INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • kc ta 15 axa 141-150
  • Fiaɖuƒea Taʋlila Nuteƒewɔlawo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Fiaɖuƒea Taʋlila Nuteƒewɔlawo
  • “Wò Fiaɖuƒe Nava”
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • MAWU ƑE NYA TA ƲIƲLI
  • “BABILON GÃ LA” MU!
  • GBEƑÃÐEÐE LE XEXEAME KATÃ DZE EGƆME
  • “DƆLA” NUTEƑEWƆLA AÐE
  • Mawu Ƒe Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum
    Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
  • Mawufiaɖuƒe La Ede Ŋgɔ le Go sia Go Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Sidzedze Tadeagula Vavãwo Le Nuwuɣia Me
    Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!
  • Fiaɖuƒe si “Matsrɔ̃ Gbeɖegbeɖe O”
    Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La
Kpɔ Bubuwo
“Wò Fiaɖuƒe Nava”
kc ta 15 axa 141-150

Ta 15

Fiaɖuƒea Taʋlila Nuteƒewɔlawo

1. Nudzɔdzɔ gã kawoe Daniel gblɔ ɖi?

TSO gbaɖegbe ke la, Daniel ƒe nyagblɔɖia fia asi ƒe 29 M.Ŋ. be enye ƒe si me Mesia la ado abe amegbetɔ ene, eye be ƒe 1914 M.Ŋ. hã anye ƒe si me woaɖoe zi dzi le dziƒoŋutikɔkɔe me. Gakpe ɖe eŋu la, Daniel gblɔ alesi woakpɔ xexeamedziɖuɖu ŋuti nyaʋiʋli gã si fɔ ɖe te la gbɔe.

2. Nya kae wòle be woadrɔ̃ fifia, eye le ʋɔnudrɔ̃ƒe ka?

2 Fifia ele be woakpɔ amesi dze aɖu xexeame dzi ƒe nya gã la gbɔ keŋkeŋ. Gake afikae woadrɔ̃ nya la le? Le xexeame katã ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ kekeake! Daniel ƒo nu tso eŋu be:

“Meɖe ŋku ɖee, vaseɖe esime wotsɔ fiazikpui li anyi, eye amegã ɖeɖi aɖe bɔbɔ nɔ edzi, eƒe avɔ fu tititi, eye eƒe taɖa le abe ɖetifu, si me dza la ene, eƒe fiazikpui la nye dzoƒaɖe, eye tasiaɖamfɔ, siwo le eŋu la, nye dzobibi. Dzotɔsisi tso egbɔ gbagba ɖi bababa; ame akpe teƒe akpe le esubɔm, eye ame akpe ewo teƒe akpe ewo tsi tre ɖe egbɔ; woɖi ʋɔnu, eye woke agbalẽwo.”—Daniel 7:9, 10.

3. (a) Amekae nye Ʋɔnudrɔ̃la la? (b) Nukawoe ‘agbalẽawo’ fia? (d) Ʋɔnu kae wodrɔ̃?

3 Aleae “Dukɔwo dzi fia” Yehowa Mawu ado adrɔ̃ ʋɔnu enye si. (Nyaɖeɖefia 15:3) Gake nukawoe nye “agbalẽ” siwo woʋu fifia ɖe eŋkume? Woawoe nye dukɔwo ƒe dziɖuɖu le ŋutinya katã me ŋuti nuŋlɔɖi wɔnublanui la. Esi Trɔ̃subɔlawo ƒe Ɣeyiɣiwo nɔ enu wum le ƒe 1914 M.Ŋ. me la, esɔ be ‘Ʋɔnua’ xɔ ‘woƒe dziɖulanyenye’ ƒe ŋusẽ le wo si, togbɔ be “woɖo agbenɔɣi na wo vaseɖe ɣeyiɣi kple gaƒoƒo dzi”—vaseɖe esime woadrɔ̃ ʋɔnu ŋutɔŋutɔ wo le Harmagedon me hã.—Daniel 7:12; Nyaɖeɖefia 16:14, 16.

4, 5. (a) Amekae wotsɔ dziɖuɖu na? (b) Mɔ ka dzi ko míato ase Fia la ƒe anyinɔnɔ gɔme?

4 Ekema amekae woatsɔ dziɖulanyenye ana? Daniel yi edzi be:

“Meɖo ŋku anyi le ŋutega me le zã, kpɔ ɖa, nane zɔ kple alilikpowo le abe amegbetɔ ene heva ke ɖe amegã ɖeɖi la gbɔ, eye wokplɔe yi egbɔe. Wotsɔ ŋusẽ, bubu kple dziɖuɖu nɛ, eye dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo subɔe; eƒe dziɖuɖu li tegbee, eye enu mayi o, eye eƒe fiaɖuƒe magbã o.”—Daniel 7:13, 14.

5 Amekae nye si “le abe amegbetɔ ene”? Menye ame bubu aɖeke tsɔ wu Aƒetɔ Yesu Kristo si ŋuti wokɔ la o. Esi wònye “alilikpowo” nye dzesi na nusi womate ŋu akpɔ kple ŋku o ta la, xɔse ƒe nugɔmeseŋkue míetsɔ kpɔ eƒe anyinɔnɔ ƒe “dzesi” si tso dziƒo kple “dzesi” siwo va dze le anyigba dzi nudzɔdzɔwo me le “fuɖuame ƒe gɔmedzedze” la me le ƒe 1914 M.Ŋ. me.— Mateo 24:3, 7, 8, 30; Nyaɖeɖefia 1:7.

6. (a) Amekawo hãe wogadrɔ̃ ʋɔnu? (b) Nukae amesiawo xɔ, eye alekee?

6 Míede dzesii le Daniel ƒe nyagblɔɖia me be emegbe “wotso afia na dziƒoʋitɔ la ƒe ame kɔkɔeawo,” eye “woatsɔ fiaɖuƒe la, dziɖuɖu kple fiaɖuƒewo ƒe ŋusẽ le dziƒo blibo la te” ana amesiawo hã. (Daniel 7:22, 27) Amekawoe nye “ame kɔkɔe” siawo? Edze ƒã be woto vovo tso dziɖula gbegblẽ, ɖokuitɔdila siwo le amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo me, amesiwo te amewo ɖe anyi ƒe geɖe la gbɔ. Woawoe nye amesiamina 144,000 siwo nye “ame kɔkɔewo,” amegbetɔ siwo nye “mokaka manɔŋutɔwo” le woƒe nuteƒewɔwɔ ta, amesiwo “woƒle tso amewo dome” be woava nye hatidziɖulawo kple “Amegbetɔvi la” le eƒe dziƒofiaɖuƒea me. Woafɔ wo ɖe tsitre “le nuwuwuŋkeke la dzi” be woanɔ anyi kplii. (Nyaɖeɖefia 14:3-5; Mateo 24:30; Yohanes 6:40) Esime Yesu va eƒe Fiaɖuƒea me la, ekpɔ be agbe le “ame kɔkɔe” siawo ƒe ame susɔeawo me ŋutɔ le anyigba dzi. Eye dɔ aɖe li si woawɔ!

MAWU ƑE NYA TA ƲIƲLI

7, 8. (a) Ƒuƒoƒo kae dze dzadzraɖodɔ gɔme, eye ɣekaɣie? (b) Nukawo ŋue woɖe asi le? (d) Nuka tae woʋli vevie? (ɖ) Ɣeyiɣi kae wofia asii do ŋgɔ? (e) Dɔwɔnu kae wozã tsɔ ɖe gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒea?

7 Esi ɣeyiɣia de be “Amegbetɔvi la” naxɔ eƒe Fiaɖuƒea la, edze ƒã be Mawu di be woawɔ dzadzraɖodɔ aɖe le anyigba dzi afisia. Le ƒe 1870 ƒeawo me la, Charles T. Russell ƒo Kristotɔ nyɔnyrɔ̃xɔlawo ƒe ha sue aɖe nu ƒu le Pittsburgh, Pennsylvania, U.S.A. Eteƒe medidi o amesiawo va de dzesii be Babilontɔwo ƒe nufiafia kple kɔnuwo kpakple Plato ƒe luʋɔ makumaku ƒe nufiafia dzie wotu Kristodukɔa ƒe subɔsubɔhawo ɖo, ke menye ɖe Mawu ƒe Nya la dzi o. Habɔbɔ sue sia do le alakpasubɔsubɔ me va zu Biblia me nufiafia siwo nye Yesu ƒe tafevɔsa, tsitretsitsi la, kple Mawu ƒe Fiaɖuƒe si nye ameƒomea si le fu kpem ƒe mɔkpɔkpɔ la taʋlila anukwaretɔwo.

8 Russell kple eƒe zɔhɛwo tsɔ dzideƒo to Gbetakpɔxɔ si woyi edzi le tatam tso keke July 1879 me ke dzi la, ʋli Biblia ƒe nufiafia ku ɖe nuwɔwɔ ŋu ta, ke menye Darwin ƒe nɔnɔmetɔtrɔnufiafia la o. ‘Wotsi dzo mavɔ ƒe dzo la’ esi woɖee fia tso Biblia me be dzo ƒe funyafunyawɔwɔ aɖeke meli na ‘ame kukuwo’ o, ke boŋ Biblia ƒe “hell” ye nye yɔdo. (Psalmo 16:10; Dɔwɔwɔwo 2:29-32) Wofia asi ƒe 1914 M.Ŋ. do ŋgɔ be enye ƒe si me Mawu ƒe Fiaɖuƒea ‘ava.’ Vaseɖe egbea la, Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa ƒe Fiaɖuƒe, si wotana ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 100 me, eye wotaa tata ɖesiaɖe miliɔn geɖe tsɔ ʋlia Mawu ƒe Fiaɖuƒe si to Kristo dzi la ta nuteƒewɔwɔtɔe be eyae nye ameƒomea me tɔwo ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia.—Mateo 12:21; Psalmo 145:10-12.

9. Aleke Nyaɖeɖefia 11:7-12 va eme le “ɖasefo” siawo dzii?

9 Esi C. T. Russell subɔ anukwaretɔe abe Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla gbãtɔ ene ƒe 30 kple edzivɔ megbe la, eku le October 31, 1916 dzi eye J. F. Rutherford xɔ ɖe eteƒe. Subɔsubɔhawo ƒe osɔfowo wɔ aʋa si nɔ edzi yim ŋudɔ tsɔ na amewo tsi tre ɖe Fiaɖuƒegbedasia ŋu. Wogblẽ Kristotɔwo ƒe kpekpewo me. Wolé Mawu subɔla anukwaretɔwo de gaxɔ me le dukɔ geɖe me. Wodrɔ̃ nya na Rutherford kple subɔla adre bubu siwo nɔ dɔ wɔm le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã le Brooklyn, New York, U.S.A., hede wo mɔ ƒe geɖe. Gake esia mewɔ nuku na Mawu subɔla siawo o, elabena wogblɔ yometiti siawo ɖi le Biblia ƒe nyagblɔɖiwo me. Le kpɔɖeŋu me, Nyaɖeɖefia 11:7-12 ƒo nu tso xexemedukɔ siwo wotsɔ “lã” aɖe wɔ kpɔɖeŋu na ŋu be ewɔ aʋa kple Mawu ƒe “ɖasefowo” bena “wòaɖu wo dzi, wòawu wo.” Woana woadzudzɔ nyagbɔgblɔɖi, le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, woazu ame kuku siwo wogblẽ ɖi eteƒe didi ale gbegbe be woanɔ ʋeʋẽm le Kristodukɔa ƒe “ablɔ me.” Nusiawo katã dzɔ, le esime woɖu fewu le Mawu subɔlawo ŋu le gaglãgbe le xexeame godoo. Gake esi aʋa la nɔ kekem eye woɖe asi le amesiwo wode gaxɔ me ŋu—eye woɖe alakpanutsotsoawo ɖa le wo dzi keŋkeŋ la—“agbegbɔgbɔ tso Mawu gbɔ ge ɖe wo me.” Wodo wo ɖe dzi eye Mawu kpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu, eye tso ƒe 1919 me la, wotsɔ veviedodo le Fiaɖuƒedɔa wɔmee.—Yesaya 52:7, 8; Romatɔwo 10:15.

“BABILON GÃ LA” MU!

10. Fɔɖiɖi kae le Kristodukɔa ƒe subɔsubɔhawo dzi, eye alekee?

10 Le aʋawɔƒe mawo me la, menye ɖeko Kristodukɔa ƒe osɔfowo xɔ ŋgɔ le Kristotɔ vavãwo yome titi me o, ke wogbe ɖaseɖiɖi siwo li be Mawu ƒe Fiaɖuƒea gogo la hã. Woɖo woa ŋutɔwo ƒe mawusɔbɔsubɔ “fiaɖuƒe” si nye “Babilon gã la.” (Nyaɖeɖefia 17:5, 6, 18) Wode akpa eve siwo nɔ aʋa wɔm la dzi heƒoe ɖe sɔhɛwo nu be woayi aʋa eye wotsɔ woƒe dzi blibo de amewuwu dziŋɔ sia dzi. Le Kristodukɔa ƒe osɔfowo ƒe nuwɔwɔ alea ta la, ele be ʋufɔɖiɖi gã nakpɔtɔ anɔ wo dzi kokoko abe subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ anyi le blema Yerusalem ene, amesiwo Yehowa ƒe nyagblɔɖila gblɔ na be: “Ame maɖifɔ dahewo ƒe ʋu hã le wò avɔ toga.”—Yeremya 2:34; 19:3, 4; kpɔ Mateo 23:34, 35 hã.

11. Aleke Xezekiel 22:3, 4, 16 ku ɖe Kristodukɔa ŋui?

11 Fifia wotsɔ Kristodukɔa ƒe ʋufɔɖiɖi sia kpe ɖe eƒe trɔ̃subɔsubɔ kple Babilontɔwo ƒe alakpanufiafiawo fiafia ŋu. Eyata nyagblɔɖila Xezekiel ƒe nyawo hã va ku ɖe Kristodukɔ si gbe xɔse la ŋu:

“Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Wò du, si kɔ ʋu ɖe eɖokui me, ne wò ɣeyiɣi nade, eye nèwɔ legbawo, ne natsɔ agblẽ kɔ ɖo na ɖokuiwò. Èda vo to wò ʋu, si nèkɔ ɖe anyi la me, eye nètsɔ wò legba, siwo nèwɔ la, gblẽ kɔ ɖo na ɖokuiwò, èhe wò ŋkeke va aƒegbɔe, eye nèɖo wò ƒewo ƒe nuwuwu; eyata matsɔ wò awɔ vlodonu na dukɔwo kple alɔmeɖenu na anyigbawo katã. Eye àzu busu me le dukɔwo ŋku me, ne nadze sii be, nyee nye Yehowa.”—Xezekiel 22:3, 4, 16.

12. (a) Nu ɖedzesi kae dzɔ le ƒe 1919 me? (b) Aleke esia ɖe vi na Mawu ƒe amewo le anyigba dzii?

12 Yehowa, Mawu si Kristodukɔa gblɔna be yesubɔna gake megadina be yeazã eƒe ŋkɔ o la, ŋutɔe gbe eƒe subɔsubɔ si me ʋufɔɖiɖi le. Wo kple Babilon-subɔsubɔ siwo le xexeame katã la dze anyi vevie le ƒe 1919 M.Ŋ. me. Tenɔnɔ aɖeke maganɔ esi le Dziƒoʋĩtɔ la ŋkume gbeɖe o. Magate ŋu akpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe Yehowa subɔla vavãwo dzi azɔ o. Eye Babilon gã la, alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒea ƒe akpa bubu aɖeke hã mate ŋui o. Elabena azɔ “Aƒetɔ Yehowa” ɖe gbe sia na eƒe “ame kɔkɔe” anukwaretɔ siwo le anyigba dzi la be:

“Nye Yehowa, wò Mawu, enye amesi fia nusi nyo na wò la wò, nyee akplɔ wò to mɔ, si dzi nato la. Mitsɔ aseyetsotso ʋu tso Babel, . . . Migblɔ nusia, eye miɖe gbeƒãe.” (Yesaya 48:16, 17, 20)

Nukae nye “aseyetsotso” sia, eye afikae wòɖi le?

GBEƑÃÐEÐE LE XEXEAME KATÃ DZE EGƆME

13. (a) “Aseyetsotso” ƒe akpa kae va le ta kekem fifia? (b) Yɔyɔ si me kɔ kae ɖi?

13 “Amegbetɔvi la” ƒo nu tso “aseyetsotso” sia ƒe akpa vevi aɖe ŋu le eƒe nyagblɔɖi le “xexeame ƒe nuwuwu” ŋu me be:

“Eye woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.” (Mateo 24:3, 14, 37)

Gake ehiã be woaƒo “ame kɔkɔeawo” nu ƒu bena woate ŋu awɔ dɔ sia. Eye womate ŋu atsɔ amegbetɔ ƒe ŋusẽ ko awɔe ade goe hã o. Dzidzɔtɔe la, wokɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔ ɖe wo dzi nukutɔe le dukɔwo dome takpekpe si wowɔ le Cedar Point, Ohio, U.S.A., le ƒe 1919 me kple esi wogawɔ le ƒe 1922 me. Eƒo wo nu ƒu eye wòdo ŋusẽ wo be ‘woaɖe gbeƒã, woaɖe gbeƒã, woaɖe gbeƒã Fia la kple eƒe Fiaɖuƒe.’ Dɔ gã aɖe dze ŋgɔ “ame tiatia” siawo siwo lé dziƒomɔkpɔkpɔ la me ɖe asi sesĩe la.—Mateo 24:31.

14. Aleke Yoel ƒe nyagblɔɖia va eme le mɔ si lolo wu nu fifia?

14 Abe alesi Yoel ƒe nyagblɔɖia va eme le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi le Yudatɔwo ƒe nuɖoanyiawo ƒe “ŋkeke mamleawo” me ene la, nyagblɔɖi ma gale eme vam le mɔ si lolo wu nu le Satana ƒe xexemenuɖoanyiawo ƒe “ŋkeke mamleawo” me. Esi nuwo me kɔ na Yehowa ƒe egbegbe ‘ŋutsuvi kple nyɔnuvi’ siwo wosi ami na eye Mawu ƒe gbɔgbɔ do ŋusẽ wo la, ‘wogblɔ nya ɖi’ vavã esi wotsɔ moveviɖoɖo le nu xlɔ̃m ameƒomea ƒe xexeame le “Aƒetɔ ƒe ŋkeke gã, si nye atsyɔ̃ŋkeke” kple alesi wòhiã kpatae be ‘woayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ dzi’ be woakpɔ ɖeɖe la ŋu.—Dɔwɔwɔwo 2:16-21; Yoel 3:1-5.

“DƆLA” NUTEƑEWƆLA AÐE

15. (a) Amekae nye “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la? (b) Aleke wogade dzesii ake le egbeɣeyiɣiwo me?

15 Le Yesu ƒe nyagblɔɖi gã si ku ɖe “dzesi” la ŋu me la, ebia nya aɖe be:

“Amekae nye dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela, si eƒe aƒetɔ la ɖo eƒe aƒemetɔwo nu, ne wòana nuɖuɖu wo le ɣeyiɣi nyui dzi mahã?”

“Dɔla” nuteƒewɔla ƒe ha aɖe subɔ le Kristotɔ gbãtɔawo dome vaseɖe esime xɔsegbegbe gã la va. Ðe míegakpɔ “dɔla” ƒe habɔbɔ ma tɔgbe wòle gbɔgbɔmenuɖuɖu nam esi Aƒetɔ Yesu va ɖo eƒe Fiaɖuƒea mea? Ẽ, míekpɔe! “Biblia Nusrɔ̃vi” mawo, abe alesi woyɔa wo ɣemaɣi ene la, wɔ xexeame katã ƒe dzadzraɖodɔ aɖe. Eye Yesu gblɔ be:

“Woayra dɔla ma, si, ne eƒe aƒetɔ ava la, akpɔe be, ewɔ nenema. Vavã mele egblɔm na mi bena, aɖoe eƒe nuwo katã dzi.”—Mateo 24:45-47.

16. (a) Aleke “dɔla” la kpɔ Aƒetɔ la ƒe “nuwo” dzii? (b) Ŋɔŋlɔawo me ŋkɔ kae “dɔla” la xɔ kple dzidzɔ?

16 Le ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe dɔdasi si tso Aƒetɔ la gbɔ ŋu me la, “dɔla” amesiamina la me tɔwo lé be na Fiaɖuƒea ƒe nu siwo le anyigba dzi, eye wole “nya nyui” la ƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi kpɔm. Le ƒe 1920 ƒeawo me la, woɖe gbeƒã ʋɔnudɔdrɔ̃ sesẽ aɖe ɖe Satana kple eƒe habɔbɔa ŋu, eye vevietɔ ɖe Babilon-subɔsubɔ ŋu. Le ƒe 1931 me la, “dɔla” la tsɔ dzidzɔ xɔ ŋkɔ si na wòto vovo sã tso alakpasubɔsubɔ ɖesiaɖe gbɔ—ŋkɔ “Yehowa Ðasefowo”—hekpe ɖe agbanɔamedzi kple mɔnukpɔkpɔ siwo ŋu nyagblɔɖila Yesaya ƒo nu tsoe le nya siawo me ŋu:

“Yehowa be: Miawoe nye nye ɖasefowo kple nye dɔla, si metia. . . . Nyee nye Yehowa, eye xɔnametɔ aɖeke meli kpe ɖe ŋunye o. . . . Yehowa be, miawoe nye nye ɖasefowo, eye nyee nye Mawu.”—Yesaya 43:10-12.

17. Nyabiabia ka ƒe ŋuɖoɖoe hiã fifia?

17 Fifia aleke “dɔla” la si me amesiamina susɔe siwo ƒe xexlẽme anɔ akpe ʋee aɖewo ko le la ate ŋu ana ‘woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia le xexe blibo la katã me bena wòanye ɖaseɖiɖii’? Eteƒe medidi hafi Yehowa ɖo nya sia ŋu o.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 148, 149]

FIAÐUƑEA ƑE NYATI VEVI SIWO LE BIBLIA ME

FIAÐUƑEA ƑE “DZIDZIMEVI” SI ŊUGBE WODO LE EDEN

WOGBLƆ “DZIDZIMEVI” SI ANYE FIA ŊU NYA ÐI TO ABRAHAM KPLE DAWID DZI

FIAÐUƑEGBEƑÃÐEÐE—FIA LA ƑE TAFEVƆSA

WOÐO FIAÐUƑEA ANYI—“ŊKEKE MAMLEAWO” DZE EGƆME TSO ƑE 1914 ME

FIAÐUƑEA ‘VA’ BE WÒATSRƆ̃ AMEGBETƆDZIÐUÐUWO ÐA

ƑE 1,000 ƑE FIAÐUƑEA AÐO PARADISO ANYI

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe