔ le ƒe 1976 me be: “Nuɖuɖu ƒe Kuxi Gã Dze Ŋgɔ Xexeme si Dɔ le Wuwum Ɣesiaɣi la.” Eye wogblɔ le ƒe 1979 me be: “Dɔ le ame miliɔn 450 wum vevie.” Esi amewo le agbɔ sɔm ɖe edzi le xexeame ta la, nuɖuɖu ƒe nya le sesẽm ɖe edzi le dukɔ madeŋgɔwo kple esiwo me aʋawɔwɔ gblẽ nu le me. The Atlas World Press Review si dze le May 1975 ƒe New Scientist me gblɔ be: “Xexeame dze ŋgɔ kuxi eve ƒokpli. Dɔwuame nye eƒe akpa ɖeka ko: eveliae nye nunyuimakpɔɖui. Nuɖuɖu kple Agbledede Habɔbɔ bu akɔnta be dukɔ 97 siwo le ŋgɔ yim dometɔ 61 de agble alo dɔ nuɖuɖu si mesɔ gbɔ ade wo me tɔwo nu o le ƒe 1970 me. Habɔbɔ sia lé ŋku ɖe eŋu tsitotsito hebu akɔnta be ame miliɔn 460 mekpɔa nu nyui ɖuna o; ne woagblɔe gbadzaa ɖe alesi nɔnɔmea le ŋutɔŋutɔ nu la, anye ame biliɔn ɖeka.” Fifia le ƒe 1990 ƒeawo megbe la, nɔnɔmea gagblẽ ɖe edzi wu kura.

13. Egbegbe ƒe nɔnɔme kple vɔvɔ̃ kawo ƒe kpɔɖeŋue wowɔ le Nyaɖeɖefia 6:6?

13 Esi sɔdola etɔ̃lia yi eƒe sɔdodo dzi la, gbe ɖi tso dziƒo be: “Lu dzidzenu ɖeka naxɔ denario ɖeka, eye ƒo dzidzenu etɔ̃ naxɔ denario ɖeka, eye megawɔ vɔ̃ aɖeke ami kple wein o.” (Nyaɖeɖefia 6:6) Esi denario ɖeka nye ŋkeke ɖeka ƒe fetu ta la, nuwo ƒe asixɔxɔ alea ate ɖe dɔwɔla dzi ŋutɔ. Eye ɖe nuwo ƒe asixɔxɔ meyi edzi le ame dahewo ƒe fetu katã xɔm egbea oa? Nu bubu siwo nye “ami” kple “wein” hã ave. Ke asitsala ŋuklẽla siwo adi be yewoakpɔ yewoƒe kesinɔnuwo ta ya ɖe? Ðe woakpɔ dzidzedzea? Míakpɔe esime “sɔ yibɔ” la le tsatsam le anyigba dzi.

‘SƆ HẼ AÐE, KPLE KU’

14. Aleke sɔ enelia dola kple eƒe kpeɖeŋutɔ ƒe nuwɔna sɔ kple nusiwo le dzɔdzɔm tso ƒe 1914 mee?

14 Woɖe nutrenu enelia ɖa, eye “sɔ hẽ aɖe” do kplɔ bubuawo ɖo. Edolae nye Ku. Tsĩeƒe le eyome tututu—nuŋlɔɖia megblɔ be eya hã le sɔ bubu dom alo mele ɖeke dom o. Gake wode dɔ dziŋɔ aɖe asi na wo: “Wona ŋusẽ wo ɖe anyigba ƒe akpa enelia dzi, be woatsɔ yi kple dɔvɔ̃ kple dɔwuame kple ku kpakple anyigba dzi lãwo awu amewoe.” (Nyaɖeɖefia 6:7, 8, NW) Tso ƒe 1914 ƒe afɔkuƒea me la, Ku kple Tsiẽƒe kaka de anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi vavã.

15, 16. (a) Aleke nyagblɔɖi sia va eme le mɔ wɔdɔɖeamedzi nu le ƒe 1918-1919 mee? (b) Nukae ɖee fia be sɔ sia le du dzi madzudzɔmadzudzɔe tso keke ƒe 1914 me ke?

15 “Dɔvɔ̃”! Woyɔnɛ be ƒe 1918-1919 ƒe dɔvɔ̃, alo Spaniatɔwo ƒe dzamezã. Le kwasiɖa ʋee aɖewo ko me la, amesiwo wòwu la sɔ gbɔ wu amesiwo ku ɖe aʋagbewo dzi le Xexemeʋa I me la teƒe eve—ewu ame 21,000,000 ya teti si nye agbɔsɔsɔ dovoɖiname aɖe. Le United States la, amesiwo dzamezã wu ƒe agbɔsɔsɔ si dziɖuɖua yɔe nye ame 548,452 siwo sɔ gbɔ wu Amerika-srafo siwo wowu le aʋa la me teƒe 10. Amesiwo wòwu la ƒe akpa gãtɔ nye ɖeviwo kple ŋutsuwo. Le India la, amesiwo wu 12,000,000 ku. Megblẽ anyigbagã alo ƒukpo aɖeke ɖi o—negbe St. Helena-ƒukpoa koe mele eme o. Kɔƒe blibowo me nɔlawo tsrɔ̃ le Eskimotɔwo dome kple le Titina Afrika. Le Tahiti la, wotɔ dzo ame 4,500 siwo ku le ŋkeke 15 ko me la ƒe kukuawo, eye le Ɣetoɖoƒe Samoa la, dɔvɔ̃a tsrɔ̃ ame 7,500 le ame 38,000 siwo nɔ afima la dome.

16 Gake menye Spaniatɔwo ƒe dzamezã koe nye dɔvɔ̃ wuame si “sɔ hẽ” dola la he vɛ o. New York Times ka nya ta be le aʋa si wowɔ le Gallipoli le 1915 me la, asrafo siwo ʋunyedɔ wu la sɔ gbɔ wu esiwo tukpewo wu. Tso ƒe 1914 vaseɖe ƒe 1923 me la, mĩŋɔŋɔ kple xeɖeɖe dɔ wu ame 3,250,000 le India. Le ƒe 1915 me la, wogblɔ be asrã sesẽ ye wu “ame miliɔn eve kple afã vaseɖe miliɔn etɔ̃” siwo ku le Russia la. Esi sɔdola la le eƒe sɔdodo dzi va ɖo nyitsɔ laa ƒe ɣeyiɣiwo me la, dzidɔ kple dɔdzẽ le ame wum wu dɔléle bubu ɖesiaɖe, eye agbadzae nye “Dɔ Evelia si le Ame Wum le Dɔléle Siwo Woxɔna le Ame Ŋu Dome” eye aklãdɔlélee nye “Dɔléle si Kaka ɖe Xexeame Katã.”

GBƆDZƆE TU AƑE!

17, 18. (a) Nya kae dukplɔla aɖe gblɔ si ɖe ɖekawɔwɔ si le sɔdola evelia, etɔ̃lia, kple enelia dome fia? (b) Gake ameka dzie xexemedziɖulawo ŋe aɖaba ƒui? (d) Nukatae míate ŋu akpɔ dzidzɔ le nusi Ŋutikɔkɔefia la awɔ ta?

17 Ƒe 80 kple edzivɔe nye sia la, ‘sɔ dzĩ’ la, “sɔ yibɔ” la, kple “sɔ hẽ” la le du dzi ɖekae le akasanu eye Tsiẽƒe le wo yome tututu. Vavãe, Tsiẽƒe xɔ ame kuku gbogbo aɖewo siwo ade miliɔn alafa geɖe. Eɖe dzesi be Herbert Hoover si nye United States dukplɔla tsã la tsɔ sɔdola etɔ̃ siawo wɔ ɖeka hegblɔ le ƒe 1941 me be: “Nusiwo dona tsoa aʋawɔwɔ gãwo me ɣesiaɣie nye dɔwuame kple dɔvɔ̃ . . . Xexemeʋa si wowɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃e nye sia la na dɔ wu ame 300,000,000 vevie. . . . Le aʋa si wowɔ fifia [Xexemeʋa II] ƒe ƒe ɖeka kple afã megbe la, nuɖuɖu meli na ame 100,000,000 o esi nye xexlẽme si sɔ gbɔ wu amesiwo dɔ wu le aʋa gbãtɔ si wowɔ ƒe ƒe etɔ̃ megbe.” Afɔku kae nye esi xexemeʋa etɔ̃lia anye na ameƒomea!

18 Afɔku siwo ‘sɔ dzĩ’ la, kple “sɔ yibɔ” la, kpakple “sɔ hẽ” dolawo he vɛ la le nyanya na xexemedziɖulawo nyuie. Gake woŋea aɖaba ƒua “sɔ ɣi” la Dola dzi. Dzidzɔŋkeke si dzi Ŋutikɔkɔefia sia atrɔ alesi nuwo le la tu aƒe! Ahe ŋutifafa vɛ ɖe aʋawɔwɔ teƒe. Ana ameƒomea nanɔ lãmesẽ blibo me ɖe dɔléle teƒe, eye Tsiẽƒe gɔ̃ hã aɖe amesiwo le eme la ana. Nya sia tɔgbe si le Psalmowo me la ɖɔ amesi le “sɔ ɣi” la dom be:

“Ta wò yi, wò bubu kple wò atsyɔ̃ɖoɖo ɖe ali, wò kalẽtɔ! Nɔ wò atsyɔ̃ɖoɖo me, naho, eye yi le nyateƒenya la kple nya dzɔdzɔe, si wote ɖe to la ta, eye wò nuɖusi afia nu dziŋɔwo wɔwɔ wò!” (Psalmo 45:4, 5)

Fiaɖuƒesɔdola la ƒe aʋadziɖuɖu le aƒe tum.

19. (a) Ðe wòle be Nyaɖeɖefia 6:2-8 me vava naɖe fu na mía? (b) Kpɔɖeŋu kae wogblɔ tsɔ de dzi ƒo na mí be míasẽ ŋu le xɔse me?

19 Eya ta mele be nɔnɔme siwo le gbegblẽm ɖe edzi le anyigba dzi egbea la naɖe fu na mí madzemadzee o. Ke boŋ mina míaƒe susu nanɔ abe Yehowa Ðasefo si nɔ gaxɔ me ƒe 20 sɔŋ tso ƒe 1956 vaseɖe ƒe 1978 me le eƒe dzixɔsewo ta le sɔsɔminasɔedukɔ aɖe me ene. Wotso kufia nɛ ɣeaɖeɣi eye vaseɖe fifia la, fu si wowɔe ƒe abiteƒewo gale eŋu. Aleke wòwɔ te ŋu sẽ ŋu le xɔse me. Ŋugbledede le Ŋɔŋlɔawo me nya geɖe siwo dzi wòɖo ŋkui esime wòsrɔ̃ Biblia veviedodotɔe le ɣeyiɣi siwo va yi me ŋu lae. Egblɔ be wo dometɔ ɖekae nye Nyaɖeɖefia 6:2. Exɔe se vevie be woɖo “sɔ ɣi” Dola, Fia Yesu Kristo, zi dzi le dziƒo le ƒe 1914 me, eye eɖoe kplikpaa be yeado dzi vaseɖe esime sɔdola la ‘nawu eƒe aʋadziɖuɖu nu.’ Ame bubu siwo katã doa gbe ɖa be Mawu ƒe Fiaɖuƒea “nava” la nayi edzi aɖi anukware vaseɖe esime Fia la naɖu aʋa dzi keŋkeŋ!

13:32-37 la?

[Aɖaka si le axa 123]

SƆ YIBƆ LA GALE DU DZI

“Xexeame Katã ƒe Gadzraɖoƒegã bu akɔnta be ame miliɔn 780 le ahedada kolikoli me le xexeame katã, eye nɔnɔme si me wole la ‘gbɔ esi me ne ame le la, woagblɔ be eka ɖe eme la me.’”—Detroit “Free Press,” September 1, 1980

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe